Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

ƔEAÐEWOƔI la, ame si bia be “Nu ka tae?” la dia akɔfafa kple ŋuɖoɖo, elabena ne nu vevi aɖee wɔ amea hafi wòle nya sia biam la, ekema ahiã be woafa dzi nɛ. Ðe akɔfanamenya ma le Biblia mea? Bu nyateƒenya etɔ̃ siwo Biblia gblɔ ku ɖe nya sia ŋu la ŋuti kpɔ.

Gbã la, menye nu gbegblẽe wònye be ame nabia be nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo hã o. Ame aɖewo vɔ̃na be nya siawo biabia afia be yewomexɔ Mawu dzi se o, alo be yewomedea bubu eyama ŋu o. Gake ne dzi anukwaretɔe nètsɔ biaa nya sia la, ekema nyae be menye wò ɖeɖe koe o. Nyagblɔɖila wɔnuteƒe Xabakuk bia Mawu be: “Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?” (Xabakuk 1:3) Yehowa Mawu meka mo na Xabakuk ɖe nya sia biabia ta o. Ke boŋ ena woŋlɔ nuteƒewɔla ma ƒe biabiawo ɖi be mí katã míava xlẽe.—Romatɔwo 15:4.

Evelia, ele vevie be nàse egɔme be Mawu sea veve ɖe nuwò le wò veveseseawo me. Menye ame aɖe si sa ɖe aga le afi aɖe, si gɔme womate ŋu ase o; enye ame si “lɔ̃a nya dzɔdzɔe,” eye wòlé fu vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe si dona tsoa eme. (Psalmo 37:28; Lododowo 6:16-19) Le keke Noa ƒe ŋkekeawo me ke la, ŋutasesẽ si bɔ ɖe anyigba dzi ɣemaɣi la ‘ve’ Mawu. (Mose I, 6:5, 6) Mawu metrɔ o; nenema ko wògasena le eɖokui me ɖe nu siwo le dzɔdzɔm fifia ŋu.—Maleaxi 3:6.

Etɔ̃lia, menye Mawu gbɔe vɔ̃ɖinyenye tsona gbeɖe o. Biblia na nya sia me kɔ nyuie. Ame siwo gblɔna be Mawu gbɔe amewuwu kple nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ tsona la le vlo dom eyama. Se nya si Hiob 34:10 gblɔ ɖa: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.” Nenema kee Yakobo 1:13 hã gblɔ be: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” Eya ta ne èle fu kpem le vɔ̃ me la, ka ɖe edzi be menye Mawue na o.

Ame Kae Le Xexeame Dzi Ðum?

Togbɔ be susu le nya siwo míegblɔ va yi me hã la, biabiaa kpɔtɔ li kokoko be: Ne lɔlɔ̃tɔ, dzɔdzɔetɔ, kple ŋusẽtɔe Mawu nye ɖe, ekema nu ka tae vɔ̃ɖinyenye bɔ alea? Nukpɔsusu masɔmasɔ aɖe li si wòle be míaɖe ɖa gbã. Ame geɖe susuna be Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le xexe sia dzi ɖum, be eya si mee nuwo katã le. Subɔsubɔhawo ŋuti nusrɔ̃ƒe aɖe ƒe amegã gblɔ be: “Mawu ƒe ŋusẽ tee nuwo katã le, xexeame nu suetɔ kekeake kura gɔ̃ hã.” Biblia ƒe nufiafiae nya sia nye vavãa?

Kpao. Ewɔa nuku na ame siwo va srɔ̃a Biblia la dometɔ geɖe ne wokpɔ nu si tututu Biblia gblɔ tso ame si le xexeame dzi ɖum ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yohanes I, 5:19 gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Ame kae nye vɔ̃ɖitɔ sia? Yesu gblɔ be eyae nye Satana Abosam, eye wòyɔe be “xexeamefia.” (Yohanes 14:30) Ahãa, nyaa me le kɔkɔm azɔ, mèkpɔe oa? Tagbɔsesẽtɔ ye Satana nye, ameblela ye, futɔ ye—nɔnɔme siawo gbɔe fu siwo amewo kpena la dometɔ geɖe tsona. Gake nu ka tae Mawu ɖe mɔ Satana le dzi ɖum?

Nya Aɖe Fɔ Ðe Te Le Eden-bɔa Me

Tsɔe be wotso dzila lɔ̃ame nyui aɖe nu le dutoƒo be metoa nyateƒe na viawo o, be mele ŋusẽ si le esi ɖe wo ŋu la zãm nyuie o, eye be ele nu nyuiwo tem wo; aleke wòase le eɖokui me? Ne edi be yeaɖee afia be nutsonya mawo mele eteƒe o la, ɖe wòadze ame si tso enu la dzi awɔ nuveviia? Ao ɖe! Ne ewɔ nu nenema la, ɖewohĩ ɖeko wòana amewo nasusu be nyateƒee ame si tso enu la to.

Kpɔɖeŋu sia akpe ɖe mía ŋu míaɖe ale si Yehowa Mawu kpɔ nya si wotsɔ ɖe eyama ŋu le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke le teƒe aɖe si woyɔna be Eden gbɔe la me. Mawu gblɔ tameɖoɖo nyui si le esi na via siwo anɔ anyigba dzi la na ame eve gbãtɔ siwo wòwɔ, siwo nye Adam kple Xawa. Egblɔ na wo be woayɔ anyigba la dzi, woaɖu edzi, eye woatrɔe wòazu paradiso. (Mose I, 1:28) Gawu la, Mawu ƒe vi miliɔn alafa geɖe, siwo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo, hã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe tameɖoɖo nyui sia ŋu.—Hiob 38:4, 7; Daniel 7:10.

Esi Mawu nyodɔmee Yehowa nye ta la, etsɔ abɔ dzeani aɖe kple eme kutsetse viviawo na Adam kple Xawa be wòanye woƒe aƒe. Ati ɖeka ŋu ko wòde se le na wo—“ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃.” Ne ɖe Adam kple Xawa meɖu ati sia o la, anye ne woɖee fia be yewoka ɖe yewo Fofo la dzi bliboe, eye be yewolɔ̃ ɖe edzi be ekpɔ mɔ atso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu na viawo.—Mose I, 2:16, 17.

Gake nublanuitɔe la, Mawu ƒe vi, siwo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo, la dometɔ ɖeka di be woasubɔ ye; eya ta dzodzro sia ʋãe wòva gblɔ na Xawa be ne eɖu ati si ŋu wode se le la, maku o. (Mose I, 2:17; 3:1-5) Ale Satana, mawudɔla vɔ̃ɖi sia, tsi tre ɖe Mawu ŋu tẽ; nya si koŋ gblɔm wònɔe nye be Mawu nye aʋatsokala! Satana tso Mawu nu hã be ele nu vevi aɖe si wòle be Adam kple Xawa nanya la ɣlam ɖe wo. Satana ƒe nyawo fia be, ele be woaɖe mɔ na amegbetɔwo ne woa ŋutɔwo natso nya me le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu na wo ɖokui. Ne míagblɔe kpuie la, Satana tso Mawu nu be medze anye Dziɖula kple Fofo o, eye be ye Satana, yeate ŋu ana nuwo nanyo wu.

To ayemenuwɔna kple ameŋugblẽnya alakpatɔe mawo dzi la, mawudɔla sia wɔ eɖokui Satana Abosam. Ŋkɔ siawo gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula” kple “Ameŋugblẽla.” Nu kae Adam kple Xawa wɔ? Wode Satana dzi hetrɔ megbe de Mawu.—Mose I, 3:6.

Yehowa ate ŋu atsrɔ̃ aglãdzelaawo enumake hafi. Ke hã, abe ale si míegblɔe le kpɔɖeŋu si míewɔ me ene la, wɔɖenuiwɔwɔ le dziku me mate ŋu akpɔ nya siawo gbɔ o. Nenɔ susu me na wò hã be esime Satana tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la, mawudɔla miliɔn geɖe see. Le nyateƒe me la, wo dometɔ gbogbo aɖe, siwo ƒe xexlẽme míenya o, va de Satana dzi le eƒe aglãdzedzea me, eye wowɔ wo ɖokui gbɔgbɔ vɔ̃wo.—Marko 1:34; Petro II, 2:4; Yuda 6.

Nu Ka Tae Mawu Mekpɔ Nyaa Gbɔ O?

Esi Satana ble Adam kple Xawa nu wotiae be yewoanɔ yewo ɖokui si, eye yewo Wɔla nagakpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzi o la, ɖe Satana va ɖo ƒome aɖe si le eƒe ŋusẽ te boŋ, menye ɖe wòna ablɔɖe wo o. Woɖanya alo womeɖanya o, ƒome sia me tɔwo “fofo,” Abosam, na wotia woa ŋutɔwo ƒe taɖodzinuwo kple agbenɔnɔ me dzidzenuwo. (Yohanes 8:44) Gake ɖe nuwɔwɔ nenema ana woavo ŋutɔŋutɔ ahakpɔ dzidzɔ vavãtɔa? Yehowa ya nya nyuie be manya wɔ o. Ke hã, eɖe mɔ aglãdzelaawo yi woƒe ablɔɖe la didi dzi, elabena ema ko hafi woate ŋu akpɔ nya siwo fɔ ɖe te le Eden la gbɔ bliboe.

Ƒe 6,000 kple edzivɔe nye esi va yi si amegbetɔwo ɖo xexeame nuɖoanyi aɖe anyi, eye wote dziɖuɖu kple agbenɔnɔ me dzidzenu vovovowo kpɔ. Nu siawo na nèle dzidzɔ gbagbe aɖe kpɔm fifia? Ðe ameƒomea le dzidzɔ kpɔm, le ŋutifafa me hewɔ ɖekaa? Mehiã be woagabia nya ma o; ŋuɖoɖoa dze xoxo! Aʋawɔwɔ, dɔwuame, dzɔdzɔmefɔkuwo, dɔléle, kple ku boŋue va xɔ aƒe ɖe amegbetɔwo dome, eye emetsonuwoe nye “gbegblẽ,” vevesese, kple ‘ŋeŋe,’ abe ale si tututu Biblia gblɔe ene.—Romatɔwo 8:19-22; Nyagblɔla 8:9.

Ke hã, ame aɖewo abia be, ‘Nu ka tae Mawu mexea mɔ na afɔkuwo ƒe dzɔdzɔ o?’ Ne míagblɔe tututu la, ema manye nu si dzɔ wɔwɔ o, eye ɖeko wòana nyaa ƒe afɔ nabú, elabena ana wòava dze abe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu megblẽa naneke le ame ŋu o ene. Yehowa metoa mɔ aɖeke dzi xea mɔ na nuvlowɔwɔ kple afɔku siwo katã dona tsoa tomaɖomaɖo eyama me o. * Yehowa made alakpa vɔ̃ɖi si Satana da be yeƒe nuɖoanyia akpɔ dzidzedze la dzi gbeɖe, ne wòagblɔ be yenya mɔ si dzi yeato ana amewo nakpɔ dzidzɔ o! Ke hã, esia mefia be Yehowa metsɔa ɖeke le nu siwo dzɔna la me o. Le nyateƒe me la, ele dɔ dzi vevie, abe ale si míele ekpɔ ge azɔ ene.

“Fofonye Le Dɔ Wɔm”

Yesu ƒe nya siawo fia be Mawu metsɔ asi ɖo glã le nu siwo le dzɔdzɔm la kpɔm o. (Yohanes 5:17) Ke boŋ ele dɔ dzi vevie tso esime wodze aglã ɖe eŋu le Eden. Le kpɔɖeŋu me, etsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ŋugbe si wòdo be “dzidzime” aɖe ava gbã ta na Satana kple ame siwo katã dea edzi la da ɖi. (Mose I, 3:15) Gawu la, to Dzidzimevi ma dzi la, Mawu aɖo dziɖuɖu aɖe, Dziƒofiaɖuƒe aɖe, si ayra amegbetɔ toɖolawo, eye wòahe fukpekpewo, kple ku ŋutɔ gɔ̃ hã, ava nuwuwui.—Mose I, 22:18; Psalmo 46:10; 72:16; Yesaya 25:8; 33:24; Daniel 7:13, 14.

Afɔ aɖe si Yehowa ɖe le ŋugbedodo nyui mawo me vava mee nye be edɔ Ame si ava zu Fiaɖuƒe ma ƒe Dziɖula vevitɔ la ɖe anyigba dzi. Ame siae nye Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la. (Galatiatɔwo 3:16) Le ɖekawɔwɔ me kple tame si Mawu ɖo ɖe eyama ŋu la, Yesu ƒe nufiafiawo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu koŋ. (Luka 4:43) Le nyateƒe me la, Kristo ɖe nu si wòawɔ ne eva le dzi ɖum abe Fiaɖuƒe ma ƒe Fia ene la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe fia. Ena nuɖuɖu ame akpe geɖe, eda dɔ na dɔnɔwo, efɔ ame kukuwo, eye eɖe eƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe yame ƒe nɔnɔmewo dzi la fia esime wòtsi ahomya sesẽ aɖe nu. (Mateo 14:14-21; Marko 4:37-39; Yohanes 11:43, 44) Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be: “Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me [wozu] ẽ le.”—Korintotɔwo II, 1:20.

Ame siwo ɖo to Yesu ƒe nyawo, eye wodo go “tso xexeame”—si nye nuɖoanyi si te ɖa tso Mawu gbɔ, si dzi ɖum Satana le—la vaa Yehowa ƒe ƒomea me. (Yohanes 15:19) Lɔlɔ̃e nye nu vevitɔ si kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavãwo ƒe ƒome sia me tɔwo dzi, woɖoe be yewoanɔ ŋutifafa me, eye eɖe dzesi le wo ŋu be woɖoe kplikpaa be yewoaɖe nazãbubu kple ŋutigbalẽ alo gbegbɔgblɔ ƒe vovototodedeameme ƒomevi ɖe sia ɖe ɖa.—Maleaxi 3:17, 18; Yohanes 13:34, 35.

Le esi teƒe be Kristotɔ vavãwo nade fifi xexeame dzi la, wodea Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi heɖea gbeƒãe le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sedede si dze le Mateo 24:14 dzi me. Wò ya bu nya sia ŋu kpɔ: Ame kawoe ɖea gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la le xexeame godoo? Ame kawoe gbe, le xexeame katã, be yewomakpɔ gome le aʋawɔwɔ kple dukɔwo kpakple towo dome dzrehehewo me o? Ẽ, ame kawoe ɖe mɔ Mawu ƒe Nya la fiaa mɔ woƒe agbenɔnɔ, ame bubuwo ɖalɔ̃ ɖe eƒe gɔmeɖose kɔkɔawo dzi alo womeɖalɔ̃ ɖe wo dzi o hã? (Yohanes I, 5:3) Ame geɖe de dzesi nɔnɔme siawo le Yehowa Ðasefowo ŋu. Míeɖe kuku, wò ŋutɔ hã dzro kpeɖodziawo me kpɔ.

Tso Nya Me Be Nàva Mawu Ƒe Dziɖuɖua Ƒe Akpa Dzi!

Ame siwo te ɖa le Mawu ŋu, eye Satana ble wo la, ɖo xexeame nuɖoanyi aɖe si me nɔnɔme wɔnublanuiwo kple mɔkpɔkpɔmanɔamesi va xɔ aƒe ɖo. Wole anyigbaa ŋutɔ gɔ̃ hã gblẽm! Gake Yehowa ya ɖo dziƒodziɖuɖu aɖe anyi, si trɔ ame miliɔn geɖe ƒe agbe wònyo wu, eye wòna mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la wo dometɔ ɖe sia ɖe. (Timoteo I, 4:10) Kae nàtia?

Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be nàtso nya me, elabena Mawu maɖe mɔ Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖi sia naɖu dzi tegbee o. Tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me be anyigba sia nazu paradiso la metrɔ o. Esia tae eƒe Fiaɖuƒea kple edzidelawo anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi, gake ‘fu’ ayi edzi anɔ xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te ya ‘ɖum’ va se ɖe esime Mawu nava tsrɔ̃e. (Mateo 24:3, 7, 8) Eya ta ne èbia Mawu tso dzi me kpɔ be “Nu ka tae?” la, ekema ɖo toe to kaka ɖe akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ ƒe gbedasi si le Biblia me la dzi. Wò vevesese ƒe avifafawo ate ŋu atrɔ azu dzidzɔ ƒe avifafa fifia kura gɔ̃ hã.—Mateo 5:4; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.—g11/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Togbɔ be Mawu de nu amegbetɔwo ƒe nyawo me ɣeaɖewoɣi hã la, menye fifi nuɖoanyia dzi demee wòle o. Nu siwo wɔm wòle la ku ɖe eƒe tameɖoɖo me vava ŋu boŋ.—Luka 17:26-30; Romatɔwo 9:17-24.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Ðe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu na wò dzi dze emea?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Vidzĩ: © J. B. Russell/Panos Pictures; nyɔnu si le avi fam: © Paul Lowe/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Yesu agbugbɔ Paradiso aɖo anyi—ana ame kukuwo gɔ̃ hã nagbɔ agbe