Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae wòle be mawɔ kple nye agbe?

Nukae wòle be mawɔ kple nye agbe?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukae wòle be mawɔ kple nye agbe?

“Le gɔmedzedzea me la, nyemetsia dzi ɖe nye etsɔme ŋu boo o. Gake esi wòkpɔtɔ vie mawu suku nu la, meva de dzesii be meyina ŋgɔ dze ge alesi agbenɔnɔ le ŋutɔŋutɔ, ahawɔ dɔ atsɔ kpɔ ɖokuinye dzi. Eye manɔ nye nuzazãwo ŋuti fewo xem.”—Alex, ƒe 17.

ESIME nènye sɔhɛ la, ɖe nèbu dɔ si nàva wɔ ne èva tsi la ŋu kpɔa? Aleke nèsena le ɖokuiwò me le taɖodzinu mawo ŋu fifia? Ðe dɔ si nàwɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò dzi ne èva tsi la ŋu bubu na nètɔtɔ le ɖokuiwò mea? Ne nenemae la, ke nyae be menye wò ɖekae o. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso agbemedɔ tiatia ŋu gblɔ be: “Agbemedɔ si woawɔ ŋuti nyametsotso wɔwɔe nye kuxi sesẽ siwo sɔhɛwo dzea ŋgɔe la dometɔ ɖeka.”—Career Coaching Your Kids.

Ðewohĩ fifia la, mèle tame bum tso agbemedɔ si nàva wɔ ŋu kura haɖe o. Ðewohĩ agbeɖuɖu ŋue nètsia dzi ɖo vevie. Agbeɖuɖu menye nusi gblẽ o, elabena Biblia gblɔ na wò be “na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me.” (Nyagblɔla 11:9) Ke hã, fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me wòle be nàte ŋugbledede le nusi nàtsɔ wò agbe awɔe ŋu. Lododowo 14:15 gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Aleke nàte ŋu alé ŋku ɖe wò afɔɖeɖe ŋui?

“Nya Afisi Nèɖo Tae”

Tsɔe be nèle ɖoɖo wɔm be yeazɔ mɔ ayi teƒe didi aɖe. Anɔ eme be gbã la, àlé ŋku ɖe nuto ma ƒe anyigbatata ŋu be nànya mɔ nyuitɔ si dzi nàto ayi teƒea. Nusia kee wòle be nàwɔ le ɖoɖo wɔwɔ ɖe wò etsɔme ŋu gome. Michael, si nye ɖekakpui aɖe si le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka fifia, gblɔ be: “Nu gbogbo aɖewo dze ŋgɔwò siwo me wòle be nàwɔ tiatia le.” Aleke nàwɔ awɔ tiatia le nu gbogbo siwo li la me? Michael gblɔ be, “Nya la ku ɖe taɖodzinuwo ɖoɖo ŋu.”

Bu taɖodzinu abe teƒe aɖe si nèɖo be yeayi la ene. Màte ŋu ade teƒe ma ne èle tsatsam dzro ko abe ɖe taɖodzinu gobii aɖeke mele asiwò o ene o. Nunya le eme wu ne ètsɔ nuto ma ƒe anyigbatata eye nèlé ŋku ɖe eme hedi mɔ si tututu nàto ayi teƒea. Ne èwɔe alea la, ke ànɔ wɔwɔm ɖe Lododowo 4:26 ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, afisi gblɔ be: “Ðe toƒe dzɔdzɔe na wò afɔwo.” Wogblɔ nya mawo ke le Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖe me be: “Nya afisi nèɖo tae.”—Contemporary English Version.

Le ƒe siwo le ŋgɔ na wò me la, nègbɔna nyametsotso vevi geɖe wɔ ge ku ɖe mawusubɔsubɔ, dɔwɔɖui, srɔ̃ɖeɖe, ƒome, kple nu vevi bubuwo ŋu. Tiatia nyuiwo wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wò wu, ne ènya afisi tututu nèɖo tae. Ne èle ɖoɖo wɔm ɖe nusi nàwɔ le agbe me ŋu la, nu vevi aɖe li si dzi mele be nàŋe aɖaba aƒui o.

“Ðo Ŋku Wɔwòla Dzi”

Ne èdi be yeakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, ke ele be nàwɔ ɖe nunyala, Fia Salomo, ƒe nya siawo dzi be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” (Nyagblɔla 12:1) Ele be didi si anɔ mewò be yeadze Mawu ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe mɔ si nu nètia be yeanɔ agbe ɖo la dzi.

Nukatae esia le vevie ɖo? Biblia gblɔ le Nyaɖeɖefia 4:11 be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” Nyateƒee, edze be nuwɔwɔ siwo le dziƒo kple esiwo le anyigba dzi la katã nada akpe na Wɔla la. Ðe nèdaa akpe nɛ be ena wò “agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã”? (Dɔwɔwɔwo 17:25) Ðe mèse le ɖokuiwò me be ele be yeana nane Yehowa Mawu atsɔ ada akpe nɛ ɖe nusiwo katã wòna wò la ta oa?

Esi sɔhɛ geɖe siwo le Yehowa Ðasefowo dome ɖoa ŋku Wɔla la dzi ɣeawokatãɣi ta la, wo dometɔ geɖe tiae be yewoawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Nyateƒeae nye be, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nye taɖodzinu si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le, eye ehea yayra manyagblɔwo vɛ. (Maleaxi 3:10) Ke hã, ahiã be woabu nuwo ŋu nyuie do ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, bia ɖokuiwò be, ‘Ŋutete kple aɖaŋu kawoe le asinye siwo mate ŋu azã atsɔ akpɔ ɖokuinye dzi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me?’

Kelly, si xɔ ƒe 27 fifia, ɖo taɖodzinu aɖe na eɖokui esime wònye ɖevi dzaa ko. Eɖoe eƒe taɖodzinui be yeava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Le Kelly ƒe ƒewuimenɔɣi ƒe nuwuwu lɔƒo la, ete ɖoɖo wɔwɔ ɖe dɔwɔɖui si wòawɔ ŋu. Egblɔ be: “Ele nam be matia dɔ aɖe si ana mate ŋu akpɔ ɖokuinye dzi le nye subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.”

Kelly nye aɖudɔdala ƒe kpeɖeŋutɔ, si xɔ hehe le asinudɔsrɔ̃ƒe aɖe le sekɛndrisuku. Exɔ nɔƒe gbãtɔ le dukɔa ƒe hoʋliwɔna aɖe me gɔ̃ hã. Ke hã eƒe dzidzedzekpɔkpɔ mena wòŋlɔ nusi nye eƒe taɖodzinu vevitɔ be o. Kelly gblɔ be: “Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae nye nusi medi be mawɔ. Meda nu bubu ɖesiaɖe ɖe nɔƒe evelia.” Vaseɖe fifia la, Kelly gakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be nyametsotso si mewɔ lae nye nyuitɔ kekeake si mate ŋu awɔ.”

Bia Mɔfiafia

Ne èle mɔ zɔm le nuto aɖe si menya nyuie o me la, anɔ eme godoo be àkpɔ be ehiã be yeabia mɔfiafia le teƒe aɖewo—nenye be ètsɔ anyigbatata ɖe asi kura hã. Àte ŋu awɔ nenema ke ne èle ɖoɖo wɔm ɖe wò etsɔme ŋu. Xɔ aɖaŋuɖoɖo tso ame bubuwo gbɔ. Lododowo 20:18 gblɔ be: “Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu.” Dziwòlawo nye amesiwo nàte ŋu abia aɖaŋuɖoɖo nyuiwoe. Àte ŋu abia aɖaŋuɖoɖo tso Kristotɔ tsitsi siwo ɖea mawumenunya fiana le woƒe agbenɔnɔ me la hã gbɔ. Roberto ɖo aɖaŋu be: “Te ɖe amesiwo nye kpɔɖeŋunyuiɖolawo ŋu le miaƒe hamea alo nutoa me. Woate ŋu ahe wò susu ayi nusiwo ŋu mèbu kura o la dzi wòawɔ nuku na wò.”

Ƒo wo katã ta la, Yehowa Mawu le klalo be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ tiatia siwo ahe dzidzɔ gãtɔ kekeake vɛ na wò le agbe me. Eyata biae be wòakpe ɖe ŋuwò be ‘nàdze si nusi nye eƒe lɔlɔ̃nu’ ku ɖe wò etsɔme ŋu. (Efesotɔwo 5:17) Ne èɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me la, “ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.—g7/06.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Ŋutete kple aɖaŋu kawoe le asiwò?

▪ Ðe nàte ŋu ade ŋugble le alesi nàzã ŋutete mawo atsɔ akafu Yehowae ŋua?

▪ Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me dometɔ ka koŋ wɔwɔe dzroa wò vevie?

[Aɖaka si le axa 28]

MƆ SI ÐO TA AFƆKU ME

Biblia gblɔ be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.” Kplamatsedonuwo yɔ amesiwo dina be yewoazu kesinɔtɔwo la ƒe mɔ dzi fũ! Eye mɔ sia ate ŋu akplɔ ame de fenyinyi, dzimaɖitsitsi, gbɔgbɔmefɔku kple ku me mlɔeba.—Timoteo I, 6:9, 10.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 29]

MƆÐEÐEDƆA WƆWƆ

Gbeƒãɖela si nye mɔɖela nyea Kristotɔ si xɔ nyɔnyrɔ, kpɔɖeŋunyuiɖola, si wɔ ɖoɖo hezãa gaƒoƒo 70 ya teti ɣleti sia ɣleti tsɔ ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Mɔɖelawo toa hehexɔxɔ kple nuteƒekpɔkpɔ me va zua Biblia-fiala bibiwo.

BETEL SUBƆSUBƆDƆ

Betel-ƒomea me tɔwo subɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo, afisi wokpea asi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋɔŋlɔ, wo tata, kple wo ɖoɖo ɖe hamewo le. Dɔ ɖesiaɖe si wowɔna le Betel nyea subɔsubɔdɔ kɔkɔe ƒe mɔnukpɔkpɔ.

SUBƆSUBƆ LE AFISI HIAHIÃ LE WU

Mɔɖela aɖewo te ŋu wɔa ɖoɖo ʋuna yia nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu. Wo dometɔ bubuwo hã srɔ̃a gbegbɔgblɔ bubu eye wosubɔna le dutanyigbawo dzi alo le hame siwo me wodoa gbegbɔgblɔ mawo le la me.

SUBƆSUBƆDƆ WƆWƆ LE DUTA

Dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo zɔa mɔ yia dukɔ bubuwo me ɖakpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo kple alɔdzedɔwɔƒewo tutudɔwo ŋu. Esia nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe aɖe si míate ŋu atsɔ asɔ kple amesiwo tu Salomo ƒe gbedoxɔa la tɔ.—Fiawo I, 8:13-18.

SUBƆSUBƆDƆ ƑE HEHENASUKU

Enye kwasiɖa enyi ƒe nusɔsrɔ̃ si wotsɔ naa hehe tre siwo nye hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔla siwo dze, ku ɖe hamewo dzi kpɔkpɔ kple nuƒoƒo le dutoƒo ŋu. Wodea dɔ asi na suku sia nuwulawo dometɔ aɖewo be woasubɔ le wo dedukɔ me; eye wodea dɔ asi na wo dometɔ aɖewo hã be woaɖasubɔ le duta.

DUTANYANYUIGBƆGBLƆDƆ

Wonaa hehe mɔɖela bibi siwo le lãmesẽ me eye ŋusẽ le wo ŋu be woasubɔ le dutanyigbawo dzi. Dutanyanyuigblɔlawo nɔa agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le.

AGBEMEDƆ KAE MÀWƆ?

Video sia si ŋu Yehowa Ðasefowo wɔ, nye wɔna si me wobia gbe sɔhɛ siwo le Brazil, Britain, Germany, kple United States (États-Unis), le. Eteƒe madidi o woawɔe ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Nya la ku ɖe taɖodzinuwo ɖoɖo ŋu.” —Michael, Bethel-ƒomea me tɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

“Enye nyametsotso nyuitɔ kekeake si mate ŋu awɔ.” —Kelly, enye mɔɖela ƒe ade enye esia

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

YOUNG PEOPLE ASK

What Will I Do With My Life?

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

“Te ɖe amesiwo nye kpɔɖeŋunyuiɖolawo ŋu.”—Roberto, Betel-ƒomea me tɔ