Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Akpe Ðe Ame Kukuwo Ŋua?

Ðe Nàte Ŋu Akpe Ðe Ame Kukuwo Ŋua?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Nàte Ŋu Akpe Ðe Ame Kukuwo Ŋua?

“Tso gɔmedzedzea me la, Sɔlemeha la . . . doa gbe ɖa ɖe [ame kukuwo] ta . . . bena ne wokɔ wo ŋu nenema la, dzidzɔ vavã si nye be woakpɔ Mawu ŋkume ŋutɔŋutɔ la nasu wo si.” —“Katoliko-ha ƒe Katekismo.”

AMEƑOMEA me tɔwo katã dina be yewoanya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Ðewohĩ wò ame vevi aɖe ƒe ku na nèxa nu vevie hese le ɖokuiwò me be nu vevi aɖe bu na ye. Ðewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam nenye be amesiwo ku la gakpɔtɔ nɔa agbe le afi aɖe, eɖanye le fukpekpe me loo, alo le ŋutifafa me o, eye nenye be nane li yeate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu hã.

Mawusubɔla geɖe xɔe se be yewoate ŋu akpe ɖe amesiwo ku la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Hindutɔwo xɔe se be ne yewotɔ dzo yewoƒe ame vevi aɖe si ku ƒe ŋutilã le Ganges-tɔsisia to hetsɔ eƒe afiwo kaka ɖe tsia me la, yewoate ŋu ana be ame kukua ƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ mavɔ. Le Ɣedzeƒenutowo me la, Buddhatɔwo tɔa dzo pepa si wotsɔ wɔ ʋuwo, aƒewo, awuwo, kple nuƒlega ƒe nɔnɔmewo, kple susua be ame kukua awɔ nusiawo ŋudɔ le xexe kemɛa me. Le Afrika la, woƒoa aha sesẽwo ɖi le yɔdowo to, kple susua be esia aɖe vi na ame kukuwo.

Katoliko-ha fiana be ne ame wɔ “nuvɔ̃ gã” aɖe heku dzime matrɔmatrɔe la, eɖe eɖokui ɖa tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ. Nɔnɔme siae “woyɔna be ‘dzomavɔ.’” Le go bubu me la, wofiana be ame aɖe si kpɔ Mawu ƒe amenuveve la, ate ŋu akpɔ mɔ na “dzidzɔ mavɔ akuakua” le Mawu gbɔ le dziƒo, gake esia mado ŋgɔ na eŋuti kɔkɔ bliboe o. Ŋutikɔkɔ ate ŋu abia be woanɔ ŋutiklɔdzo me ɣeyiɣi aɖe, abe tohehe ene, ɖe nuvɔ̃ siwo woate ŋu atsɔ ake ta. Ke hã ne ame le ŋutiklɔdzo me la, woate ŋu ana kpekpeɖeŋui to gbedodoɖa ɖe eta me—enyea gbe aɖe si sɔlemehaa dona ɖe amea ta—eye wowɔa Misa hã ɖe eta. Zi geɖe la, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwoe xea fe ɖe kɔnu siawo ta.

Ele dzɔdzɔme nu be nàdi be yeawɔ nusianu si nàte ŋui atsɔ ana fukpekpe aɖe si me wò ame veviwo anya nɔ totom la dzi naɖe akpɔtɔ. Ne ɖe wòanya wɔ be woakpe ɖe wo ŋu la, ɖe Mawu magblɔe na mí oa? Mina míakpɔ nusi Biblia fia ku ɖe kpekpeɖeŋu nana ame kukuwo ƒe nya sia ŋu ɖa.

Nɔnɔme si me Ame Kukuwo Le

Wotu kɔnu siwo ŋu míeƒo nu tsoe ɖe luʋɔmakumaku dzixɔse, si nye be amea ƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe le eƒe ŋutilã ƒe kuku megbe, la dzi. Nusiae Biblia fia nyateƒea? Biblia gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be. Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o. Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Tsieƒe nye ameƒomea ƒe yɔdo.

Hakpala si gbɔgbɔ ʋã la, ŋlɔ le ŋusẽ si ku kpɔna ɖe ame ƒe tamesusu dzi be: “Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:4.

Kakaɖedzi le Biblia me nyawo ŋu, eye susu le wo me hã. Aleke nèsusu? Ðe fofo lɔ̃ame aɖe ahe to na viawo ɖe nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖe si wotsɔ dziwoe taa? (Mose I, 8:21) Gbeɖe. Ke nukatae mía Fofo si le dziƒo ya awɔ nu ma tɔgbe? Esime blema Israel-vi aɖewo va srɔ̃ trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnyinyi henɔ dzo tɔm wo viwo tsɔ nɔ vɔ sam na alakpamawuwo la, Yehowa tsi tre ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi ma ŋu, hegblɔ le eŋu be enye ‘nusi ŋu yemede se na wo le loo, alo wòayi yeƒe ta me va ge o.’—Yeremya 7:31.

Amegbetɔ ƒe nuvɔ̃ me tsonue nye ku, ke menye funyafunyawɔwɔ ame le ku megbe o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be, “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku,” eye “amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me.”—Romatɔwo 5:12; 6:7, 23.

Ame kukuwo mekpea fu o. Ke boŋ, ɖeko wòle abe ɖe wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ ene, eye womele naneke nyam, ʋuu keke ahayi dzidzɔ kpɔ ge alo veve se ge o. Eyata ɖikeke aɖeke mele eme o be, agbagba siwo katã dzem amewo le be yewoana kpekpeɖeŋu ame kukuwo la, mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o.

Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Ame Kukuwo?

Esia mefia be wò ame vevi siwo ku la ayi edzi anɔ numanyamanya ƒe nɔnɔme me tegbee o. Ðe ema teƒe la, mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe le wo lalam.

Hafi Yesu nafɔ exɔlɔ̃ Lazaro tso ku me la, Yesu gblɔ be yeyina be ‘yeaɖanyɔe atso alɔ̃ me.’ (Yohanes 11:11) Egblɔ le ɣebubuɣi be, “amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Le ɣemaɣi la, wotsɔ amesiwo woafɔ ɖe tsi tre la ƒe nuvɔ̃ siwo wowɔ hafi ku la ke wo xoxo, eyata mahiã be woakpe fu ɖe nuvɔ̃ siwo wowɔ le woƒe agbenɔɣi la ta o. Mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woase vivi le agbenɔnɔ me le nɔnɔme deblibowo me. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi!

Ne mɔkpɔkpɔ sia ŋu nya do dzidzɔ na wò la, megahe ɖe megbe le numekuku wɔwɔ le ŋugbedodo siawo ƒe nuvãnyenye ŋu o. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.—g10/06.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Ðe ame kukuwo bua tamea?—Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 6, 10.

▪ Ðe Mawu ana ame kukuwo nakpe fu le dzomavɔ mea?—Yeremya 7:31.

▪ Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame kukuwoa?—Yohanes 5:28, 29.