Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Toɖoɖo Nuxlɔ̃ame Ðea Vi

Toɖoɖo Nuxlɔ̃ame Ðea Vi

Toɖoɖo Nuxlɔ̃ame Ðea Vi

KUÐAGBE, August 24, 2005 dzie—enye ŋkeke si dzi ŋdɔ ʋu nyuie eye xexeme xɔ dzo le New Orleans, Louisiana, le United States (États-Unis). Alan kple eƒe ƒomea dzo le aƒeme be yewoaɖanɔ Beaumont, Texas, afisi didi kilometa 300 le ɣetoɖoƒe gome, hena ŋkeke ʋɛ aɖewo. Wotsɔ nudodo siwo woazã le ŋkeke atɔ̃ me ɖe asi. Alan gblɔ be: “Míese nya aɖeke tso Katrina Ahomya, si nɔ bablam le Florida ƒe ɣedzeƒe kpa dzi ŋu o. Ke hã eva dze kɔte le Fiɖagbe zã me be ahom gblẽnu sesẽtɔ aɖe le tutu ge le New Orleans.”

Le Kwasiɖagbe, August 28 dzi la, edze ƒã be ahomya sia si woyɔ be Katrina la anye sesẽtɔwo kekeake dometɔ ɖeka. New Orleans dua dzikpɔla de se be woaʋu le dua me. Esia wɔe be ʋu akpe geɖewo nɔ zɔzɔm blewu ɖo ta dziehe kple ɣetoɖoƒe, eye esia wɔe be mɔ gãwo dzi xe. Ame akpe geɖe siwo si ʋu mele o si yi ɖadi sitsoƒewo, eye ame bubuwo ɖo ta lãmesẽfefewɔƒe gã si woyɔna be Superdome. Ame aɖewo tiae be yewomaʋu o, ke boŋ yewoanɔ aƒeme vaseɖe esime ahom la nu nayi.

‘Ne Wogaɖe Gbeƒãe be Woaʋu la, Nyee Anye Ame Gbãtɔ si Aʋu!’

Joe, si nye Yehowa Ðasefo, nye amesiwo tiae be yewoanɔ aƒeme la dometɔ ɖeka. Eka ɖe edzi be yeate ŋu anɔ te ɖe ahom la nu le aƒeme. Ebui be ahom siwo tu va yi megblẽ nu boo abe alesi dziɖuɖua ɖe gbeƒãe ene o. Egblɔ be: “Mebui be mate ŋu anɔ te ɖe enu ahatsi agbe. Gake kasia, nye nukpɔsusu trɔ! Ya sesẽawo kple tsiawo nu sẽ ale gbegbe. Kasia makpɔ la, ya klo nye xɔa tame. Emegbe tsia nɔ ɖɔɖɔm kabakaba ŋɔdzitɔe ale gbegbe be, le gaƒoƒo etɔ̃ megbe la, tsia ɖɔ va ɖo meta 3 sɔŋ! Tsia nɔ sisim ge ɖe xɔa me kabakaba ale gbegbe be, ele nam be mayi tuɖedzi gbãtɔa dzi. Alesi ya la nɔ ƒoƒom henɔ ɖiɖim sesĩe kple alesi wòwɔ abe ɖe glia le mumu ge ene la na vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ. Xɔa ƒe dzisasrãwo hã te gege. Azɔ mete alesi mawɔ asi ŋu bubu.

“Ewɔ nam be mati kpo dze tsi dzeagboa me. Gake tsia nɔ sisim sesĩe le gota ŋɔdzitɔe. Ya sesẽa nɔ tsia nyamam le mɔdodoawo dzi abe ƒutsotsoewo ene. Menyae be ne meti kpo dze eme la, ɖewohĩ manyrɔ godoo.”

Mlɔeba la, tɔdziʋu aɖe va xɔ na Joe hekɔe yi ɖada ɖe tɔdzisasrã aɖe dzi. Ame kukuwo kple nusiwo ƒaƒã la xɔ tsia ŋgɔ keŋ le ete. Etsi ʋu aɖe tame dɔ zã ma me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotsɔ helikɔpta kɔe eye emegbe bɔs aɖe kɔe yi New Orleans Nutome Hahoo Takpeƒe. Egblɔ be: “Amesiwo nɔ afima la xɔm nyuie. Va ɖo ɣeaɖeɣi la, metɔtɔ le ɖokuinye me vevie. Nya si xɔ susu me nam koe nye, ‘Afikae magakpɔ tsi le ano?’”

Emegbe, esi Joe va nɔ nusiwo dzɔ ŋu bum la, ede dzesii be yeate ŋu aƒo asa na nu dziŋɔ siwo me yeto la hafi. Egblɔ be: “Mesrɔ̃ nu tso eme. Ne wogagblɔ be, ‘Miʋu la,’ nyee anye ame gbãtɔ si aʋu!”

Edo Toku Nuxlɔ̃ame, Edi Sitsoƒe le Ati Me

Ahom la gblẽ nu vevie le dugã siwo nye Biloxi kple Gulfport, siwo le Mississippi-tɔsisia ƒe go ŋu, la me hewu ame geɖe. Le The New York Times nyadzɔdzɔgbalẽ, si wota le August 31, 2005 dzi, ƒe nya nu la, Vincent Creel, si nye Biloxi-dua ƒe hadomenyawo gbɔkpɔlawo ƒe amegã, gblɔ be: “Ame geɖe do toku gbeƒã si woɖe be woaʋu la, le esi woa ŋutɔwo alo woƒe aƒewo te ŋu nɔ te ɖe Camille Ahomya si tu [le ƒe 1969 me] nu dzidzedzetɔe ta.” Togbɔ be wobu Camille Ahomyaa be esesẽ wu Katrina Ahomyaa hã la, le Aƒetɔ Creel ƒe nya nu la, Katrina ‘lɔ tsi dzeagbo si womate ŋu axe mɔ na o ɖe nu abe tsunami ene.’

Inell, si nye amesi tsi le Biloxi-dua me hã nye amesi do toku nuxlɔ̃amea. Egblɔ be: “Míetsi agbe le ahom vovovo siwo tu le ƒe geɖe siwo va yi me la me. Eyata nyemetsi dzi ɖe Katrina ŋu boo o.” Esi Inell ƒo lɔ̃xoa si xɔ ƒe 88, viaŋutsu, vianyɔnu, kple vianyɔnua srɔ̃ nu ƒu hekpe ɖe avu eve kple dadi etɔ̃ ŋu vɔ la, woɖoe be yewomaʋu le yewoƒe aƒe si wotu wòsẽ nyuie la me o. Mlɔeba, ahom la va tu le Biloxi le ŋdi ga 10 me lɔƒo, le August 29 lia dzi. Inell gblɔ emegbe be: “Mekpɔ be tsi te gege ɖe xɔdɔmeawo dometɔ ɖeka me to aƒea megbe lɔƒo. Eye emegbe ete gege ɖe afisiafi. Míelia yi xɔtaxɔ me be míanɔ dedie. Gake tsia gbe tɔtɔ. Eva hiã be míado go le xɔtaxɔa me le esi míenɔ vɔvɔ̃m be tsia ava xaxa mí ɖe afima ta. Gake afikae míasi ayi?

“Eva hiã be vinyeŋutsu naɖe do aɖe to fesre me ale be míate ŋu aƒu tsi to eme ado ɖe gotatsia me. Azɔ míele tsia ta helé xɔgbanuawo ɖe asi be míaganyrɔ o. Mí ame etɔ̃ míeyi aƒea ƒe ɖusime, eye vinyenyɔnu hã yi miame . Mekpɔ be ati gã aɖe tsɔ ɖe mía gbɔ. Mía kple vinyeŋutsu, kple lɔ̃xonye, míeƒu tsi yi atia gbɔ hevãe goŋgoŋ. Emegbe mese vinyenyɔnua ƒe ɣlidodo be, “Dada! Dada!” Vinyenyɔnua srɔ̃, si nye ame mamlɛtɔ si do le xɔtaxɔa me la, ƒu tsi yi egbɔ va xɔ nɛ. Wo ame evea dze agbagba yi ɖage ɖe tɔdziʋu aɖe si wosi kae ɖe aƒea ŋgɔ si nɔ agba sam le tsia dzi le aƒea kasa la me. Woƒoe ɖe nunye be mava ge ɖe tɔdziʋua me. Nyemedi be made nye agbe afɔku me o, le tsia ƒe agbodzedze ta. Mekpɔe be menɔ dedie le atia me, eye meɖoe be nyemadzo o.

“Afisi menɔ la wɔe be menɔ alesi tsia nɔ sisim le mɔdodoa dzi kple aƒea ŋu godoo la kpɔm. Mete ŋugble dede le nye nɔnɔmea ŋu, eye mekpɔe be mewɔ nu movitɔe le esi nyemeɖo to nuxlɔ̃ame si wona be míaʋu o la ta.

“Vivivi la, tsia te miemie, eye mlɔeba, mí katã míeva ɖo tɔdziʋu la me! Emegbe dzotsiʋu aɖe va do eye wotsɔ mí yi kɔdzi. Le nyateƒe me la, edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míetsi agbe!”

Ðoɖo Siwo Ðasefowo Wɔ ɖe Ʋuʋu Ŋu

Katrina ƒe nugbegblẽ de Gulf Coast nutoa me godoo, afisi aƒe akpe aɖewo dome gblẽ le, tso Louisiana ƒe ɣedzeƒe va ɖo Alabama nutoawo me. Gake ahom ƒe tutu menye nu yeye na United States ƒe nuto ma me tɔwo o. Eyata Yehowa Ðasefowo dzra ɖo ɖe ʋuʋu ŋu ƒe geɖewo do ŋgɔ. Ƒe sia ƒe, zi geɖe le June me, hafi ahomtuɣiwo naɖo la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame 21 siwo le New Orleans dugã titinanutowo me gagbugbɔ toa ʋuʋu kpata ŋuti ɖoɖowo ƒe mɔfiamewo me. Esia ta, Ðasefo akpa gãtɔ siwo le nutoa me nya nusi wòle be woawɔ le nudzɔdzɔ kpatawo me. Aleke ɖoɖoa wɔ dɔe le Katrina Ahomya la tuɣi?

Esime dziɖuɖumegãwo nya ɖe gbeƒãe be ehiã be woaʋu le dua me ko la, hamemetsitsi siwo le hame ɖesiaɖe me de dzi ƒo na woƒe hamea me tɔwo be woaʋu. Ame geɖewo wɔ ɖoɖo le wo ɖokui si heʋu kple woƒe ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo. Wowɔ ʋu ŋuti ɖoɖo tɔxɛwo hena kpekpeɖeŋu nana ame tsitsiwo kple dɔnɔwo. John, si nye Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋunakɔmiti me tɔwo dometɔ ɖeka, gblɔ be, “Meka ɖe edzi vevie be to wɔwɔ ɖe ɖoɖo sia dzi me la, míeɖe ame geɖewo ƒe agbe.” Ale wɔ Yehowa Ðasefowo dometɔ akpa gãtɔ te ŋu do le dua me hafi ahomya la te tutu. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le United States wɔ ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔ kpatawo ƒe kpekpeɖeŋunakɔmitiwo ŋu bena woate ŋu ana kpekpeɖeŋu siwo hiã kpata la amewo le nuto siwo me ahomyaa gblẽ nu le me.

Ðasefowo Didi le Astrodome la Me

Wonɔ nuɖuɖu, tsi, kple dzeƒe nam sitsoƒedila 16,000, siwo dometɔ akpa gãtɔ tso Louisiana, la le lãmesẽfefewɔƒe si woyɔna be Astrodome le Houston, Texas. Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋunakɔmiti si le Houston see be Ðasefo aɖewo hã le ameha nyadri ma dome. Gake aleke woawɔ ake ɖe wo ŋu?

Le Fiɖagbe ŋdi kanya, le September 2 lia dzi la, Ðasefowo ƒe hamemetsitsiwo ƒe ha aɖe va ɖo Astrodome la hena wo nɔvi siwo ka hlẽ la didi. Esi wokpɔ ame akpeakpe siwo dome ŋutsuwo, nyɔnuwo, sɔhɛwo, ɖeviwo, kple vidzĩwo le kaka ɖe bɔlƒoƒe gãa ma la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Abawo yɔ teƒe gbadza si woƒoa bɔl le la fũ hekpe ɖe sitsoƒedila siwo nɔ lalam dzigbɔɖitɔe be woakpɔ yewoƒe kuxia gbɔ na yewo la ŋu. Amewo nɔ fli legbewo me henɔ lalam be dɔnɔdzikpɔlawo nakpɔ yewo gbɔ, eye kɔdzidɔwɔlawo nɔ du dzi henɔ dɔnɔwo kɔm de dɔnɔkɔʋuwo me.

Ewɔ nuku na Samuel, si nye Ðasefowo ƒe hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka wògblɔ be: “Ðeko wòwɔ nam abe sitsoƒesaɖa aɖe titinae mele ene.” Aleke woawɔ ake ɖe Ðasefo ʋɛ aɖewo ŋu le ameha nyadri sia dome? Hamemetsitsiawo dze egɔme nɔ yiyim henɔ gbɔgbɔm le afɔtoƒeawo helé ʋuƒo siwo dzi woŋlɔ nu ɖo tsɔ nɔ Ðasefowo kpem be woaɖe wo ɖokui afia la ɖe asi. Esi wodi wo ʋuu gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ do kpoe la, wokpɔe dze sii be ehiã be yewoazã mɔnu si awɔ dɔ wu. Wobia tso Atitsoga Dzĩ Habɔbɔ si be wòaɖe gbeƒã le hahoo nuƒomɔ̃ dzi be: “Taflatse, mi amesiwo katã nye Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo la, miyi ɖe xɔtexɔ si le ɣedzeƒe gome la me.”

Mlɔebaa, Ðasefowo te dodo ɖekaɖeka henɔ nu kom dzidzɔtɔe. Samuel gblɔ be: “Wonɔ dzidzɔvi fam. Woku ɖe mía ŋu hevã míaƒe abɔwo goŋgoŋ. Wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewoɖe asi le mía ŋu la, yewoava bu ɖe ameha la dome.” Le Fiɖagbe kple Memleɖagbe la, woke ɖe Ðasefo 24 ŋu eye wokplɔ wo yi ɖe Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋunaƒe.

Nunɔamesi aɖeke menɔ wo dometɔ akpa gãtɔ si o, negbe woƒe awu ƒoɖi siwo le wo ŋu la koe. Ðasefo nyɔnu aɖe kɔ aɖaka sue aɖe, si ƒe lolome le abe afɔkpago ene, ɖe asi. Agbalẽ vevi aɖewo le eme—esiawo koe nye nusiwo ta wòte ŋu kpɔ le ahomya gblẽnua me.

Ame geɖe de dzesi hamemetsitsi siwo yi Astrodome la me be wonye Yehowa Ðasefowo, eye wote ɖe wo ŋu bia wo Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Wodɔ Biblia siwo wu 220. Ðasefoawo ma July 22, 2005, ƒe Nyɔ! ƒe tata, si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi nyuie la hã, si ƒe akpaa dzi nyatiae nye “Dzɔdzɔmefɔkuwo—Ðe Wole Gã Dom ɖe Edzia?”

Ame Aɖewo Trɔ Gbɔ Va Woƒe Aƒewo Me

Agbetsilawo dometɔ ɖekae nye nyadzɔdzɔŋlɔla bibi aɖe si ganye New Orleans Television dɔwɔƒea dzikpɔla. Le eƒe dɔa ta la, ekpɔ dzɔdzɔmefɔku geɖe siwo dzɔ va yi teƒe. Etrɔ yi eƒeme le Jefferson Parish, Louisiana, be yeaɖafɔ yeƒe nunɔamesi aɖewo. Egblɔ be: “Edzi ŋɔ nam ŋutɔ. Dzɔdzɔmefɔkua tsrɔ̃ nusianu ɖa keŋkeŋ. Míekpɔ mɔ̃ siwo wotu tsɔ xea mɔ na tsiwo la gbã eye tsiawo va kɔ ɖe tsimɔwo me hegbagba ɖi bababa. Eye ya sesẽ la hã gblẽ nu geɖe. Nye aƒea gbã keŋkeŋ. Aƒea me yɔ fũ kple adru kple nu ƒaƒãwo, henɔ ʋeʋẽm kũ. Ʋeʋẽa nu sẽ ŋutɔ. Nu bliboa dzi ŋɔ ŋutɔ, edzi ŋɔ ale gbegbe. Gake míeda akpe be míekpɔtɔ le agbe.”

Alan, si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la, trɔ yi eƒe aƒeme le Metairie, New Orleans gbɔtodu aɖe si le ɣetoɖoƒe kpa dzi, mlɔeba. Ahomyaa gblẽ nu le dua me ale gbegbe. Egblɔ be: “Eteƒe kpɔkpɔ te ɖe ame dzi ŋutɔ. Edzi ŋɔ ale gbegbe. Ðeko wòle abe atɔmik bɔmb ye woda ɖe dua dzi ene. Nudzɔdzɔa ŋuti nya sese alo ekpɔkpɔ le television dzi awɔ dɔ ɖe dziwò ya. Gake nu bubu kurae wònye be wò ŋutɔ nàzɔ alo aku ʋu to miaƒe nutoa me eye nàkpɔ nugbegblẽawo teƒe ŋutɔŋutɔ—nusiwo wògblẽ nu sẽ hede didiƒe ale gbegbe. Esesẽ ŋutɔ be woaxɔ edzi ase.

“Le kpɔɖeŋu me, alesi teƒea nɔ ʋeʋẽm la nɔ abe nu kukuwo ene, ame kuku ƒe ʋeʋẽe. Dɔwɔƒe geɖe gbã keŋkeŋ alo tsi tɔ me. Kpovitɔwo kple asrafowo nɔ dzogoe ɖesiaɖe dzi. Ðeko wòle abe aʋagbedzie ene.”

Kpekpeɖeŋunanadɔwo

Dugãa, dukɔa, kple dziɖuɖumegãwo siaa wɔ kpekpeɖeŋunaɖoɖowo. Dziɖuɖua ƒe Kpekpeɖeŋunadɔwɔƒe vevitɔe nye FEMA (Federal Emergency Management Agency [Dukɔa ƒe Nyakpatawo Gbɔkpɔdɔwɔƒe]). Dɔwɔƒe bubuwo hã dze agbagba na kpekpeɖeŋu ame akpe geɖe. Ʋu gãwo tsɔ nuɖuɖu, awudodo, kple tsi yi ɖe nuto siwo me ahom la gblẽ nu le me. Eteƒe medidi o, FEMA te gaxɔgbalẽvi nana amewo henɔ gakpekpeɖeŋu bubuwo hã nam agbetsilawo ale be woate ŋu akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ hena ŋkeke alo kwasiɖa ʋɛ aɖewo. Vaseɖe fifia la, aleke nɔnɔmea nɔ na Yehowa Ðasefowo?

Nugbegblẽwo Ŋuti Kɔntabubu Kple Ðɔɖɔɖodɔwo

Esi ahomyaa tu vɔ teti ko la, Ðasefowo ɖo ƒuƒoƒo vovovowo anyi be woayi teƒe siwo afɔkua dzɔ le bena woanya Ðasefowo ƒe aƒe siwo gbã kple Fiaɖuƒe Akpata siwo dome gblẽ ƒe agbɔsɔsɔme. Aleke woate ŋu awɔ dɔ nyadri mae? Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha si le Brooklyn, New York, da asi ɖe edzi be woaɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo le United States Alɔdzekɔmitia ƒe dzikpɔkpɔ te. Eye wokpe Nutome Xɔtukɔmiti siwo le United States ƒe akpa geɖe hã hena ɖɔɖɔɖodɔawo gɔme dzedze. * Dɔ ka sinu gbegbe wote ŋu wɔ?

Le February 17, 2006 dzi la, kpekpeɖeŋunaha si le Long Beach, Mississippi, ka nya ta be le Ðasefowo ƒe aƒe 632 siwo dome gblẽ le yewoƒe nutoa me dome la, woɖɔ 531 ɖo keŋkeŋ, si wɔe be aƒe 101 koe nye esiwo kpɔtɔ woaɖɔ ɖo. Ðasefoawo na kpekpeɖeŋu nutoa me tɔ siwo menye Ðasefo o hã. Nu gblẽ le Fiaɖuƒe Akpata 17 ƒe xɔdzisasrãwo ŋu vevie, eye kaka February ƒe domedome naɖo la, wogbugbɔ ɖɔ wo dometɔ 16 ɖo. Ke Baton Rouge, Louisiana kpekpeɖeŋunakɔmitia ya ɖe?

Kpekpeɖeŋunakɔmiti siae kpɔa Louisiana nutoa, afisi Katrina Ahomya la gblẽ nu le vevie, ƒe nyawo gbɔ. Le Ðasefowo ƒe aƒe 2,700 siwo hiã ɖɔɖɔɖo dome la, kaka February ƒe domedome naɖo la, wodzra wo dometɔ 1,119 ɖo keŋkeŋ, eyata dɔ gã aɖe gakpɔtɔ li kpekpeɖeŋunakɔmiti ma nawɔ. Azɔ hã, wogana kpekpeɖeŋu aƒelika kple ƒometɔ siwo hiã tu vevie la hã. Fiaɖuƒe Akpata 50 dome gblẽ vevie. Gake kaka February naɖo la, woɖɔ wo dometɔ 25 ɖo. Le Texas la, enɔ na Houston ƒe kpekpeɖeŋunakɔmitia be wòadzra aƒe 871 siwo ŋu Rita Ahomyaa gblẽ nu le le September me la ɖo. Kaka February 20 lia naɖo la, wodzra wo dometɔ 830 ɖo.

Nusi Míasrɔ̃ tso Katrina-fɔkua Me

Ame akpe siwo ŋu Katrina gblẽ nu le srɔ̃e be, ele vevie be woaɖo to nuxlɔ̃ame. Ðikeke mele eme o be, ame geɖe alɔ̃ ɖe Joe, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, ƒe nyaa dzi. Egblɔ be: “Ne wogagblɔ be, ‘Miʋu la,’ nyee anye ame gbãtɔ si aʋu!”

Yehowa Ðasefowo yi edzi le kpekpeɖeŋu nam ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo le Gulf nutoa me. (Galatiatɔwo 6:10) Ke hã, menye Kpekpeɖeŋunanadɔ aɖe koe woƒe subɔsubɔdɔa nye o. Ke boŋ, Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ vevitɔ—si wowɔna le dukɔ 235 me le xexeame godoo—ye nye be woaxlɔ̃ nu amewo ku ɖe nudzɔdzɔ aɖe si le vevie wu ahomya aɖe si tu aƒe ŋu. Biblia gblɔ ɖi be eteƒe madidi o Mawu ahe nuɖoanyi mavɔ̃mawu sia ava nuwuwui, eye akɔ anyigba la ŋu ahana wòagbugbɔ aɖo nɔnɔme si me wòɖo be wòanɔ la me. Ne èdi be yeanya nusi Biblia fia ku ɖe ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo sia ŋu la, ekema anyo be nàte ɖe Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ ŋu alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí to adrɛs si sɔ, le magazine sia ƒe axa 5 lia, dzi.—Marko 13:10; Timoteo II, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 14:6, 7; 16:14-16; Galatiatɔwo 6:1-18.—g6/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 32 Nutome Xɔtukɔmitiawo me tɔwo nye Yehowa Ðasefo—lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla—siwo si nuteƒekpɔkpɔ su le xɔtutudɔwo kple Fiaɖuƒe Akpata ɖɔɖɔɖodɔwo me. Ƒuƒoƒo sia tɔgbe 100 ye le United States bliboa katã, eye esi wu emae le xexeame godoo.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Katrina Ahomya la ƒe babla si wotsɔ Yamenyatakakaxɔ- ɖoɖamɔ̃ ɖe fotoe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

NOAA

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

New Orleans si tsi ɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/David J. Phillip

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Katrina Ahomya gbã xɔwo hewu ame geɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Ben Sklar

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Astrodome si le Houston, Texas, afisi ame 16,000 siwo ʋu la va ƒo ƒu ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Kristotɔ hamemetsitsiwo di Ðasefowo le amesiwo ʋu la dome

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le xɔ si dzi ya klo nu le dzram ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðasefowo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be wodzra yewoƒe aƒewo ɖo na yewo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo na nuɖuɖu amewo

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Alan