Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Kpekpeɖeŋu Nana Sɔhɛ Siwo Ðo Xaxa Me (July-September, 2005) Nyatakaka nyuiwo le akpaa dzi nyati sia kple esiwo tsiã ɖe enu la me ŋutɔ. Le nyateƒe me la, sɔhɛmenɔnɔ sesẽna ɣeaɖewoɣi ŋutɔ, gake nyati siawo siwo dea dzi ƒo na ame alea wɔnɛ be míaƒe nuteɖeamedziwo dzi ɖena kpɔtɔ. Nyatakaka siawo tututue míehiã be wòade dzi ƒo na mí le ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ ŋutɔ’ la me. (Timoteo II, 3:1) Ŋkuɖodzinya siwo le nyati siawo me akpe ɖe mía ŋu be míage ɖe “Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo” ƒe mɔ̃wo me o. (Efesotɔwo 6:11) Meda akpe na mi ŋutɔ ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si mienana ɖe ɣeyiɣi dzi la ta.

K. S., United States

Aƒe si me Le Dzadzɛ—Mí Katã Míaƒe Dɔe (July-September, 2005) Esi menɔ ɖevime la, mía dzilawo yia dɔme eye fefem ko mí ɖevi etɔ̃awo míenɔna le aƒea me ɣeawokatãɣi. Aƒea me katã nɔna nyamaa. Vaseɖe fifia gɔ̃ hã la, aƒeme dzadzraɖo medoa dzidzɔ nam kura o. Gake nyati sia xexlẽ na mese le ɖokuinye me abe ɖe danyee tsɔ dzigbɔɖi nɔ aƒeme dzadzraɖo fiamem ene. Fifia vi tsitsiwo le asinye, eye aƒeme dzadzraɖo medzɔa dzi na woawo hã o. Nu geɖe li si wòle be mafia wo. Nyati sia kpe ɖe ŋunye ale gbegbe.

Y. E., Japan

Tomatos Mexɔ ƒe 12, eye nyati si nye “Tomatos—‘Detsiƒonu’ si Woate Ŋu Azã le Mɔ Vovovowo Nu” do dzidzɔ nam ale gbegbe. (April-June, 2005) Meda akpe na Yehowa ŋutɔ be ewɔ detsiƒonu vovovo siwo vivina. Esi mexlẽe be tomatos aɖewo li siwo ŋu fli le alo le ŋɔtaŋɔta la, ewɔ nuku nam ŋutɔ! Akpe na mi ɖe nyati lédziname siawo tɔgbe tata ta.

M. F., Latvia

Vidadawo Akpe na mi ɖe nyati lédziname sia siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, siwo ƒe tanyae nye, “Hehe si Vidadawo Nana,” la ta. (April-June, 2005) Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be, ena meyɔ danye heda akpe nɛ esi mewu exexlẽ nu vɔ teti ko. Danye ɖeɖekoe nyi mía kple fonye siaa. Ede eɖokui suku bena wòate ŋu asu te akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. Ekpɔ egbɔ be míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi hekpɔa gome le nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Eƒe agbagbadzedzewo ɖe vi ale gbegbe. Akpe na mi be miena meɖo ŋku eƒe kpɔɖeŋu nyui la dzi.

M. S., United States

Nyati sia ɖo ŋku alesi danye tsɔ eɖokui sa vɔe hena hehem le mawuvɔvɔ̃ kple le agbenyuinɔnɔ gomee la dzi nam. Togbɔ be fofonye metsia dzi ɖe danye ƒe seselelãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu o, eye menana gakpekpeɖeŋui hã o la, danye fiam be malɔ̃ Yehowa. Eya kee de dzi ƒo nam be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbeƒãɖeɖedɔ. Gbã la, mebu eƒe agbagbadzedzewo be eƒe agbanɔamedzi koe wònye, gake abe alesi nyati siawo na eme kɔe ene la, edze na kafukafu. Eyata togbɔ be mía dome didi hã la, meƒo ka nɛ heda akpe nɛ!

C.H.K., Republic of Korea

Fofonye mexɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe nufiafiawo dzi se o. Nɔnyee nyim hemlãm le ‘Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃’ la me. (Efesotɔwo 6:4) Nɔnɔme siwo meɖena fiana ɣeaɖewoɣi na be menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Fifia mexɔ ƒe 24, eye meda akpe ŋutɔ be dzi meɖe le eƒo o, ke boŋ eku kutri heƒã Biblia me nyateƒea ɖe nye dzi me.

D. M., Italy

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Nyɔ!

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Kpekpeɖeŋu Nana

Sɔhɛ Siwo Ðo Xaxa Me