Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke mawɔ aɖu numame gbegblẽ sia dzi?

Aleke mawɔ aɖu numame gbegblẽ sia dzi?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke mawɔ aɖu numame gbegblẽ sia dzi?

“Ƒe enyie mexɔ esime mete ɖokuinye gbɔ dɔdɔ. Emegbe meva nya Mawu ƒe susu le nuwɔna sia ŋu. Ɣesiaɣi si mekpɔ gome le nuwɔna sia me la, eɖea fu nam vevie ŋutɔ. Mebiaa ɖokuinye be: ‘Aleke Mawu ate ŋu alɔ̃m?’ Meka ɖe edzi be nyemate ŋu ayi Mawu ƒe xexe yeyea me o.”—Luiz. *

ÐEWOHĨ ɖokuigbɔdɔdɔ (si nye asilili ame ŋutɔ ƒe vidzinuwo ŋu atsɔ atsi gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu) zu numame aɖe si dzi ɖuɖu sesẽ na wò, abe Luiz ke ene. Ènyae be ne yetsi dzodzro ma nu heɖu ye ɖokui dzi wòsɔ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia nu la, ado dzidzɔ na Yehowa. (Galatiatɔwo 5:22, 23; Petro II, 1:5, 6) Gake ɣeaɖewoɣi la, dzodzro siawo ɖua dziwò. Eye ne edzɔ nenema la, ègblɔna na ɖokuiwò be naneke maganya wɔ le ye ŋu o, be yemate ŋu anɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo o.

Nenema tututue ɖekakpui si ŋkɔe nye Pedro bu eɖokui. Egblɔ be: “Ne dzodzro sia ɖu dzinye la, eɖea fu nam ŋutɔ. Mesena le ɖokuinye me be nyemate ŋu awɔ naneke atsɔ alé avu ɖe nu si mewɔ ta o. Gbedodoɖa sesẽna nam. Medzea nye gbedodoɖawo gɔme ale: ‘Yehowa, nyemenya ne èle nye gbedodoɖa sia se ge ya o, gake . . .’” Susu siawo kee nɔ ɖekakpui aɖe si woyɔna be André hã si. Egblɔ be: “Mebua ɖokuinye alakpatɔe. Avu kple kɔe wònyena hafi mete ŋu fɔna le aba dzi le ŋdi me tea ŋkekea me dɔwo wɔwɔ. Esesẽna nam be made Kristotɔwo ƒe kpekpewo ahakpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa me.”

Ne èsena le ɖokuiwò me abe Luiz, Pedro, alo André ene hã la, lé dzi ɖe ƒo. Menye wò ɖekae le nɔnɔme sia me o, eye mefia be wɔna aɖeke megale ŋuwò hã o. Kura o! Sɔhɛ geɖe—kple ame tsitsiwo hã—te ŋu wɔ avu kple ɖokuigbɔdɔdɔ, eye wote ŋu ɖu edzi. Wò hã àte ŋui. *

Tenɔnɔ Ðe Fɔbuameɖokui Nu

Abe ale si míegblɔe va yi xoxo ene la, ame siwo ɖokuigbɔdɔdɔ zu numame na la bua fɔ wo ɖokui zi geɖe. Ðikeke mele eme o be ‘nuxaxa wòasɔ ɖe Mawu ƒe didi nu’ ate ŋu aʋã wò nàɖu numame sia dzi. (Korintotɔwo II, 7:11) Ke hã, fɔbubu ɖokuiwò fũ akpa ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò. Ate ŋu ana dzi naɖe le ƒowò ale gbegbe be nàdi be yeana ta ko evɔ.—Lododowo 24:10.

Eya ta dze agbagba nàkpɔ ale si nɔnɔmea le ŋutɔŋutɔ. Ðokuigbɔdɔdɔ nye makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖe. Ate ŋu ana nàzu ‘dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔwo ƒe kluvi,’ eye ate ŋu ana nɔnɔme aɖewo siwo ate ŋu agblẽ wò susu la nava nɔ asiwò. (Tito 3:3) Ke hã, menye agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔna si gbɔ emee wònye o. (Efesotɔwo 4:19) Eya ta ne ɖokuigbɔdɔdɔ nye kuxi na wò la, mehiã be nàƒo nya ta be yewɔ nuvɔ̃ si womate ŋu atsɔ ake o. Egbɔkpɔnue nye be nàdze agbagba atsi dzodzro ma nu, eye mègana ta le avu sia me gbeɖe o!

Ɣeaɖewoɣi la, ele bɔbɔe be dzi naɖe le ƒowò ne ègawɔe ake. Ne edzɔ nenema la, ɖo ŋku nya siwo le Lododowo 24:16 la dzi, be: “Ame dzɔdzɔe dzea anyi zi adre, eye wògafɔna; ke ame vɔ̃ɖiwo dzea dzɔgbevɔ̃e me.” Ɣeyiɣi vi aɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ mefia be èzu ame vɔ̃ɖi o. Eya ta mègana ta o. Ke boŋ kpɔe ɖa be nu ka gbɔe wòtso be yegawɔe ake hã, eye nàdze agbagba aƒo asa na nu siwo akplɔ wò ade ewɔwɔ ake me.

Le esi teƒe be nànɔ fɔ bum ɖokuiwò ɣesiaɣi ɖe kuxia ta la, di ɣeyiɣi nàde ŋugble le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ŋu. Hakpala Dawid, ame si gbɔdzɔgbɔdzɔ menye nu yeye na o la, gblɔ be: “Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:13, 14) Ẽ, Yehowa nyae be míede blibo o, eye ‘elɔ̃na be yeatsɔ ake’ mí ne míewɔ nuvɔ̃. (Psalmo 86:5) Gake edi be míadze agbagba vevie atrɔ asi le míaƒe nɔnɔmewo ŋu.

Nu ŋutɔŋutɔ kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ aɖu wò numamea dzi ahaƒo asa na ewɔwɔ ake?

Ehiã Vevie Be Nàgblɔe Na Ame Aɖe

Togbɔ be gbɔdɔnyawo gbɔgblɔ va zu nu si bɔ le dukɔ geɖe me hã la, esesẽna na ame geɖe be woaƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu le bubumɔ nu moveviɖoɖotɔe. Ðewohĩ ŋukpe ana wòasesẽ na wò be nàgblɔ nyaa na ame aɖe si nègblɔa wò dzimenyawo na kura gɔ̃ hã. Kristotɔ aɖe si wɔ avu kple ɖokuigbɔdɔdɔ ƒe geɖe la gblɔ be: “Ne ɖe mete ŋu do dzi gblɔe na ame aɖe esime menye sɔhɛ la, ne enyo ŋutɔ hafi! Fɔbuameɖokui zu taɖui nam ƒe geɖe, eye egblẽ nu le mía kple amewo dome ƒomedodowo ŋu, eye vevietɔ wu la, egblẽ mía kple Yehowa dome.”

Ame kae wòle be nàgblɔe nam? Anyo wu be nàgblɔe na ame aɖe si tsi le gbɔgbɔ me, vevietɔ dziwòlawo dometɔ ɖeka. Àte ŋu adze egɔme ale: “Medi be magblɔ kuxi aɖe si le fu ɖem nam ŋutɔ la na wò.”

Mário ɖoe be yeagblɔe na ye fofo, ame si se veve ɖe enu hese nu gɔme nɛ. Egblɔ kura gɔ̃ hã na Mário be ye ŋutɔ hã yewɔ avu kple numame sia esime yenye sɔhɛ. Mário gblɔ be: “Fofonye ƒe anukwareɖiɖi kple nuƒoƒo tso dzi me de dzi ƒo nam ŋutɔ. Esia na mekpɔe be ne ete ŋu ɖu numame sia dzi la, ekema nye hã mate ŋui. Fofonye ƒe nɔnɔmea wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be mefa avi.”

André do dzi ƒo nu tso eŋu na Kristotɔ hamemetsitsi aɖe, eye edzɔ dzi nɛ ŋutɔ be yewɔe nenema. * André gblɔ be: “Esi hamemetsitsi la nɔ nye nyawo sem la, aɖatsi loló ɖe ŋku dzi nɛ. Esi megblɔe vɔ la, eka ɖe edzi nam be Yehowa lɔ̃m. Egblɔ nam be kuxi sia le ame geɖe ŋu. Egblɔ nam be mana yeanya ale si nuwo le yiyim, eye edo ŋugbe nam be yeadi nyatakaka aɖewo tso Biblia-srɔ̃gbalẽwo me nam. Esi meƒo nu kplii vɔ la, meɖoe kplikpaa be mayi avuwɔwɔa dzi—ne numame sia gaɖu dzinye ake kura gɔ̃ hã.”

Abe Mário kple André ene la, àte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le wò agbagbadzedze be yeaɖu ɖokuigbɔdɔdɔ ƒe numamea dzi me. Wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le aɖaka si ƒe tanyae nye “Dzra Ðo Ðe Eŋu Vevie!” me la dzi. Ẽ, kakaɖedzi nenɔ asiwò be àte ŋu aɖu aʋa la dzi godoo!—g11/06.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nu ka tae wòle vevie be nàɖo ŋku edzi be Yehowa ‘lɔ̃a tsɔtsɔke’?—Psalmo 86:5.

▪ Afɔ kawoe nàɖe atsɔ aɖu ɖokuigbɔdɔdɔ ƒe numamea dzi?

▪ Nu ka tae mele be wòakpe ŋu na wò be nàbia kpekpeɖeŋu o?

▪ Aleke nàwɔ wò susu nanɔ nu dzadzɛwo ŋu nyuie wu?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo le nyati sia me.

^ mm. 6 Togbɔ be ɖekakpuiwoe ame siwo ŋu nya míegblɔ le nyati sia me nye hã la, ɖetugbi geɖe hã wɔa avu kple ɖokuigbɔdɔdɔ. Eya ta aɖaŋu siwo woɖo la ku ɖe ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa ŋu. De dzesii hã be ame ɖokui gbɔ dɔdɔ ŋue nyati sia ku ɖo. Ewɔwɔ kple ame si menye ame srɔ̃ o la hã kpe ɖe nu si Biblia yɔ be agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu, si nye nuvɔ̃ gã le Mawu ŋku me.

^ mm. 17 Ðewohĩ ɖetugbi adi be yeagblɔe na ye dada alo nɔvinyɔnu tsitsi bubu aɖe le hamea me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 17]

Gbɔdzɔgbɔdzɔ Ake Mefia Kpododonu O!

Ele bɔbɔe ŋutɔ be nàsusu be: ‘Nyemete ŋu le edzi ɖum o, eya ta anyo wu ne mena ta.’ Tsi tre ɖe nuŋububu alea ŋu. Mègasusui gbeɖe be esi yegakpɔ gome le numame sia me zi ɖeka alo zi geɖe ta la, efia be yedo kpo nu o.

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne èle atrakpui liam, eye nèɖiɖi afɔ ɖeka alo eve va megbe la, ɖe nàgblɔ be: ‘Magbugbɔ yi atrakpuia ƒe gɔmedzeƒe ake, ne magbugbɔ dze elialia gɔmea’? Ao ɖe! Ke nu ka tae nàna nukpɔsusu masɔmasɔ sia nanɔ asiwò ɖe numame gbegblẽwo dzi ɖuɖu ya ŋu?

Zi geɖe la, ne ame gakpɔ gome le nu si ŋu wòle tsitre tsim ɖo me la, ebua fɔ eɖokui. Ðewohĩ àbu fɔ ɖokuiwò ale gbegbe be àva tsɔe ko be yemenye ame nyui o, be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ yenye, eye be yemedze na nu nyui aɖeke o. Mègaɖe mɔ fɔbuameɖokui wòagbɔ eme alea nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Awɔe be ŋusẽ si nèhiã be nàgbugbɔ dze avua gɔme la maganɔ ŋuwò o. Eye nya sia hã nenɔ susu me na wò: Ame vevitɔ kekeake si nɔ anyigba sia dzi kpɔ, si nye Yesu Kristo, la va be yeaɖe nuvɔ̃wɔlawo, menye ame deblibowo o. Eya ta mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ nu wòade blibo fifia o.—Nya sia tso Eŋlisigbe me Nyɔ! April 8, 1991, axa 15.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

Dzra Ðo Ðe Eŋu Vevie!

▪ Trɔ wò susu ɖe nu bubuwo ŋu.—Filipitɔwo 4:8.

▪ Ƒo asa na nu siwo anyɔ dzodzro manyomanyowo ɖe mewò la kpɔkpɔ.—Psalmo 119:37.

▪ Do gbe ɖa nàbia ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu.’—Korintotɔwo II, 4:7.

▪ Do vevie nu le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me.—Korintotɔwo I, 15:58.

Kpekpeɖeŋu Bubu

Ne èdi nyatakaka bubuwo le ale si nàwɔ aɖu ɖokuigbɔdɔdɔ dzi la, kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask . . . Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques) si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 25 kple 26.