Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ

Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ

Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ

AME kae nàyɔ be eyae nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ? Noa, ame si tsi agbe le Tsiɖɔɖɔ la me, eye wòva zu ame siwo katã le agbe egbea la tɔgbui yea? (Mose I, 7:1, 21, 22; 9:18, 19) Nebukadnezar, ame si ɖu xexeame dzi le blema, eye wòtso du dzeani aɖe si wòna ŋkɔe be Babilon Gã la yea? (Daniel 4:25-27 ) Alo ɖe wòanye Aleksanda Gãtɔ, ame si ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu nya wogblɔ le Biblia kura gɔ̃ hã me yea? (Daniel 8:5-8, 21, 22) Ke Roma-dziɖula xɔŋkɔ Julius Caesar ya ɖe?

Ƒe 45 aɖewo le Caesar, si ŋu nya míegblɔ fifi laa, ƒe ku megbe la, wodzi ɖevi aɖe si ŋkɔe nye Yesu le Betlexem. Eyae va zu ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔa? Ƒe alafa ɖeka kloe nye esia la, numekugbalẽ aɖe (The Historians’ History of the World ) gblɔ be: “Ne wotsɔ xexeame ƒe nukpɔsusu ɖeɖe dzaa gɔ̃ hã kpɔe la, nu siwo do tso [Yesu ƒe] dɔwɔnawo me le ŋutinya me la de ŋgɔ boo wu ame bubu ɖe sia ɖe ƒe dɔwɔwɔwo le ŋutinya me. Amewo lɔ̃ ɖe edzi le xexeame ƒe ŋkuʋuʋu vevitɔwo me be azã yeye aɖe dze egɔme tso edziɣi.”

Ame geɖe gatsɔ ɖe le Yesu Kristo ƒe nya me vevie egbea kokoko. Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia la, Amerika-dukɔa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ siwo wotana wu (Time, Newsweek, kple U.S.News and World Report) la katã ƒo nu tso eyama ŋu le woƒe axa gbãtɔwo le ɣeyiɣi ɖeka me. Aleke kee wòɖale o, edze abe ɖetsɔtsɔ le Yesu ƒe nya me dzi ɖe edzi ene. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Toronto Star) gblɔ le ƒe 2004 me be: “[Yesu] ŋu nyawo dzena le sinimawo, hadzidziwo, kple atsyã yeyewo me. Eva zu ame vevitɔ siwo míesrɔ̃na la dometɔ ɖeka.”

Ke hã, ewɔ nuku ŋutɔ be, ƒe ʋɛ aɖewo koe nye esi va yi la, ame aɖewo ʋli nya be Yesu menɔ anyi kpɔ o. Bruno Bauer (ƒe 1809-1882) nye nufiala xɔŋkɔ aɖe si hã gblɔ nya ma. Eƒe sukuviwo dometɔ ɖekae nye Karl Marx. Nyitsɔ laa la, Robert E. Van Voorst ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ aɖe (Jesus Outside the New Testament) me be: “Marx tsɔ Bauer ƒe nukpɔsusu si nye be glimemee Yesu nye la kpe ɖe eƒe nufiafiawo ŋu, eye Soviettɔwo ƒe agbalẽwo kple Kɔmiunisttɔwo ƒe ameflunyawo hã va kaka nukpɔsusu sia emegbe.”

Ke hã, egbea ame ʋɛ aɖewo koe agblɔ be Yesu menɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ o. Le nyateƒe me la, ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi enumake be enye ame vevi aɖe si nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Wall Street Journal) gblɔ le December 2002 me be: “Dzɔdzɔmeŋutinunya Mate Ŋu Agbe be Yesu Menɔ Anyi Kpɔ O.” Nuŋlɔlaa ƒo eƒe nyaa ta be: “Agbalẽnyalagã akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi xoxo be Yesu Nazaretetɔ la nɔ anyi kpɔ, negbe ame si mawudzimaxɔse va ɖoa mo na ɣeaɖewoɣi la ko.”

Gake menye Yesu ƒe anyinɔnɔ kpɔ koe na wònye ame vevi o. Time nyadzɔdzɔgbalẽ gblɔ be: “Ame sia ame alɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽtɔ gãtɔ ɖeka kolia—menye le ƒe akpe eve siawo ɖeɖe ko me o, ke boŋ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me—lae nye Yesu Nazaretetɔ la, negbe ame si mebua nuwo ŋu nyuie o koe agbe.” Egblɔ kpee be: “Woate ŋu agblɔe kakaɖedzitɔe be ame aɖeke ƒe agbe mekpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi vevie wòdidi alea de Yesu tɔ nu o.”

Ke hã, biabiaa gakpɔtɔ li: Ame ka tututue wònye nɔ anyigba dzi? Afi kae wòtso va? Nu ka tae wòva anyigba dzi ɖo? Eye nu ka tae wòle vevie alea gbegbe be míanya nu sia nu si míate ŋui la tso eŋu?—g12/06.