Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biabia Si Ðea Fu Na Ame Wu

Biabia Si Ðea Fu Na Ame Wu

Biabia Si Ðea Fu Na Ame Wu

“NU KA TAE?” Ne èbu nuxaxa kple vevesese si gbegbe ame tsɔ biaa nya mae ŋu la, ewɔ nublanui ŋutɔ. Zi geɖe la, ne afɔku aɖe dzɔ ye amewo biaa nya sia: Ahom sesẽ aɖe ƒo le nuto aɖe me, si na ame geɖe ku, eye nunɔamesiwo dome gblẽ. Anyigbaʋuʋu na dugã blibo aɖe zu glikpowo sɔŋ. Ŋɔdzidonamelawo ƒe nuwɔna na ame siwo nɔa agbe le tomefafa me gbe sia gbe tsã la va le ŋɔdzi me le vɔvɔ̃ kple ŋutasẽnuwɔwɔ ta. Alo afɔku aɖe dzɔ si gblẽ nu le míaƒe ame vevi aɖe ŋu alo wui kura.

Nublanuitɔe la, ɖekemanyala wɔnamanɔŋutɔwoe kuna le afɔku siawo me wu. Afɔku siawo dometɔ geɖe wu le dzɔdzɔm tso nyitsɔ laa, si na ame geɖe doa ɣli biaa Mawu be, “Nu ka tae?” Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ:

▪ “Mawu, nu ka tae nèwɔ nu ɖe mía ŋu alea? Nu kae míewɔ, si ve wò nenema gbegbe?” Reuters nyadzɔdzɔgblɔlawo ka nya ta be esi tsunami (si nye anyigbaʋuʋu si dzɔ le atsiaƒu gɔme hena tsi ɖe amewo) gblẽ nu le kɔƒe si me nyɔnu tsitsi aɖe nɔ ŋu le India ye nyɔnua bia nya mawo.

▪ “Afi kae Mawu nɔ hafi nu sia dzɔ? Eye ne Mawu si mee nuwo katã le ɖe, ke nu ka tae wòɖe mɔ nu sia dzɔ?” Esi ame aɖe ɖe tu ɖe amewo dzi le sɔlemexɔ aɖe me hewu ame geɖe, eye wòde bi ame aɖewo ŋu, megbee nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si wotana le Texas, Amerika, bia nya siawo.

▪ “Nu ka tae Mawu ɖe mɔ wòku?” Nyɔnu aɖe bia nya sia esime kansa wu exɔlɔ̃ le srɔ̃a gbɔ hegblẽ wo vi atɔ̃awo dzi kpɔkpɔ ɖe ŋutsua dzi.

Menye ame siawo ɖeɖe koe susuna be Mawu kokokoe anya nɔ megbe na afɔku siawo o. Le kpɔɖeŋu me, le numekuku aɖe si wowɔ to Internet dzi me la, ame siwo wobia gbee la ƒe afã xɔe se be Mawu gbɔe afɔkuwo, abe ahom sesẽwo ene, tsona. Nu ka tae ame geɖe susunɛ alea?

Subɔsubɔhawo Tɔtɔa Amewo

Le esi teƒe be subɔsubɔhakplɔlawo nana ŋuɖoɖo fakɔname amewo la, zi geɖe la, ɖe wonaa wotɔtɔna ɖe edzi boŋ. Na míadzro ŋuɖoɖo siwo wonana la dometɔ etɔ̃ ko me akpɔ.

Gbã la, subɔsubɔhakplɔla geɖe gblɔna be Mawu ŋutɔe ɖoa afɔkuwo ɖa be yeatsɔ ahe to na ame vɔ̃ɖiwo. Le kpɔɖeŋu me, le Amerika la, esi ahomya sesẽ si woyɔna be Katrina gblẽ nu le New Orleans, Louisiana la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔ be Mawue he to na dua. Wogblɔ be nufitifitiwɔwɔ, akɔdada, kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe bɔbɔ tae. Ame aɖewo kura gɔ̃ hã tsɔ Biblia ɖo kpe woƒe nyaa dzi, esi wogblɔ be Mawu tsɔ tsiɖɔɖɔ alo dzo tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɣeaɖewoɣi va yi. Ke hã, nya siawo mewɔ ɖeka kple Biblia kura o.—Kpɔ aɖaka si nye “Mawu ƒe Nuwɔnawoea?”

Evelia, subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be Mawu ŋutɔ nya nu si ta wòhea afɔkuwo vaa amegbetɔwo dzi ɖo, gake be mí amegbetɔwo míate ŋu ase wo gɔme o. Ŋuɖoɖo sia medea edeƒe na ame geɖe o. Wobiaa wo ɖokui be: ‘Ne Mawu lɔ̃amee wònye ɖe, ekema nu ka tae wòahe nu gbegblẽ sia gbegbe vɛ, evɔ wòagbe ɖetsɔtsɔ le ame siwo le akɔfafa dim vevie hele ebiam be “Nu ka tae?” ya ƒe nya me ɖo?’ Nyateƒee, Biblia gblɔ be: “Mawu enye lɔlɔ̃.”—Yohanes I, 4:8.

Etɔ̃lia, subɔsubɔhakplɔla bubuwo susu be ɖewohĩ ŋusẽ mele Mawu si nenema gbegbe o, eye be melɔ̃a ame hã o. Ðeko nya siawo hã gafɔa biabia vevi bubuwo ɖe te. Ðe Ame si “wɔ nuwo katã”—kple xexeme blibo gã sia gbegbe—mate ŋu axe mɔ ɖe fukpekpewo nu le míaƒe anyigba sia ya teti dzi oa? (Nyaɖeɖefia 4:11) Aleke wɔ amegbetɔwo ƒe fukpekpe matsɔ fu le lãme na Ame si wɔ mí be míalɔ̃ ame, ame si ƒe Nya gblɔ be eya ŋutɔ nye lɔlɔ̃ la oa?—Mose I, 1:27; Yohanes I, 4:8.

Le nyateƒe me la, mɔ siwo dzi amegbetɔwo tona be yewoaɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu me la dometɔ etɔ̃ ko ŋue míeƒo nu tsoe—ame geɖe bu tame le nya sia ƒe ŋuɖoɖo ŋu hena ƒe geɖe, gake womeke ɖe eŋu o. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro nu si Biblia fia tso nya vevi sia si hiã fifia ŋu la me. Àva kpɔe be ŋuɖoɖo si Biblia na la me kɔ, susu le eme, eye wòɖea tɔtɔ ɖe sia ɖe ɖa. Gawu la, akɔfanamenya geɖe le Biblia me na ame siwo katã dzi afɔku dzɔ ɖo le agbe me.—g11/06.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mawu Ƒe Nuwɔnawoea?

Biblia ƒe nufiafiae nya si nye be Mawue le megbe na dzɔdzɔmefɔku siwo teƒe míekpɔna egbea la nyea? Kpao! Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la to vovo sã na dzɔdzɔmefɔku siwo dzɔna egbea. Nu siwo tae la dometɔ ɖekae nye be, Mawu mehea to na ame sia ame ko o; enya nu si le amewo ƒe dzi me, eye ame siwo wòkpɔ be wonye ame vɔ̃ɖiwo koe wòtsrɔ̃na. (Mose I, 18:23-32) Gawu la, Mawu xlɔ̃a nu ame gbã, eye to esia me enaa mɔnukpɔkpɔ ame dzɔdzɔewo be woasi le afɔkua nu.

Gake zi geɖe la, vome koe dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna le, eye wowua ame hegblẽa nu le ame ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Amegbetɔwo ŋutɔ na afɔku siawo gale agbɔ sɔm ɖe edzi le mɔ aɖe nu esi wole yamenutoa dome gblẽm hele xɔ tum le teƒe siwo anyigbaʋuʋu, tsiɖɔɖɔ, kple ya sesẽwo ate ŋu agblẽ nu le la.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

SENA VIDANAGAMA/AFP/Getty Images

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ŋuɖoɖo siwo subɔsubɔhakplɔlawo nana la tɔtɔa amewo