Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Enyo Ale Gbegbe!”

“Enyo Ale Gbegbe!”

“Enyo Ale Gbegbe!”

Exexlẽ vivia ame nu, kpɔɖeŋuawo sɔ heɖe kpe ŋutɔ, megbenya siwo me numekɔkɔ bubuwo le nye kpekpeɖeŋu gã aɖe ŋutɔ, eye le nyateƒe me la, agbalẽa léa dzi na ame vavã. Enyo ale gbegbe!”—John kple Paula.

“Alesi Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa me nyawo me kɔ eye wo gɔme sese le bɔbɔe la nana wòwɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe! Le nyateƒe me la, aʋã Biblia-nusrɔ̃vi yeyewo be woaɖe nusiwo katã le kplamatse dom woƒe ŋgɔyiyi wɔwɔ be woasubɔ Yehowa kple dzi blibo la ɖa godoo. Ðewohĩ miate ŋu akpɔe kɔte be agbalẽa do dzidzɔ nam wu gbɔgblɔ.”—Joe.

“Mieɖe nusiwo tututu le amewo ƒe susu me, siwo nye nusiwo tututu ŋu wotsia dzi ɖo la gblɔ. Eye mieɖo nyawo katã ŋu tso Mawu ƒe Nya, Biblia, la me.”—Robert.

“Ðikeke mele eme o be enye agbalẽ nyoameŋu aɖe si me nyawo gɔme sese le bɔbɔe eye numeɖeɖeawo me kɔ nyuie. Awɔ dɔ ɖe amewo ƒe dzi dzi godoo.”—Norma.

Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?—axa 224-gbalẽ si le amadede vovovowo me—li fifia woate ŋu adɔ le gbegbɔgblɔ 140 sɔŋ me. Àte ŋu adɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g8/06.

Na ɖeka nasu asiwò!

□ Medi be miaɖo Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ɖeka ɖem.

□ Taflatse, miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.