Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ŋutsu Kple Nyɔnu Dome Lɔlɔ̃ Na Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Sɔa?

Ðe Ŋutsu Kple Nyɔnu Dome Lɔlɔ̃ Na Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Sɔa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Ŋutsu Kple Nyɔnu Dome Lɔlɔ̃ Na Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Sɔa?

LE NUMEKUKU aɖe si wowɔ me la, ƒewuivi siwo wobia gbee la dometɔ 90 le alafa me susui be ne ame eve nya lɔ̃ wo nɔewo ya ko la, ke naneke megblẽ le eŋu be woadɔ wo nɔewo gbɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o. Zi geɖe la, television kple sinimawo ɖea gbɔdɔdɔ fiana abe nu si wòle be ame eve siwo lɔ̃ wo nɔewo la nawɔ ene.

Ame siwo di be yewoadze Mawu ŋu la media mɔfiafia tso xexea me o, elabena wonyae be eme nɔlawo ƒe tamebubu ɖea eƒe fia, si nye Abosam, ƒe nɔnɔme fiana. (Yohanes I, 5:19) Wokpɔna nyuie hã be woƒe seselelãmewo ɖeɖe mekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o, elabena wonyae be “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã.” (Yeremya 17:9) Ame siwo nye nunyalawo vavã la dia mɔfiafia tso Wɔla la kple eƒe Nya si wòtsɔ gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la me boŋ.—Lododowo 3:5, 6; Timoteo II, 3:16.

Mawu Ƒe Nunanae Gbɔdɔdɔ Nye

Yakobo 1:17 gblɔ be: “Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ.” Gbɔdɔdɔ si yia edzi le ame siwo ɖe wo nɔewo ɖeɖeko dome la nye nunana xɔasi siawo dometɔ ɖeka. (Rut 1:9; Korintotɔwo I, 7:2, 7) Enaa amegbetɔwo dzina, eye enaa ƒomedodo kplikplikpli nɔa ŋutsu kple srɔ̃a dome le ŋutilã me kple seselelãme siaa le mɔ dodzidzɔname si me lɔlɔ̃ le nu. Fia Salomo ŋlɔ be: “[Kpɔ] dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu. . . . Eƒe no nemu wò.”—Lododowo 5:18, 19.

Esɔ le dzɔdzɔme nu be Yehowa di be yeƒe nunanawo naɖe vi na mí, eye míakpɔ dzidzɔ le wo me. Esia tae wòna se kple gɔmeɖose nyuitɔwo kekeake siwo nu míanɔ agbe ɖo la mí. (Psalmo 19:8, 9) Yehowae nye “amesi fia nusi nyo na wò la wò, [eyae] akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.” (Yesaya 48:17) Ðe mía Fofo si le dziƒo—ame si ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ ɖi le lɔlɔ̃ɖeɖefia me—la ate nu si nyo ŋutɔŋutɔ na mí la mía?—Psalmo 34:11; 37:4; 84:12; Yohanes I, 4:8.

Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Menye Lɔlɔ̃ɖeɖefia O

Ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo ko la, wova zua “ŋutilã ɖeka” le kpɔɖeŋumɔ nu. Ne ame eve, siwo meɖe wo nɔewo o dɔ wo nɔewo gbɔ, si wogayɔna be agbe gbegblẽ nɔnɔ la, woawo hã wozua “ŋutilã ɖeka”—gake esia ya nye nu makɔmakɔ le Mawu ŋku me. * Gawu la, nuwɔna sia menye lɔlɔ̃ɖeɖefia o. Nu ka tae míegblɔe nenema ɖo?—Marko 10:7-9; Korintotɔwo I, 6:9, 10, 16.

Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be agbe gbegblẽ nɔnɔ nye gbɔdɔdɔ le ame eve siwo metsɔ wo ɖokui na wo nɔewo ŋutɔŋutɔ o dome. Eye tsɔ kpe ɖe ale si wòaklo bubu ɖa le ame ŋu ŋuti la, ate ŋu ahe dɔléle, fu si womele mɔ kpɔm na o, kple seselelãme nuxaxa vɛ. Vevietɔ wue nye be enye dada le Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi. Eya ta agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ame aɖe fia be wometsɔ ɖeke le amea ƒe fifi alo etsɔ me nyonyo kple dzidzɔkpɔkpɔ me o.

Kristotɔ nyae be agbe gbegblẽ nɔnɔ nye ye nɔviŋutsu alo ye nɔvinyɔnu gbɔgbɔmetɔ ƒe gomenɔamesiwo xɔxɔ le esi hã. (Tesalonikatɔwo I, 4:3-6) Le kpɔɖeŋu me, ame siwo gblɔna be Mawu subɔlawo yewonye hafi va dɔ kple ame aɖe si menye wo srɔ̃ o la hea makɔmakɔnyenye vaa Kristo-hamea me. (Hebritɔwo 12:15, 16) Eye wowɔnɛ be tenɔnɔ dzadzɛ meganɔa ame si wonɔ agbe gbegblẽa kplii la si o, eye ne tree wònye la, ekema manye ɖetugbi si le dzadzɛ le agbenɔnɔ gome hafi ɖewohĩ ame aɖe nava ɖee le etsɔ me o. Wowɔa nu gbegblẽ ɖe woƒe ƒomeawo ŋu hegblẽa ŋkɔ nyui si le ƒomeawo ŋu la hã. Mlɔeba la, woƒe nuwɔnaa nye bubumademade Mawu ŋu, elabena wodoa dziku na eyama to dada le eƒe se kple gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi me. (Psalmo 78:40, 41) Yehowa hã ahe to na ame matrɔdzime siwo wɔa nu gbegblẽ siawo. (Tesalonikatɔwo I, 4:6) Ekema ɖe eme mekɔ be Biblia gblɔ na mí be “[míasi] le ahasiwɔwɔ nu” oa?—Korintotɔwo I, 6:18.

Lɔlɔ̃nya le mia kple ame aɖe dome, eye miele ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋua? Ekema ɖe manyo be miazã ŋugbedodo ƒe ɣeyiɣi sia atsɔ atu kakaɖedzi kple bubu ɖo ɖe mia nɔewo me oa? Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ŋutsu aɖe mete ŋu ɖua eɖokui dzi o la, ɖe nyɔnu ate ŋu aka ɖe edzia? Eye ne nyɔnu aɖe gbe Mawu ƒe se dzi wɔwɔ kple susu be yeaɖi kɔ na seselelãme si le ye me ɖe ŋutsu aɖe ŋu, alo be yeadze ŋutsua ŋu la, ɖe wòanɔ bɔbɔe na ŋutsua be wòade asixɔxɔ kple bubu eŋua?

Ðo ŋku edzi hã be ame siwo gbea Mawu ƒe dzidzenu siwo me lɔlɔ̃ le la aŋe nu si woƒãna la. (Galatiatɔwo 6:7) Biblia gblɔ be: “Ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.” (Korintotɔwo I, 6:18; Lododowo 7:5-27) Nyateƒee, ne ŋutsu kple nyɔnu siwo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la trɔ dzime ŋutɔŋutɔ, dze agbagba vevie dzra woa kple Mawu dome ɖo, eye wodo ŋusẽ woƒe kaka ɖe nɔewo dzi la, ekema seselelãme manyomanyo siwo nɔ wo me la nu ava bɔbɔ mlɔeba. Ke hã, agbe si wonɔ va yi la ƒe abikpa nɔa wo ŋu godoo. Ðekakpui kple ɖetugbi aɖe si nɔ agbe gbegblẽ hafi va ɖe wo nɔewo la gblɔ be nu si yewowɔ la vea yewo ŋutɔ. Ŋutsua biaa eɖokui ɣeaɖewoɣi be: ‘Ðe wòanye be, le mɔ aɖe nu la, agbe makɔmakɔ si míenɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea tae masɔmasɔwo ɖoa mía dome ɖoa?’

Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Media Eɖokui Tɔ O

Togbɔ be lɔlɔ̃ vavãtɔ ate ŋu ana ŋutsu kple nyɔnu ƒe nu nalé dzi na wo nɔewo hã la, “mewɔa nusi medze o,” eye “media ye ŋutɔ tɔ o.” (Korintotɔwo I, 13:4, 5) Ke boŋ enana ame tsɔa ɖe le ame evelia ƒe nyonyo kple dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ me. Lɔlɔ̃ sia ʋãa ŋutsu kple nyɔnu wodea bubu wo nɔewo ŋu, eye wokpɔa gome le gbɔdɔdɔ me le teƒe si sɔ nɛ, si Mawu dae ɖo la—si nye le srɔ̃ɖeba dzi ko.—Hebritɔwo 13:4.

Kakaɖeamedzi kple dedienɔnɔ, si naa dzidzɔ vavãtɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me la le vevie ne srɔ̃tɔawo dzi vi, elabena Mawu ɖoe be woahe ɖeviwo le aƒe si me lɔlɔ̃, dzidzeme, kple dedienɔnɔ le. (Efesotɔwo 6:1-4) Ame siwo ɖe wo nɔewo koe tsɔ wo ɖokui na wo nɔewo ŋutɔŋutɔ. Woɖonɛ le woƒe dzime be yewoalé be na yewo nɔewo ahado alɔ yewo nɔewo le ɣeyiɣi nyuiwo kple ɣeyiɣi vɔ̃wo me le yewoƒe agbe me ŋkeke mamlɛawo me, eye woɖenɛ gblɔna enuenu hã.—Romatɔwo 7:2, 3.

Gbɔdɔdɔ si yia edzi le ame kple srɔ̃a dome la ate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖea navivi. Le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le me la, srɔ̃tɔawo sea vivi geɖe wu le gbɔdɔdɔ me, eye wodea asixɔxɔ eŋu—womeɖia gbɔ srɔ̃ɖeɖoɖoa, wɔa nu si ana dzitsinya naɖe fu na wo, alo gbea toɖoɖo wo Wɔla o.—g11/06.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

Aleke Mawu bua gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖee?—Korintotɔwo I, 6:9, 10.

▪ Nu ka tae agbe gbegblẽ nɔnɔ gblẽa nu le ame ŋu?—Korintotɔwo I, 6:18.

▪ Aleke ame eve siwo ƒe nu lé dzi na wo nɔewo la ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ afiae?—Korintotɔwo I, 13:4, 5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “agbe gbegblẽ nɔnɔ” la ku ɖe gbɔdɔdɔ me nuwɔna ɖe sia ɖe si me ame siwo meɖe wo nɔewo o la kpɔ gome le, si me wozã vidzinuwo le, ne nu mee woƒo vidzinuawo ɖo hã.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, February 15, 2004, axa 13, si Yehowa Ðasefowo ta.