Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ta Wònye Ame Vevi Nenema Gbegbe Ðo

Nu Si Ta Wònye Ame Vevi Nenema Gbegbe Ðo

Nu Si Ta Wònye Ame Vevi Nenema Gbegbe Ðo

ƑE 2,000 enye sia si amewo tsɔ ɖe le Yesu dzidzi me vevie. Le Luka, si nye atikewɔla le ƒe alafa gbãtɔ me, ƒe nya nu la, mawudɔla aɖe gblɔ na ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, si ŋkɔe nye Maria, be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.” Nya kae mawudɔla si wodɔ la gblɔ tso Yesu ŋu? Egblɔ be: “Eya [Yesu] anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi . . . eye wòaɖu fia . . . eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.”—Luka 1:31-33.

Nu sia tututue amegbetɔwo hiã na—xexeame ƒe dziɖula dzɔdzɔe si akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ le lɔlɔ̃ me! Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe ɖi xoxoxo do ŋgɔ na Yesu dzidzi be: “Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be . . . fofo mavɔ, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa . . . o.”—Yesaya 9:5, 6.

Dziɖuɖu dzɔdzɔe kple ŋutifafa—nu nyui kawo gbegbee nye esi woakpɔ mɔ na! Gake de dzesii be wogblɔe ɖi be dziɖuɖu sia anɔ abɔta na fiavi aɖe—‘Ŋutifafafia’—si ɖee fia be nuwɔwɔwo katã ƒe Fia, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, la tsɔ dziɖuɖu sia na Via. Eya ta Yesu yɔ dziɖuɖu sia si ƒe Fia wòanye la enuenu be “mawufiaɖuƒe.”—Luka 9:27, 60, 62.

Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi teti la, egblɔ be: ‘Ele nam be, magblɔ Mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia du bubuawo hã; elabena eya ta wodɔm ɖo.’ (Luka 4:43) Yesu fia eyomedzelawo gɔ̃ hã be woado gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava. (Mateo 6:9, 10) Magazine aɖe (Christianity and Crisis) gblɔ be, “Fiaɖuƒe lae nye nu vevitɔ si ŋu Yesu fia nu tsoe,” eye wògblɔ kpee be: “Nya bubu aɖeke meganɔ eƒe susu me, alo nɔ vevie le eƒe gbedasia me, de enu o. Woƒo nu tso eŋu wòwu zi alafa ɖeka le Nyanyuigbalẽawo me.”

Biabia Siwo Ŋu Wòle Be Míade Ŋugble Le

Aleke nèbua Yesu egbea? Le December ƒe ɣletia me la, ame geɖe kpɔa gome le wɔna siwo me woɖea Yesu fiana abe vidzĩ si le lãnuɖunu me ene la me. Eye nyateƒee wònye be enye vidzĩ wɔnamanɔŋutɔ hena ɣeyiɣi kpui aɖe kpɔ. (Luka 2:15-20) Gake nenema koŋue wòle be míanɔ ŋku ɖom edzia? Bu eŋu kpɔ: Nu ka tae Yesu va zu amegbetɔ wodzi? Ame ka tututue wònye nɔ anyigba dzi?

Agbalẽ aɖe (Encarta Yearbook, ƒe 1996 tɔ) bia be: “Yesu ye nye Mawu ƒe Vi, Mesia si ŋugbe wodo le Hebri Ŋɔŋlɔawo mea? Alo amegbetɔ tsɛ aɖe koe wònye abe ame bubuwo ke ene, togbɔ be etɔgbe mebɔ o hãa?” Ele be míabu biabia siawo ŋu vevie. Nu ka tae? Elabena agbe si míanɔ kple dzidzɔ si míakpɔ la nɔ te ɖe nukpɔsusu si le mía si le Yesu ŋu kple ale si míewɔa nu ɖe eyama ŋui la dzi. Biblia gblɔ be: “Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; [gake] amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o.”—Yohanes 3:36.

Menye Amegbetɔ Tsɛ Aɖe Koe Wònye O

Esi Biblia ƒo nu tso nu siwo Yesu wɔ le Yerusalem-gbedoxɔa me esime wòxɔ ƒe 12 ŋu vɔ la, egblɔ be etrɔ yi aƒe me kple dadaa Maria kpakple dadaa srɔ̃, Yosef, eye “[Yesu yi edzi bɔbɔ] eɖokui na wo.” (Luka 2:51, 52) Gake esi Yesu tsi la, eva dze ƒã be menye ame tsɛ aɖe koe wònye o.

Esi Yesu na ya sesẽ aɖe si nɔ ƒoƒom le atsiaƒu dzi nu fa la, exɔlɔ̃ aɖe si kpɔe, eye vɔvɔ̃ ɖoe la do ɣli be: ‘Ameka gɔ̃e nye esia?’ (Marko 4:41) Mlɔeba wotso Yesu nu aʋatsotɔe hedee asi na Roma Nutomefia Pontio Pilato. Esi Pilato ka ɖe edzi be Yesu meɖi fɔ o, eye Yesu ƒe nuwɔwɔ bubudeameŋutɔe le ŋutasẽnu kple nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe eŋu me wɔ dɔ ɖe edzi ta la, Yesu ƒe nu wɔ nuku nɛ wòkplɔe do go va amehaawo gbɔ hedo ɣli gblɔ be: “Mikpɔ amea ɖa!” Gake Yudatɔwo ɖo eŋu be: “Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, wòaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.—Yohanes 19:4-7.

Esi Pilato se woyɔ Yesu be “Mawuvi” la, vɔvɔ̃ ɖoe. Srɔ̃a ɖo du ɖee xoxo be yeku drɔ̃e tso ‘ame dzɔdzɔe ma,’ si nye Yesu ŋu. (Mateo 27:19) Eya ta Pilato nɔ eɖokui biam be ame ka tututue Yesu nye hã! Togbɔ be Pilato nya be Galilea ye Yesu tso hã la, ebiae be: “Afika nètso?” Esi Yesu gbe eŋuɖoɖo la, dzeɖoɖoa nu tso.—Yohanes 19:9, 10.

Edze ƒã be amegbetɔe Yesu nye esime wònɔ anyigba dzi, ke hã, eto vovo na ame bubuwo elabena enye gbɔgbɔmeme kpɔ, eye ɣemaɣi si wònɔ dziƒo la, woyɔe be Nya la. Emegbe Mawu trɔ eƒe agbe de Maria ƒe vidzidɔ me nukutɔe. Apostolo Yohanes ɖi ɖase tso eŋu gblɔ be: “Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mía dome.”—Yohanes 1:1, 2, 14, 18; Nyaɖeɖefia 3:14.

Nu Ka Tae Wòhiã Be Ame Aɖe Natso Mawu Gbɔ Ava?

Ame gbãtɔ, Adam, dze nuvɔ̃ me hafi va dzi vi. Mawudɔla dzeaglã aɖe, si wova yɔ be Abosam kple Satana, ble Adam wògbe toɖoɖo Mawu. Esia wɔe be ƒomedodo si nɔ Adam kple Mawu dome abe vi kple tɔ ene la bú; nu ma tututue Mawu gblɔ be adzɔ ne egbe toɖoɖo ye. Aleae Adam kpe nu si wòwɔ la me tsonuwo ƒe fu. Eva zu ame madeblibo, va tsi, eye mlɔeba, wòku.—Mose I, 2:15-17; 3:17-19; Nyaɖeɖefia 12:9.

Esi Biblia nɔ nu ƒom tso nu si do tso Adam ƒe tomaɖomaɖoa me na mí eƒe dzidzimeviwo katã la, eɖe eme be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Nublanuitɔe la, mí katã míenyi nuvɔ̃ kple emetsonu wɔnublanuiawo, siwo nye tsitsi kple ku, dome tso mía tɔgbui Adam gbɔ.—Hiob 14:4; Romatɔwo 3:23.

Ne míekpɔ fofo deblibo aɖe, ame si menyi nuvɔ̃ kple emetsonu gbegblẽawo dome o, ko hafi woate ŋu aɖe mí tso nuvɔ̃metsonu siawo me. Bu ale si wona míekpɔ fofo yeye ma, si sɔ kple ame deblibo Adam la ŋu kpɔ.

Wona Míekpɔ Ame Si Hiã Mí La

Àɖo ŋku edzi be woyɔ “ŋutifafafia” si ŋugbe wodo la be “fofo mavɔ” hã. Wogblɔ eƒe dzidzi ŋu nya ɖi ale: “Ðetugbi [si menya ŋutsu o] afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi.” (Yesaya 7:14; Mateo 1:20-23) Fofo menɔ Yesu si le anyigba dzi o, eye ɖeke menɔ ame gbãtɔ, Adam, hã si o. Esi Biblia-ŋutinyaŋlɔla Luka nɔ ame siwo me Yesu do tso yɔm va se ɖe amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, eɖee fia be Adam va dzɔ abe ‘Mawu ƒe vi’ ene. (Luka 3:38) Ke hã, abe ale si míeva kpɔe ene la, Adam bú woa kple Mawu dome ƒomedodo abe vi kple tɔ ene—ebúi na eɖokui kple mí eƒe dzidzimeviwo katã hã. Eya ta le mɔ aɖe nu la, míehiã fofo yeye aɖe si de blibo—fofo si le abe ale si Adam nɔ esime wowɔe ene.

Mawu dɔ Via ɖa tso dziƒo be wòava xɔ ɖe Adam teƒe azu Adam yeye. Biblia gblɔ be: “‘Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe’; Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ, si na agbe. Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la.” (Korintotɔwo I, 15:45, 47) “Adam mamlɛtɔ,” Yesu, nɔ abe “ame gbãtɔ, Adam” ene, elabena enye ame deblibo, si ate ŋu adzi vi deblibo, siwo ate ŋu anɔ agbe tegbee le blibodede me le anyigba dzi.—Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Yesu medzi vi aɖeke o, eye wòwɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe ku me, togbɔ be Satana tsi tre ɖe eŋu vevie hã. Woyɔa agbe deblibo si Yesu tsɔ sa vɔe, alo tsɔ na, abe amegbetɔ nuteƒewɔla ene la be tafe. Biblia ɖe eme be: “Míekpɔ fexexeɖeta [tso nuvɔ̃ kple ku si dome míenyi tso Adam gbɔ me] la . . . to [Yesu ƒe] ʋu la me.” Egblɔ hã be: “Alesi to ame ɖeka [Adam] ƒe tomaɖomaɖo me wowɔ ame geɖewo zu nuvɔ̃wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka [Yesu] ƒe toɖoɖo me hã woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo.”—Efesotɔwo 1:7; Romatɔwo 5:18, 19; Mateo 20:28.

Ne míeɖenɛ fiana be míexɔ Yesu dzi se la, ekema azu “fofo mavɔ” kple “xɔla” siaa na mí. Azã fiavi ƒe ŋusẽ si wonɛ la le mɔ nyui ŋutɔ aɖe nu ne ele fia ɖum le Fofoa ƒe Fiaɖuƒea me. Azɔ na míakpɔ ale si agbenɔnɔ anɔ le fia ma ƒe dziɖuɖu te ɖa, ne míadzro ɣeyiɣi si me míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na yayra nyui mawoe la hã me.—Luka 2:8-11.—g12/06.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Aleke nèsusuna be Yesu le egbea?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nu ka tae woyɔ Yesu be “Adam mamlɛtɔ” ɖo?