Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Vavã!

Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Vavã!

Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Vavã!

ALE SI Mawu kpɔ aglãdzedze si dze egɔme le Eden ƒe nya la gbɔe la ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖee kple ale si wòtsɔ ɖe le míaƒe etsɔme nyonyo mee la fia. Míeɖe kuku be nàdzro kpeɖodzinya siwo gbɔna, siwo ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí ŋutɔŋutɔ la me, eye nàxlẽ mawunyakpukpui siwo míeyɔ la le wò ŋutɔ wò Biblia me.

❖ Etsɔ anyigba, si nya kpɔ tso dzɔdzɔ me, si dzi lã dzeani vovovowo le, eye wòmiea nuɖuɖu la, na mí.—Dɔwɔwɔwo 14:17; Romatɔwo 1:20.

❖ Ena ŋutilã nyui aɖe mí, si kpena ɖe mía ŋu míesea vivi na agbe gbe sia gbe, abe nuɖuɖu viviwo ɖɔɖɔ kpɔ, ale si ɣe ɖoa xɔe la kpɔkpɔ, ɖeviwo ƒe nukoko sese, kple wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe asikplakɔname.—Psalmo 139:14.

❖ Ena mɔfiame si me nunya le la mí be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxiwo kple nyaƒoɖeamenuwo nu.—Psalmo 19:8, 9; 119:105; Yesaya 48:17, 18.

❖ Ena mɔkpɔkpɔ nyui aɖe mí, eye eƒe akpa aɖee nye agbenɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi, kple míaƒe ame vevi siwo ku la ƒe tsitretsitsi teƒe kpɔkpɔ.—Luka 23:43; Yohanes 5:28, 29.

❖ Edɔ eƒe Tenuvi la be wòava ku ɖe mía ta bene agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu mía si.—Yohanes 3:16.

❖ Eɖo Mesia Fiaɖuƒe anyi ɖe dziƒo, eye wòna míekpɔ kpeɖodzi geɖe siwo ɖee fia be eteƒe madidi o, Fiaɖuƒea akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ.—Yesaya 9:6, 7; Mateo 24:3, 4, 7; Nyaɖeɖefia 11:15; 12:10.

❖ Ekpe mí be míate ɖe ye ŋu to gbedodoɖa dzi, be míaʋu míaƒe dzime na ye, eye ne míewɔe la, eɖoa to mí.—Psalmo 62:9; Yohanes I, 5:14, 15.

❖ Eyi edzi le eɖem fia amegbetɔwo be yelɔ̃ wo hetsɔ ɖe le eme na wo ŋutɔ.—Yohanes I, 4:9, 10, 19.—g11/06.