Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Si Ƒomevi Wòana Mí

Agbe Si Ƒomevi Wòana Mí

Agbe Si Ƒomevi Wòana Mí

“KPƆ ÐA, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu.” Ŋugbedodo lédziname geɖe siwo le abe esia ene, si ku ɖe Yesu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖu ŋu la, nye nu ɖedzesi siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ aɖewo. Ŋugbedodo siawo dometɔ bubu gblɔ be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. . . . Woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Yesaya 32:1; Psalmo 72:12-14.

Ðe ame aɖe agblɔ be ame siwo le xexea me godoo la mehiã dziɖuɖu dzɔdzɔe sia tɔgbe oa? Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woƒe susu nanɔ Mawufiaɖuƒea ŋu vevie. Efia wo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.

Kpeɖodzi Siwo Ðee Fia Be Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Gogo

Aleke míawɔ anya ɣeyiɣi si me Fiaɖuƒe ma ava wòanye gbedodoɖa ma ŋuɖoɖo? Yesu yomedzela gbãtɔwo di vevie be yewoanya; eya ta wobiae be: “Ka enye wò [anyinɔnɔ abe Fia si le dzi ɖum ene] kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, . . . dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo. Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.” Exlɔ̃ nu wo hã be: “Le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.”—Mateo 24:3-12.

Biblia me nyagblɔɖi bubu gblɔ be, “le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.”—Timoteo II, 3:1-5.

Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be “ŋkeke mamlɛawo” ƒe dzesi siawo sɔ tututu kple ɣeyiɣi siwo me míele fifia. Kpeɖodzi geɖe li be ɣeyiɣia de be Biblia me nyagblɔɖi si gbɔna la nava eme, be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Fiaɖuƒe sia si dzi “ŋutifafafia” aɖu la aɖe nu sia nu si axe mɔ na ame siwo atsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu la ƒe ŋutifafa ɖa. (Yesaya 9:5) Ŋugbedodo sia le Biblia me nyagblɔɖi aɖe me be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Xexe sia ƒe nuwuwu ana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔlawo nase vivi le nu si mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, ƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu bú na ameƒomea, la me.

Agbe Si Ƒomevi Míanɔ Kpuie

Yesu ɖe nu me be: “Le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, . . . Amegbetɔvi la abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi.” (Mateo 19:28) Nu kae nye “nuwo ƒe gbugbɔgadzi” sia? Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖe zã nyagbɔgblɔ “xexe yeye.” (Nubabla Yeye La) Biblia me nuŋlɔɖi bubu si sɔ kple esia yɔe be ‘xexe si lava va.’ (Luka 18:30) Ɣemaɣi la, Yesu azã ŋusẽ si Mawu tsɔ nɛ be wòanye Ŋutifafafia la atsɔ ana agbe mavɔ ame siwo katã ɖee fia be yewoxɔ eƒe tafevɔsaa dzi se la.—Yohanes 5:21.

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, amewo anɔ agbe si ƒomevi Mawu tsɔ na Adam kple Xawa esime wòtsɔ wo da ɖe Paradiso me le anyigba dzi. Ðo ŋku edzi be Mawu gblɔ na wo be woadzi vi, ẽ, be “[woayɔ] anyigba la dzi.” Dɔ si wode wo si lae nye be woakeke woƒe Eden-bɔ si nye Paradiso la ɖe enu wòaxɔ anyigba la katã dzi! (Mose I, 1:28) Nenema kee le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, ame siwo atsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu kple wo viwo kpakple ame siwo ku, gake wofɔ ɖe tsitre le tsitretsitsia me la, ayɔ anyigba la dzi. Dɔ si anɔ ame siawo sie nye be woakpe asi ɖe anyigbaa dzadzraɖo wòazu paradiso ŋu, abe ale si Mawu ɖo tamee le gɔmedzedzea me ene.

Bu yayra siwo Biblia gblɔ be amewo akpɔ le xexe yeye dzɔdzɔe ma me la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.—Petro II, 3:13.

Togbɔ be ŋugbedodo siwo ƒe nɔnɔmetata dze le axa siawo la aɖi drɔ̃eƒenya ko na ame aɖewo hã la, kakaɖedzi li be nu siawo ava eme ŋutɔŋutɔ le “xexe, si lava va” la me. Esi Yesu nɔ gbe dom ɖa na Mawu la, egblɔ nu si wodi tso ame siwo ase vivi le yayra siawo me la si, esi wògblɔ be: “Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Dze agbagba nànɔ ame siwo tsɔa ɖokuibɔbɔ dia sidzedze sia si naa agbe ame la dome.—g12/06.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

“Wotsɔ ŋkɔ nɛ be . . . ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le . . . eƒe fiaɖuƒe la me o.”—Yesaya 9:5, 6

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8,9]

Aƒe Kple Dɔwɔɖui Anɔ Anyi Na Ame Sia Ame

“Woatu xɔ anɔ eme . . . Womaƒã nu ame bubu naɖu o.”—Yesaya 65:21, 22.

Nuɖuɖu Abɔ Na Amewo Katã

“Anyigba [amie] eƒe nukuwo.” “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi.” —Psalmo 67:7; 72:16.

Ŋutifafa Anɔ Xexeame Katã, Lãwo Gɔ̃ Hã Dome

“Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, . . . eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.”—Yesaya 11:6.

Aʋawɔwɔ Nu Yi, Ŋutifafa Anɔ Anyi Ðaa

“Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” “Seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le . . . eƒe fiaɖuƒe la me o.”—Yesaya 2:4; 9:6.

Woafɔ Ame Siwo Ku La

“Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase [Yesu ƒe] gbe; eye . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29.

Dɔléle Alo Ku Megali O

“Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” “Ku maganɔ anyi akpɔ o . . . ; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.