Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wògblẽ Be Woano Aha Muamea?

Ðe Wògblẽ Be Woano Aha Muamea?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wògblẽ Be Woano Aha Muamea?

“FEWUÐULA enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, medze nunya o.” Ðe Biblia me nya siawo, siwo dze le Lododowo 20:1, fia be egblẽ be woano aha muamea? Ame aɖewo susuna nenema. Be woaɖo kpe esia dzi geɖe wu la, wohea susu yia Biblia me nyatakaka siwo ɖee fia be ame aɖewo nɔ agbe gbegblẽ le esi wono aha muame wògbɔ eme ta dzi.—Mose I, 9:20-25.

Azɔ hã afɔku siwo dona tsoa aha muame fũ nono me li, eye wo dometɔ aɖewoe nye: aklãlialiadɔ, afɔku dziŋɔwo, gakuxiwo, ƒometɔwo ƒoƒo alo wo dzudzu, kple nuveviwɔwɔ vidzĩ si le dɔme. Ðewohĩ nu dziŋɔ siawo tae numekugbalẽ aɖe (The World Book Encyclopedia) gblɔ be, “subɔsubɔha geɖe fiaa nu amewo be aha muame nono nye nu gbegblẽ.” Gake ɖe wògblẽ be woano aha muamea? Ðe Biblia tsri aha muame nono kura, eɖanye agbɔsɔsɔ ka kee wòɖanye oa?

Nu Kae Biblia Gblɔ?

Nyateƒee, Biblia xlɔ̃ nu ku ɖe aha muame nono fũ me tsonuwo ŋu. Efesotɔwo 5:18 xlɔ̃ nu be: “Migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o.” Eye Lododowo 23:20, 21 hã xlɔ̃ nu be: “Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o. Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe.” Eye Yesaya 5:11 gblɔ be: “Baba na amesiwo fɔa fɔŋli hetia aha muame yome, eye wotsia anyi vaseɖe zãtiƒe, ne wein nade dzo lã me na wo!”

Biblia gblɔ dzidzɔ si le ahanono ɖe ŋku nu me kple viɖe siwo wòhena vɛ hã. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 104:15 gblɔ be Mawu ƒe nunanawo dometɔ ɖekae nye “wein [si] doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi.” Eye Nyagblɔla 9:7 gblɔ be fetu si le dɔ nyui wɔwɔ me lae nye be ‘ame naɖu abolo kple dzidzɔ, eye wòano wein le dzidzeme me.’ Esi Paulo nya be weinnono ate ŋu akpe ɖe ame ŋu abe atike ene ta la, egblɔ na Timoteo be: “Megano tsi ɖeɖe o, ke boŋ no wein vi aɖe le wò dɔgbo kple lãmegbegblẽ enuenu la ŋuti.” (Timoteo I, 5:23) Biblia ɖee fia be aha muame ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòado dzi le nuteɖeamedzi me.—Lododowo 31:6, 7.

Eya ta eme kɔ be Biblia metsi tre ɖe aha muamewo nono ŋu o. Gake nu si ŋu wòtsi tre ɖoe nye enono fũ kple enono amu. Eya tae Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ dzikpɔlawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple nyɔnu tsitsiwo be “woaganye aha geɖe nolawo o,” eye “wein vi aɖe” koe wòxlɔ̃ nu Timoteo be wòano. (Timoteo I, 3:2, 3, 8; Tito 2:2, 3) Woɖo ŋku edzi na Kristotɔwo katã be “ahamulawo” la, “womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.”—Korintotɔwo I, 6:9, 10.

Enyo be míade dzesii be Biblia yɔ ahamumu tɔ ɖe nutsuɖuɖu ŋu, hegblɔ be ele be míatsri evea siaa. (Mose V, 21:20) Ne susuae nye be mele be míano aha muame kura o la, ekema ɖe mafia be nu sue aɖe ɖuɖu hã nye nu gbegblẽ oa? Eya ta eme kɔ be ahanono fũ wòamu ame kple nutsuɖuɖu ye Biblia yɔ be nu gbegblẽ—menye nuɖuɖu alo nunono le ŋku ŋu o.

Nu Kae Yesu Wɔ?

Apostolo Petro gblɔ be Kristo “gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí, bene míadze eƒe afɔɖoƒewo yome,” eye be “mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.” (Petro I, 2:21, 22) Ke aleke Yesu bu aha muamewoe? Nya lae nye be nukunu gbãtɔ si wòwɔe nye esime wòtrɔ tsi wòzu wein. Wein ka ƒomevie Yesu trɔ tsia wòzu? “Nuɖuɖudzikpɔla” la kafu ŋugbetɔsrɔ̃ la ɖe wein sia si wona nukutɔe la ta. Egblɔ be: “Amesiame tsɔa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.”—Yohanes 2:9, 10.

Wonoa wein le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu me, eye Yesu zã wein esime wònɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la ɖom anyi. Esi wòtsɔ weinkplu na eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ na wo be: “Mi katã mino le enu.” Esi wònya be yeƒe ku gogo ta la, egblɔ kpee be: “Tso esia dzi la nyemegale weinkutsetse sia me tsi no ge, vaseɖe ŋkeke ma dzi, esi mía kpli mi míano yeye le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me o.” (Mateo 26:27, 29) Ẽ, amewo nya nyuie be Yesu no wein.—Luka 7:34.

Nu Kae Wòle Be Míawɔ?

Togbɔ be Biblia metsi tre ɖe aha muame nono ŋu o hã la, esia mefia be ele godoo be míanoe o. Susu geɖe li si ta wòle be ame natsri ahanono ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ame si nye ahanoxe tsã nyae be kɔŋkɔvi ɖeka pɛ teti hã ate ŋu agblẽ nu le ye ŋu. Nyɔnu si fɔ fu la ate ŋu aɖoe be yeatsri ahanono, elabena ate ŋu agblẽ nu le via ŋu. Eye esi ʋukula nya ale si aha muame nono wɔnɛ be womete ŋu bua nuwo nu nyuie o, eye susua mete ŋu wɔa dɔ nyuie o ta la, atsri nu sia nu si ate ŋu ade eya ŋutɔ alo ame bubuwo ƒe agbe afɔku me.

Kristotɔ madi be yeazu nukikli na ame si ƒe dzitsinya meda asi ɖe ahanono dzi o la o. (Romatɔwo 14:21) Nunya anɔ eme be wòaƒo asa na aha muame nono ne ele dutoƒo ɖaseɖiɖidɔa wɔm. Enyo be míade dzesii be le Se si Mawu tsɔ na blema Israel-viwo me la, wode se na nunɔlawo be ‘woagano wein alo aha muame aɖeke’ ne wole woƒe dɔwo wɔm o. (Mose III, 10:9) Eye Kristotɔ si le dukɔ si me wode se ɖe aha muame nono ŋu, alo womeɖe mɔ ɖe eŋu na ame aɖewo o me, la awɔ ɖe sea dzi.—Romatɔwo 13:1.

Togbɔ be ame ŋutɔe atso nya me ne ano aha alo manoe o, kple le agbɔsɔsɔme si wòano ŋu hã la, Biblia ya de dzi ƒo be míada asɔ le ezazã me. Egblɔ be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.”—Korintotɔwo I, 10:31.—g12/06.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

Nuxlɔ̃ame kae wona le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe aha muame nono ŋu?—Korintotɔwo I, 6:9, 10.

▪ Ðe Yesu Kristo no aha muamea?—Luka 7:34.

▪ Nu kae fiaa mɔ Kristotɔwo le nuɖuɖu kple nunono ƒe nyaa me?—Korintotɔwo I, 10:31.