Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Television Kple Ðeviwo

Television Kple Ðeviwo

Television Kple Ðeviwo

MƆ SIWO Dzi Woato Ada Asɔ Claudine gblɔ be: “Ne míenya ʋui ko la, míekpɔa nusianu si woɖena, tso nukpɔkpɔ aɖe dzi yi bubu dzi. Míetsinɛ o ʋuu vaseɖe esime alɔ̃ tsɔ mí.” Ame aɖewo gblɔna be: “Nyemete ŋu ɖea ŋku ɖa le edzi o la!” eye ame bubuwo hã gblɔna be, “Nyemedina be makpɔ television fũ akpa hafi o, gake ekpɔkpɔ dzi ko menɔna.” Ðe nèkpɔa television fũ akpa? Ðe nèbua ŋusẽ si gbegbe television kpɔna ɖe wò ƒomea dzi ŋua? Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò nàda asɔ le television kpɔkpɔ me dometɔ aɖewoe nye esi:

1. DE DZESI ƔEYIƔI SI GBEGBE NÈTSƆ KPƆA TELEVISION. Lododowo 14:15 gblɔ be, “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Nunya le eme be nàde ŋugble le alesi nèkpɔa television ŋu ahakpɔe ɖa ne ahiã be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo hã. Nɔ ɣeyiɣi sinu nèzãna tsɔ kpɔa television la ŋlɔm ɖi hena kwasiɖa ɖeka lɔƒo. Àdi hã be yeaŋlɔ television dzi wɔna siwo yekpɔna, nusiwo yesrɔ̃na tsoa wo me, kple alesi gbegbe wɔna siawo kpɔkpɔ doa dzidzɔ na wòe ɖi. Gake nusi le vevie nye be, nàbu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si gbegbe nèzãna tsɔ nɔa television ŋgɔe. Ðewohĩ ɣeyiɣi si gbegbe nèzãna tsɔ kpɔa television nyanya awɔ nuku na wò. Ðewohĩ wò agbemeɣeyiɣi si gbegbe nèzãna ɖe television ŋu nyanya ɖeɖe dzaa aʋã wò be nàwɔ tɔtrɔ.

2. ÐE ƔEYIƔIA DZI KPƆTƆ. Dze agbagba nàɖe asi le television kpɔkpɔ ŋu hena ŋkeke ɖeka le kwasiɖa me, kwasiɖa blibo ɖeka, alo ɣleti ɖeka. Alo àdi be yeaɖo ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ sinu yeatsɔ akpɔ television gbesiagbee ɖi. Ne èɖe ɣeyiɣi si nètsɔ kpɔa television gbesiagbe dzi kpɔtɔ miniti 30 la, gaƒoƒo 15 sɔŋ atsi anyi na wò ɣleti sia ɣleti. Zã ɣeyiɣi ma ɖe dɔ ɖeviwo wɔwɔ, abe ɖokuiwò ƒoƒo ɖe mawumedɔwo me, agbalẽ ɖɔʋuwo xexlẽ, alo hadede kple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ene, ŋu. Numekukuwo ɖee fia be television kpɔkpɔ ɖea vi na amesiwo mekpɔnɛ fũ o wu amesiwo kpɔnɛ fũ akpa. Mɔ siwo dzi woato aɖe television kpɔkpɔ dzi akpɔtɔ dometɔ ɖekae nye be woaɖe television la do goe le xɔdɔmea me. Ðevi siwo television le xɔme na la kpɔa television gaƒoƒo ɖeka kple afã wu ɖevi siwo ƒe xɔme television mele o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne television le ɖevi aɖe ƒe xɔme la, dzilaawo menyana nusiwo wònɔa kpɔkpɔm o. Dzilawo kple srɔ̃tɔwo akpɔe be yewoakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe yewo nɔewo ŋu ne yewoɖe television la do goe le yewo ŋutɔ ƒe xɔdɔme hã me. Ame aɖewo tiae gɔ̃ hã be television manɔ yewo si kura o.

3. WƆ ÐOÐO ÐE NUSIWO NÀKPƆ ŊU. Enye nyateƒe be, wɔna nyuiwo le television dzi nàkpɔ. Le esi teƒe be nànɔ television dɔwɔƒe vovovowo ʋum alo nànɔ nusianu si ko ɖem wole kpɔm la, tia nusi nèdi be yeakpɔ le nusiwo woaɖe gbemagbe ƒe ɖoɖowɔɖia me do ŋgɔ. Ʋu television la ne wodze wɔna si nèdi be yeakpɔ la gɔme, eye nàtsii ne ewu nu. Alo le esi teƒe be nànɔ wɔnawo kpɔm esime wole wo ɖem fia enumake la, àte ŋu alé wo ɖi ɖe kasɛt dzi hena wo kpɔkpɔ emegbe. Esia awɔe be nàte ŋu akpɔe le ɣeyiɣi si sɔ na wò wu dzi, si ana be nàte ŋu ana mɔ̃a nasi du to boblodonuwo dzi ayi.

4. TIA WO ME. Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣia me la, amewo lanye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔme siawo tututue television dzi fefewɔlawo ɖena fiana. Biblia xlɔ̃ nu be, “Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!” (Timoteo II, 3:1-5) Woxlɔ̃ nu mí be, “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.”—Korintotɔwo I, 15:33.

Be woatia television dzi wɔna siwo woakpɔ me bia ɖokuidziɖuɖu. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be, nète television dzi wɔna aɖe kpɔkpɔ, eye nède dzesii le miniti ʋɛ aɖewo megbe be mesɔ yeakpɔ o, ke hã, esi nèdi be yeakpɔ nusi adzɔ kplɔe ɖo ta la, kaka nànyaa nèkpɔ wɔna la katã wu enua? Edzɔna ɖe ame geɖe dzi. Gake ne ète ŋu ɖua ɖokuiwò dzi tsina television la be nàte ŋu awɔ nu bubu la, àkpɔe be naneke meto ye ŋu o.

Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi woato television vɛ la, hakpalaa ŋlɔ bena: “Nyematsɔ nu tovo aɖo ŋku me o.” (Psalmo 101:3) Taɖodzinu nyui kae nye si si wòle be míalé ɖe susu me ne míele nusiwo míadi be míakpɔ la tiam! Ame aɖewo tso nya me heɖe television la ɖa kura abe alesi Claudine wɔe ene. Egblɔ be: “Nyemede dzesi alesi gbegbe television na nye dzitsinya gbɔdzɔ la kura o. Ne mekpɔ television fifia la, nusiwo meɖea fu nam tsã o la, ɖea fu nam vevie. Mebunɛ tsã be meɖɔa ŋu ɖo le nusiwo mekpɔna me ŋutɔ, gake meva kpɔe be meble ɖokui nye. Fifia ne mekpɔ wɔna ɖɔʋuwo la, wovivia nunye geɖe wu.”—g10/06.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ŋlɔ ɣeyiɣi sinu nèzãna tsɔ kpɔa television la ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Tsɔ dɔwɔna siwo aɖe vi wu ɖɔli television kpɔkpɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Megahe television la tsitsi ɖe megbe o!