Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TV​—Ɣeyiɣifilae Wònyea?

TV​—Ɣeyiɣifilae Wònyea?

TV​—Ɣeyiɣifilae Wònyea?

NE AME aɖe na wò ga dɔlar miliɔn ɖeka be nàdzudzɔ television kpɔkpɔ le wò agbemeŋkekewo katã me ɖe, àdzudzɔa? Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, wobia gbe Amerikatɔwo le numekuku aɖe me, eye wo dometɔ 1 le 4 ɖesiaɖe me gblɔ be yewomadzudzɔ o. Le numekuku bubu me la, wobia gbe ŋutsuwo be woagblɔ nusi wodina vevie wu. Ame akpa gãtɔ gblɔ be yewodi be yewoanɔ ŋutifafa kple dzidzɔ me. Gake menye nusiawoe le vevie na wo wu o. Nusi nɔ vevie na wo wu le agbe mee nye be television nukpɔmɔ̃ gã aɖe nasu yewo si!

Amewo kpɔa dzidzɔ ɖe television ŋu ŋutɔ le xexeame godoo. Tso keke ƒe 1931 me, esime wotoe vɛ teti la, Amerikatɔwo ƒe Radiodɔwɔƒe dzikpɔla gblɔ be: “Ne television va xɔ anyi nɔ keŋkeŋ eye wòde ŋgɔ nyuie la, esɔ be míakpɔ mɔ be anyigba dzi tɔwo katã anye ekpɔlawo.” Le ɣemaɣi la, woanya bui be nya mawo nye amiɖeɖe ɖe nya ŋu akpa, gake egbea wokpɔe be enye nyateƒe. Wobu akɔnta be television siwo katã le xexeame ƒe xexlẽme ade miliɔn 1,500, eye ekpɔlawo hã le agbɔ sɔm ɖe edzi ŋutɔ. Amewo ɖakpɔa dzidzɔ ɖe television ŋu loo alo womekpɔa dzidzɔ ɖe eŋu o, ele akpa vevi aɖe wɔm le amewo ƒe agbe me.

Ɣeyiɣi si gbegbe amewo tsɔ kpɔa television la mele gbɔgblɔ me o. Nyitsɔ laa la, numekuku aɖe si wowɔ le xexeame godoo ɖee fia be le mama dedie nu la, amewo zãa gaƒoƒo etɔ̃ kple edzivɔ ko gbesiagbe tsɔ kpɔa television. Dziehe Amerikatɔwo zãa gaƒoƒo ene kple afã tsɔ kpɔa television gbesiagbe, gake Japantɔwo ya zãna gaƒoƒo atɔ̃ gbesiagbe tsɔ kpɔnɛ, si nye gbogbotɔ kekeake. Ne woƒo gaƒoƒo mawo katã nu ƒu la, enye ɣeyiɣi gbogbo aɖe ŋutɔ. Ne míekpɔa television gaƒoƒo ene gbesiagbe la, kaka míaxɔ ƒe 60 la, míazã ƒe ewo atsɔ kpɔ television. Ke hã, ne èbu eŋu kpɔ la, mía dometɔ aɖeke malɔ̃ be woaŋlɔ ɖe yeƒe yɔdokpe dzi be, “Mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ si zã eƒe agbemeŋkekewo katã ƒe akpa ɖeka le ade me tsɔ kpɔ television la ƒe yɔdoe nye esia” o.

Ðe wònye esi television kpɔkpɔ doa dzidzɔ na amewo tae wozãna gaƒoƒo gbogbo ma tsɔ kpɔnɛ ɖoa? Ao, mele nenema kokoko o. Ame geɖe kpɔe be yewozãna ɣeyiɣi geɖe akpa tsɔ kpɔa television, eye etena ɖe wodzi be yewomezã yewoƒe ɣeyiɣia le mɔ si aɖe vi na yewo wu nu o. Ame aɖewo gblɔna be “Television kpɔkpɔ zu numãme na yewo.” Gake television kpɔkpɔ mate ŋu azu numãme na wò abe alesi gbegbe atike vɔ̃ɖiwo zazã zua numãme na ame ene o, togbɔ be wosɔ le nanewo gome hã. Amesiwo atike vɔ̃ɖi aɖe zazã zu numãme na la zãna ɣeyiɣi geɖe ɖe eŋu. Togbɔ be wodina be yewoaɖe ɣeyiɣi si yewozãna ɖe eŋu dzi akpɔtɔ alo aɖe asi le numãme sia ŋu hã la, womete ŋu wɔnɛ o. Wotsɔa hadome kple ƒome wɔna veviwo saa vɔe ɖe atike vɔ̃ɖiwo zazã ta, eye eɖea fu na wo vevie ne wodzudzɔ ezazã. Nusiawo tɔgbe ate ŋu aɖe fu na amesiwo kpɔa television fũ akpa hã.

Fia Salomo nunyala la gblɔ be: “Anyitsi geɖe nono menyo o.” (Lododowo 25:27) Gɔmeɖose sia ku ɖe television kpɔkpɔ hã ŋu. Togbɔ be television ɖea vi le nu geɖe me hã la, ekpɔkpɔ fũ akpa ate ŋu aɖe ɣeyiɣi si wòle be ame nazã ɖe eƒe ƒomea ŋu dzi akpɔtɔ, ate ŋu awɔe be ɖeviwo magalé fɔ ɖe nuxexlẽ ŋu o, ahana be woƒe agbagbadzedze le suku dzi naɖe akpɔtɔ, eye ate ŋu ana hã be ame nalolo fũ akpa. Ne èzãna ɣeyiɣi geɖe fũ akpa ɖe television kpɔkpɔ ŋu la, nunya le eme be nàde ŋugble tso viɖe si nèkpɔna tsoa eme ŋu. Míaƒe ɣeyiɣiwo xɔ asi ale gbegbe be mele be míazã wo yakayaka o. Nunya le eme be míabu nusiwo míekpɔna le television dzi hã ŋu. Míaƒo nu tso nya siawo ŋu le nyati si gbɔna me.—g10/06.