Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mati Kpo abe Zi Ene’

‘Mati Kpo abe Zi Ene’

‘Mati Kpo abe Zi Ene’

ABE ALESI FRANCESCO ABBATEMARCO GBLƆE ENE

“Nukata Mawu ɖe mɔ nusia dzɔ? Nukata wònye dzinyee wòadzɔ ɖo?” Zi nenie nyemehebia nya siawo o! Esesẽna nam be maxɔe ase be manɔ bunɔkeke me le nye agbemeŋkekeawo katã me, eye nyemate ŋu awɔ nye abɔ kple afɔwo ŋudɔ o.

LE ƑE 1962 me, le du sue aɖe si nɔ Basilicata nuto me, le Italy la, nye agbe wu nu kloe le gbesigbe wòdzim. Vidzidzi sesẽ na danye, eye ɖɔkta do atike aɖewo nam siwo va gblẽ nu le ŋunye vevie. Ŋkeke etɔ̃ megbe la, nye ameti si nye vi fẽ ko la nɔ ƒoƒom. Nye abɔ kple nye afɔwo tu, eye nu gblẽ le nye vemegbeɖiɖikawo hã ŋu.

Esi metsi la, nye nɔnɔmea ŋu bubu wɔe be nu tena ɖe dzinye ŋutɔ. Medoa dziku kabakaba eye edziedzi la, medzua amesiwo dome mele. Mesena le ɖokuinye me be metsi akogo le xexe bliboa me eye naneke menana mekpɔnɛ be viɖe le nye agbe ŋu o. Kaka maxɔ ƒe 25 la, mezu blanuiléla. Esi nyemete ŋu se nusitae Mawu ɖe mɔ be manɔ fukpekpe ma gbegbe me tom gɔme o ta la, meƒo nya ta aɖe si nye ŋutɔ mebu be esɔ, si nye be—Mawu aɖeke meli o.

Alesi Mebua Nuwo Ŋui Trɔ

Le ƒe 1987 ƒe nuwuwu lɔƒo, le ŋdi aɖe me, esime menɔ anyi ɖe nye bunɔkekea me le gota la, ɖekakpui eve aɖe siwo do awu nyuie la te ɖe ŋunye. Mesusu be ɖe wodi be yewoaƒo nu na nɔvinye eye megblɔ na wo, kple ʋiʋli geɖe, be nɔvinyeŋutsua mele aƒeme o. Woɖo eŋu nam be: “Gake wòe míedi be míaƒo nu kpli.” Esia wɔ nuku nam, elabena ame ʋɛ aɖewo koe dina be yewoaɖo dze kplim.

Wobiam be: “Èxɔ Mawu dzi sea?” Meɖo eŋu na wo gbedaɖeamegbɔtɔe be, “Ðe mate ŋui le nye nɔnɔme sia mea?” Míedze dzeɖoɖo gɔme, eye mekpɔe dze sii be Yehowa Ðasefowoe wonye. Wonam agbalẽ si ƒe tanyea nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? [La vie: comment est-​elle apparue? Évolution ou création?] * si nyemexɔ kple dzidzɔ o. Wogblɔ be yewoatrɔ ava. Adzɔ dzi na nye ya ne wometrɔ va o.

Ðasefo eveawo trɔ va abe alesi wodo ŋugbee ene, eye míeyi míaƒe dzeɖoɖoa dzi. Meɖoa ŋku mawunyakpukpui siwo woxlẽ nam la dzi, Yesaya 35:5, 6 si gblɔ be: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” Nya mawo nya se ŋutɔ ya, gake woto vovo na nusi le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ le nye agbe me. Nyemete ŋu tsia tsitre kakaka wòahayi kpotiti abe zi ene nye ge o. Aleke ke wòɖale o, melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kplim, gake nyemexɔe se be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋunye le kuxi siawo me fifia o. Nukpɔsusu si nye be mava vo tso nye lãmegbegblẽa me gbeɖeka la medze nusi ate ŋu ava eme ŋutɔŋutɔ nam o.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Ðasefoawo kpem be made kpekpe aɖe le woƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mía gbɔ me. Nyemeɖo ŋku nusi ŋu Biblia me nuƒo si woƒo la ku ɖo dzi o, gake nyemaŋlɔ vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ si Ðasefoawo ɖe fiam ya be gbeɖe o. Le esi teƒe be woadom nublanuitɔe la, woxɔm nyuie. Mekpɔe dze sii Kwasiɖa ma gbe be, Fiaɖuƒe Akpataa mee nye teƒe si sɔ nam, eye mete kpekpeawo dede edziedzi.

Kplamatsedonu Gã aɖe Dzi Ðuɖu

Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ wɔ dɔ ɖe nye dzi dzi le mɔ wɔnuku aɖe nu. Ðeko wònɔ abe tsie te sisi le ati aɖe si yrɔ me ake ene. Mete seselelãme siwo mesusu be woku le menye eye nyemagase wo akpɔ o la sese. Aleke wòdzɔ dzi nam enye esi be agbe gaɖo menye ake! Edzrom be maƒo nu tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku si va le asinye sum la ŋu na ame bubuwo. (Mateo 24:14) Gake, aleke mawɔ adze gbeƒãɖeɖe na amewo gɔme? Medo gbe ɖa vevie le nye didi sia ŋu na Yehowa be wòafia mɔm.

Le September 1991 me la, woɖe mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla) aɖe va hamea me. Meʋu nye didi be maɖe gbeƒã me nɛ gbeɖeka le eƒeme. Nyemete ŋu ƒoa nu nyuie o, eyata míede ŋugble tso nuŋlɔmɔ̃ zazã atsɔ aŋlɔ lɛtawoe ŋu. Ke hã, nye abɔ siwo tu nye mɔxenu nam. Gake le mɔɖelaa ƒe kpekpeɖeŋu me la, medze agbagba le mɔnu vovovowo ŋu. Metee kpɔ tsɔ nye aɖuwo lé nuŋlɔti be matsɔ nɔ nuŋlɔdzesiawo dzi tɔmee. Emegbe meɖɔ kuku si ŋu wolé ati aɖe ɖo hetee kpɔ be manɔ nye ta ʋãm ana atia nanɔ nuŋlɔdzesiawo dzi tɔm. Gake nusiawo dometɔ aɖeke medze edzi o.

Emegbe esime míenɔ dze ɖom tso kuxia ŋu la, mɔɖela sia ke gblɔ fefetɔe be: “Ŋɔti nyui aɖe hã le asiwòe.” Enumake medze agbagba tsɔ nye ŋɔti nɔ nuŋlɔdzesiawo dzi tɔm, eye ewɔ dɔ. Ale wɔ mete nu ŋɔŋlɔ mlɔeba. Kpɔe ɖa le susu me, alesi gbegbe ŋɔti tsɔtsɔ ɖɔ nuŋɔŋlɔ me vodadawo ɖoe anɔ ɖa! Eteƒe medidi o míede dzesii be kɔmpiuta zazã anɔ bɔbɔe wu. Gake afikae makpɔ ga le aƒlee? Melala vaseɖe ɣeyiɣi si sɔ dzi, eye meƒo nu le eŋu na dzinyelawo. Ema megbe kpuie la, mete kɔmpiuta zazã tsɔ nɔa lɛtawo ŋlɔm.

Nye Didiwo Va Eme

Meŋlɔ lɛta na xɔ̃nyewo kple nye ƒometɔwo gbã, emegbe na amesiwo le míaƒe dua kple du bubu siwo ƒo xlã mí me. Eteƒe medidi o kadodo va nɔ mía kple amesiwo le Italy bliboa katã dome. Nyemate ŋu aɖɔ alesi gbegbe mekpɔa dzidzɔe ɣesiaɣi si mexɔ nye lɛta aɖe ƒe ŋuɖoɖo o. Woda asi ɖe dzinye le December 1991 me mezu nyanyuigbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Meŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Suku, si wowɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hameawo me kwasiɖa sia kwasiɖa, hã me. Ne mexɔ nuƒoƒo ƒe dɔdasi aɖe la, mezãa nye kɔmpiutaa tsɔ dzranɛ ɖo nyuie. Le kpekpea me la, hamea me tɔ aɖe yia nuƒolanɔƒea hexlẽa dɔ si medzra ɖo la.

Esi wònye be mele ŋudzedze kpɔm ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa le ɖeɖem fiam ŋu ta la, mekpɔe be ŋgɔyiyi si wòle be magawɔ le mawusubɔsubɔ me akplɔ esia ɖoe nye be matsɔ nye agbe aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ. Melé dzi ɖe ƒo hegblɔ nye nyametsotsoa na dzinyelawo. Womekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o, gake nye didi be maxɔ nyɔnyrɔ nu sẽ wu vɔvɔ̃ si le menye. Le Yehowa kple hati Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋu me la, mexɔ nyɔnyrɔ le August 1992 me. Kpɔ alesi gbegbe dzi dzɔmee, esi nɔvinyeŋutsu kple fonye srɔ̃ va kpɔ nye nyɔnyrɔxɔxɔa teƒe, ɖa!

Nye Nuŋububu Trɔ

Esi Mawu ƒe Nyaa me gɔmeɖosewo me va le kɔkɔm nam nyuie wu la, mekpɔe be ehiã be matrɔ asi le nye nɔnɔme manyomanyowo ŋu. Mekpɔe dze sii be nye wɔametɔnyenyea wɔe be, meɖoa tɔ ɖe nu nu hedia ɖokuinye tɔ. Ele nam be madze agbagba aɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ mawo dzi. Ele nam be mabɔbɔ ɖokuinye geɖe wu ahawɔ avu kple alesi wòtena ɖe dzinye be makpɔ ame bubuwo sinu hena kpekpeɖeŋu la.

Azɔ ha, medze agbagba ɖu alesi mesena le ɖokuinye me be menye nublanuitɔ kple wɔnamanɔŋutɔ la dzi. Meva bua nudzɔdzɔ wɔmoya aɖewo siwo doa mo ɖa le nye nɔnɔmea ta la nukonyawoe. Gbeɖeka, esi míenɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme la, míeƒo agbo aɖe eye nyɔnuvi sue aɖe ʋu agboa. Mía kple Ðasefo siwo le ɖasea ɖim dometɔ ɖeka bia edzilawo ta se. Nyɔnuvi sue la do ɣli be, “Dada, ŋutsu eve kple dɔnɔ aɖe le agboa nu.” Esi nyɔnuvia dada kpɔm la, etɔtɔ eye gbɔgblɔ bu ɖee. Mía kple nɔvi siwo nɔ zɔzɔm dometɔ ɖeka gblɔ be: “Le nyateƒe me la, mí dɔnɔ eve kple lãmesesẽtɔ ɖeka boŋue.” Ale wɔ mí katã míeko alɔgbɔnu, eye míedze dzeɖoɖo nyui aɖe gɔme.

Didi be Masubɔ Geɖe Wu

Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, mewɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ ɣleti asieke sɔŋ, hezãa gaƒoƒo 60 ɣleti sia ɣleti le nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Ke hã, medi be mawɔ geɖe wu. Eteƒe medidi o, mete gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ hezãa ɣeyiɣi geɖe wu le nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me. Nye gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe ɣleti gbãtɔawo menɔ bɔbɔe nam o. Ame geɖe susunɛ be ɖe mevaa yewoƒe ʋɔtru nu hena ga biabia, eye esia tena ɖe mía kple Ðasefo siwo wɔa dɔ kplim la dzi ŋutɔ.

Gakpe ɖe eŋu la, hamea me tɔ geɖe mete ŋu sea nye nuƒoƒo me nyuie o, eye womenya alesi tututu woawɔ akpe ɖe ŋunye hã o. Gake le Yehowa kple hamea me tɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, vivivi la, nye nɔnɔmea va ka ɖe eme wu. Fifia amewo megabuam abe ŋutsu aɖe si le bunɔkeke me dzro ko ene o, ke boŋ wobuam abe Yehowa Ðasefo si le kpekpem ɖe amewo ŋu be woanya Mawu ƒe tameɖoɖowo ene.

Le July 1994 me la, mede kwasiɖa eve hehenanasuku si gbesiagbe mɔɖelawo dena. Le sukua la, míesrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ku ɖe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu. Míeyina ɖagblɔa nyanyuia na amewo wònye sukua ƒe hehenana ƒe akpa aɖe. Esi wònye be sukua wɔƒe didi tso mía gbɔ kilometa 60 ta la, sukua dede menɔ bɔbɔe nam o. Manya wɔ be matsi afi bubu aɖeke adɔ tsɔ wu míaƒe aƒeme o, eyata Ðasefoawo ɖɔa li wo nɔewo nɔa kɔyem yia sukua ŋdi me gakɔam gbɔnae le fiẽ gbesiagbe. Le ŋdɔnuɖiɣiwo la, wo dometɔ ɖeka kɔam yia dzisasrã gbãtɔa dzi, afisi mí katã míeɖua nu le ɖekae.

Agbanɔamedzi Gã Aɖe

Woɖom menye hamemetsitsi le March 2003 me. Dɔdasi sia wɔwɔ bia tso asinye be masubɔ ame bubuwo geɖe wu. Fifia mese Yesu Kristo ƒe nya si nye, ‘Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ’ la gɔme nyuie wu. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Mewɔa dɔ kple hamemetsitsiwo ƒe hã dovevienu aɖe, eye wokpe ɖe ŋunye le nye agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me. Mede dzesii be hamea me tɔwo katã kpɔa ŋudzedze ɖe ŋunye—vevietɔ sɔhɛwo—eye wonana mekpɔa gome kpli wo le nu bubu siwo wowɔna me. Wokpɔ kuxi siwo gbegbe dzi meɖu hafi te ŋu le Yehowa subɔm, eyata wo dometɔ geɖe biana tso asinye be makpe ɖe yewo ŋu le yewoƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me.

Mesrɔ̃e be, menye nɔnɔme si me ame aɖe le ye nye nu vevi si dzi eƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔa te ɖo o. Ke boŋ, Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kple eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋue nye nu vevi si dzi wònɔa te ɖo. Mɔkpɔkpɔ si nye be madidi o nyemaganɔ nye bunɔkekea me o la, doa dzidzɔ nam vevie ŋutɔ. Nyateƒee, mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ‘mati kpo abe zi ene,’ ahayi edzi anɔ Mawu vavã la subɔm tso mavɔ me yi mavɔ me.—Yesaya 35:5, 6.—g8/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Fifia amewo megabuam abe ŋutsu aɖe si le bunɔkeke me dzro ko ene o, ke boŋ wobuam abe Yehowa Ðasefo si le kpekpem ɖe amewo ŋu be woanya Mawu ƒe tameɖo- ɖowo ene

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Metsɔ nye ŋɔti le nu ŋlɔm tsɔ le dzadzram ɖo ɖe hamea ƒe kpekpe aɖe ŋu