Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðevi aɖe ƒe Xɔse

Ðevi aɖe ƒe Xɔse

Ðevi aɖe ƒe Xɔse

DUSTIN nɔa anyi ɣeaɖewoɣi ɖoa to ne Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka le Biblia srɔ̃m kple dadaa. Togbɔ be ƒe 11 koe wòxɔ hã la, ebua tame ŋutɔ eye ebiaa nya geɖe siwo me susu le hã. Eteƒe medidi o, ebia tso nɔvinyɔnu si nye dutanyanyuigblɔla tsã, amesi nɔ nu srɔ̃m kple dadaa, si be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. Ete nusiwo srɔ̃m wònɔ la gbɔgblɔ na eƒe sukuhatiwo.

Dustin dze kpekpewo dede gɔme le Fiaɖuƒe Akpata si le wo gbɔ me, eye ekpɔa gome le nyaŋuɖoɖowo me kura gɔ̃ hã ne wokpe nyaselawo be woakpɔ gome le eme. Esi eya kple nɔvia siwo wònye xoxo na woɖi tsa yi fofoa gbɔ la, fofoa ɖoe kplikpaa be yewo katã yewoade sɔleme ɖekae. Esi Dustin ɖe nusitae wòdzɔa dzi nɛ wu be wòade kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me me la, fofoa lɔ̃ ɖe edzi nɛ eye wògblɔ be yeaɖe mɔ na Dustin wòayi.

Gbeɖeka fiẽ esi wokpã kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpataa me la, Dustin dada nɔ edim. Le dadaa ƒe manyamanya me la, ete ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔla ŋu eye wògblɔ nɛ be yedi be yeazu sukuviawo dometɔ ɖeka. Dadaa lɔ̃ ɖe edzi. Enɔ mɔ kpɔm na gbesigbe wòawɔ eƒe suku dɔdasi gbãtɔa vevie. Le ɣeyiɣi mawo ke me la, ete veve sese vevie le eƒe ataƒuwo kple eƒe aligo me, eyata wokplɔe yi ɖɔkta vovovowo gbɔ be woadoe akpɔ. Mlɔebaa, ŋkeke vevi si dzi Dustin awɔ eƒe dɔdasia le Fiaɖuƒe Akpataa me la ɖo. Ke hã, enɔ atitɔɖeŋuwo zãm. Togbɔ be edze ƒã be enɔ veve sem vevie hã la, eɖe asi le atiawo ŋu hezɔ yi nuƒolanɔƒea.

Esi wogava doe kpɔ le esia megbe kpuie la, wokpɔ be ƒumekansa vɔ̃ɖi aɖe si woyɔna be Ewing’s sarcoma ye le Dustin ŋu. Ezã ƒe si kplɔe ɖo ƒe akpa gãtɔ tsɔ nɔ ɖeviwo ƒe kɔdzi le San Diego, California. Kansadatike zazã, kple keklẽŋusẽdɔdada mɔnuwo ƒe kpododonu kpakple eƒe ɖusifɔ kple aligo lalã ɖa mlɔeba gɔ̃ hã megbɔdzɔ xɔse kple lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa la me o. Ne egbɔdzɔ akpa be mate ŋu axlẽ nu o la, dadaa si medzona le egbɔ gbeɖe o la xlẽa nu nɛ.

Togbɔ be Dustin ƒe dɔlélea nyrã ɖe edzi hã la, mefaa konyi gbeɖe o. Enɔa dɔ dzi vevie, nɔa bunɔkeke me henɔa tsatsam le dɔnɔ bubuwo kple wo dzilawo, kpakple dɔnɔ bubu aɖe si nye Ðasefo la dzi henɔa dzi dem ƒo na wo. Kɔdzidɔwɔlawo kpɔe dze sii be Dustin kple sɔhɛ si nye Ðasefo la to vovo—eye be woƒe xɔsee le ŋusẽ dom wo.

Dustin di be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Gake esi nu ti kɔ nɛ ale gbegbe be mate ŋu anɔ anyi o la, enɔ anyimlɔƒe le akpasa me esime Kristotɔ hamemetsitsiwo dzro biabia siwo me wodzrona kple amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo la me kplii. Le October 16, 2004 dzi, esime Dustin xɔ ƒe 12 kple afã la, exɔ nyɔnyrɔ le nutome sue takpekpe aɖe me.

Esi wòsusɔ vie nyɔnyrɔxɔnuƒoa nadze egɔme la, wotutu Dustin le keke me to zikpuidomemɔ dzi va tɔ ɖe nyɔnyrɔxɔla bubuawo gbɔ. Esi wobia tso wo si be woatso la, Dustin tsi tre ɖe eƒe afɔ ɖeka dzi hele eƒe awu nyuitɔ me, eye wòlé kekea ɖe asi be wòate ŋu anɔ tsitre nu nyuie. Eɖo nyɔnyrɔxɔxɔ biabiawo ŋu kple gbe sesẽ si me kɔ. Dustin ƒe ƒometɔwo katã, siwo dome fofoa kple dadaa ƒe atsusi hã nɔ la, nɔ eteƒe. Kɔdzidɔwɔlaawo kple dzila siwo hã ƒe viwo nɔ kansadɔ lém la tso kɔadzi va.

Gbesigbe Dustin xɔ nyɔnyrɔ ƒe ŋufɔke la, wogbugbɔ xɔe ɖe kɔadzi. Kansa la kaka ɖe eƒe ƒuwo katã me xoxo. Esi eƒe lãme yi edzi nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ko eye wòse le eɖokui me be yele kuku ge la, ebia dadaa be kuku ge yele mahã. Dadaa biae be: “Nukata nèle nya sia biam? Ðe nèle vɔvɔ̃m be yeakua?”

Eɖo eŋu be: “Ao. Ðeko mamiã nye ŋkuwo ko evɔ, eye ne meʋu wo le tsitretsitsia me la, anɔ nam ko abe sɛkɛnd ɖeka koe va yi esime memiã wo ene. Nyemaganɔ veve sem azɔ o.” Emegbe egblɔ be, “Nye ƒometɔwo ŋu koe metsi dzi ɖo.”

Dustin ku le ɣleti si kplɔe ɖo me. Ðɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, kɔdzidɔwɔlaawo ƒe ƒometɔwo, nufialawo, aƒelikawo, kple Dustin ƒe ƒometɔ—siwo nye Yehowa Ðasefowo kple esiwo menye Ðasefo o siaa—de eƒe kuteƒe. Dustin bia be woaɖe yeƒe dzixɔsewo me na amesiwo katã ava yeƒe kuteƒe la tsitotsito. Teokrasi Subɔsubɔ Suku nufiala, si nae sukuviwo ƒe dɔdasi si ko wòdze agbagba wɔ, lae ƒo nuƒo nyui aɖe si do ŋusẽ xɔse, le ameha gbogbo aɖe si ƒe akpa gãtɔ mekpɔ anyi nɔ o la ŋkume.

Wota Dustin ƒe mawunyakpukpui veviwo dometɔ eve ɖe agbalẽ dzi hemã na amesiwo katã de eƒe kuteƒea—Mateo 24:14 kple Timoteo II, 4:7. Eƒe xɔse sesẽ la kple nuteƒewɔwɔ de dzi ƒo na amesiwo katã nyae. Míele mɔ kpɔm vevie be míado dzaa nɛ le tsitretsitsia me.—Abe alesi Ðasefo si srɔ̃ nu kple Dustin gblɔe ene.g8/06.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

“Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.”—Timoteo II, 4:7

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Etame: Dustin, esime wòle lãmesẽ me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ete: Dustin ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ, le esime wòxɔ ƒe 12 kple afã