Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vi Nudomegblẽlae Menye Tsã

Vi Nudomegblẽlae Menye Tsã

Vi Nudomegblẽlae Menye Tsã

Abe Ale Si Meros William Sunday Gblɔe Ene

Tso ɖevime kee wofiam ale si malɔ̃ Yehowae; gake esi mexɔ ƒe 18 la, medze aglã hedzo le aƒe me. Menɔ agbe ƒe 13 sɔŋ abe vi nudomegblẽla si ƒe kpɔɖeŋu Yesu wɔ ene. (Luka 15:11-24) Meva zu atike muame dzrala, eye megblẽ nye agbe dome kloe. Mina magblɔ nu si na metrɔ nye agbenɔnɔ hetrɔ gbɔ la na mi.

WODZIM le ƒe 1956 me, eye dzinyelawo nye Kristotɔwo. Mí ame asiekee wodzi, eye nyee nye evelia. Míenɔ Ilesha, si nye du aɖe si le Nigeria ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Katolikotɔe fofonye nye tsã, gake le ƒe 1945 me la, tɔɖia na agbalẽ aɖe si ŋkɔe nye The Harp of God lae. * Esi Papa xlẽe vɔ la, edi Yehowa Ðasefowo ƒe mɔ enumake. Le ƒe 1946 me la, exɔ nyɔnyrɔ, eye eteƒe medidi o Dada hã xɔ nyɔnyrɔ.

Megaɖoa ŋku ale si gbegbe mebua Yehowa ame ŋutɔŋutɔe le nye ɖevime, kple ale si mekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kple dzinyelawoe la dzi kokoko. Fofonyee srɔ̃ Biblia kplim. Ɣeaɖewoɣi la, Alice Obarah, si srɔ̃ nye dzikpɔla si subɔa hamewo, hã srɔ̃nɛ kplim. Dzinyelawo di be mazu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela. Ke hã, Dada do susua ɖa be made sekɛndrisuku gbã.

Gake esi mexɔ ƒe 16 hete sukua dede ko la, meva dze xɔlɔ̃ gbegblẽ aɖewo siwo mebua Biblia me gɔmeɖosewo ɖe naneke me o. Movinu kae nye esi mewɔ! Eteƒe medidi o, mete atamanono hete agbe baɖa nɔnɔ. Menya be agbe si nɔm meva nɔ la mewɔ ɖeka kple nufiame si mexɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpeawo o, eya ta medzudzɔ kpekpeawo dede, eye nyemegakpɔa gome le aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa hã me o. Esia zu nuxaxa na dzinyelawo, gake ame aɖeke ƒe nu megawɔa dɔ ɖe dzinye o.

Medzo Le Aƒe Me

Ƒe eve koe mede sekɛndrisukua esi meʋu le aƒe me hete xɔ̃nyewo gbɔ tsitsi le míaƒe nutoa me. Ɣeaɖewoɣi la, metoa nuxanuxa vaa aƒea me, va tsɔa nuɖuɖu ɖe sia ɖe si ŋu meke ɖo, hesina dzona. Dzi ɖe le Papa ƒo, eya ta megaxea nye sukufe o, kple susu be ɖewohĩ matrɔ nɔnɔme.

Gake le ɣemaɣi tututu la, wona sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔm. Ame aɖe nɔ sukufea xem ɖe nunye tso Scotland (Écosse), eye ɣeaɖewoɣi la, eɖoa nunanawo kple ga ɖem. Nɔvinyeŋutsu eve hã dzudzɔ hadede kple Yehowa Ðasefowo, eye esiawo katã na nuxaxa gadze nuxaxa dzi na dzinyelawo. Dada tsɔ aɖatsiwo ɖe kuku nam zi geɖe. Togbɔ be ema te ɖe dzinye vie hã la, nyemetrɔ nye agbenɔnɔ o.

Meyi Dugãwo Me

Esi mewu suku nu le ƒe 1977 me la, meyi Lagos, eye mekpɔ dɔ le afi ma. Ema megbe kpuie la, meto mɔ fitifiti dzi kpɔ ga heƒle taksi. Fifia si ga sɔ gbɔ le asinye la, mete atike muamewo zazã, eye mezãa ɣeyiɣi geɖe nɔa zãmodzakaɖeƒewo kple gbolowo nɔƒewo. Medidi o, Lagos ƒe agbea megava nɔ nunye vivim o, eya ta meʋu yi London (Londres) le ƒe 1981 me. Tso afi ma meyi Belgium (Belgique), afi si mesrɔ̃ Fransegbe le, eye mewɔ dɔ le nuɖuɖudzraƒe aɖe hena ɣeyiɣi aɖe. Ke hã, mezã nye ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ nɔ ʋuwo kple elektrɔnikmɔ̃wo ɖom ɖe Nigeria.

Papa ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si le Belgium hebia be woadim ahadze agbagba asrɔ̃ Biblia kplim. Gake ɣesiaɣi si Ðasefoawo va aƒenye me la, menyãa wo. Mete sɔleme aɖe dede, afi si míeɖua nu, noa nu, hekpɔa gome le kamedefefe vovovowo me le le sɔlemea ƒe kpakpã megbe.

Atike Muamewo Dzadzra

Le ƒe 1982 me la, meɖo ʋu xɔasi aɖe ɖe Nigeria, eye meyi melidzeƒea be nye ŋutɔ mawɔ eŋuti gbalẽwo. Nigeria Dedzi dɔwɔlawo kpɔe dze sii be adzɔxegbalẽa mele se nu o, eya ta wodem mɔ ŋkeke 40. Fofonyee va xe fe ɖe tanye hafi woɖe asi le ŋunye. Esi wònye mehiã ga hafi awu nyaa nu ta la, meƒle nanewo trɔ yi Belgium, siwo dome gbekui si ƒe kpekpeme ade kilogram gbogbowo le. Esi wova kpɔ dedzi ŋuti adzɔxegbalẽa ƒe nya gbɔ vɔ la, meva ƒo ɖokuinye ɖe atike muame dzadzra me.

Le mɔzɔzɔ aɖe me la, wolém le Netherlands (Pays-Bas). Dutamɔzɔnyagbɔkpɔlawo dem yameʋu aɖe si nɔ Nigeria yim la be mayi aƒe. Le mɔa dzi la, medo go atike muame dzrala bubuwo, eye míeɖo atike muame dzadzra ƒe ha aɖe. Le January 1984 me la, meʋu yi Afrika-dukɔ bubu me. Esi mete ŋu doa Fransegbe, si nye gbe si wodona le dukɔ ma me, ta la, eteƒe medidi o medze xɔ̃ kpovitɔwo, asrafowo, kple dutamɔzɔnyagbɔkpɔlawo. Ale míewɔ ɖoɖo te ŋu tsɔa gbekui kpekpeme kilogram akpe geɖe vaa dukɔa mee.

Wolém Hedem Mɔ

Megava ɖo xaxa me ake. Mewɔ ɖoɖo kple asrafomegã aɖe be wòakpe ɖe ŋunye matsɔ nye agbawo ato yameʋudzeƒe si le dukɔa me. Gake meva kaba o, eye wolém. Kpovitɔawo ƒom hewɔ funyafunyam ale gbegbe be meyi ɖi me. Wokɔm yi kɔdzi hegblẽm ɖe afi ma henɔ mɔ kpɔm be maku. Gake metsi agbe, eye emegbe wotso nunye, bu fɔm, eye wodem mɔ.

Kaka mado le ga me la, xɔ̃nye aɖe si si mebia tso be wòanɔ nye aƒea dzi kpɔm nam la dzra nye nunɔamesiwo katã hesi dzo. Be mate ŋu akpɔ nu aɖu la, megate gbekuidzadzra enumake. Ke hã, le ŋkeke ewo megbe la, wogalém ake, eye wodem mɔ ɣleti etɔ̃. Esime woɖe asi le ŋunye la, medze dɔ ale gbegbe be meku ɣemaɣi hã kloe. Medze agbagba trɔ gbɔ va Lagos.

Megaɖo “Asitsadɔa” Me Ake

Esi meva ɖo Lagos la, medo go hadɔwɔla aɖewo, eye míeɖo ta India (Inde), afi si míeƒle atike muame si nye heroin si ƒe home ade Amerika dɔlar 600,000 le. Esi míedzo le Bombay (si woyɔna be Mumbai fifia) la, míeʋu yi Switzerland (Suisse), emegbe míeʋu yi Portugal, eye mlɔeba míeva Spain (Espagne). Mía dometɔ ɖe sia ɖe míekpɔ ga geɖe, eye míeto mɔ vovovowo gbɔ va Lagos. Le ƒe 1984 ƒe nuwuwu lɔƒo la, megaƒle atike muame gbogbo aɖewo ɖadzra. Nye didie nye be makpɔ ga wòade dɔlar miliɔn ɖeka, eye emegbe maʋu aɖanɔ Amerika.

Le ƒe 1986 me la, meƒo nye gawo katã nu ƒu, eye meƒle heroin akuakua le Lagos. Metsɔe yi dukɔ bubu me, gake eva ge ɖe asitsala ŋuklẽla aɖe sime, eye mexe eƒe fea nam va se ɖe egbe o. Esi menɔ vɔvɔ̃m ɖe nye agbe nu ta la, metrɔ gbɔ va Lagos, eye nyemegblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Donyeme gblẽ: ga aɖeke megale asinye o, eye agbe hã tim. Ɣemaɣie nye zi gbãtɔ si mebɔbɔ nɔ anyi hebu tame tso nye agbe ŋu. Mebia ɖokuinye be: ‘Nu ka tae mele fu siawo gbegbe kpem ɖo?’

Metrɔ Va Mawu Gbɔ

Gbe ɖeka zã me le esia megbe kpuie la, medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Kaka ŋu nake makpɔ ɖa koa, ŋutsu tsitsi aɖe kple srɔ̃ae nye ema va ƒo ʋɔ nam. Yehowa Ðasefowoe wonye. Menɔ anyi kpoo ɖo to wo, eye wona magazine aɖem. Megblɔ na wo be: “Yehowa Ðasefowoe dzinyelawo nye. Alice Obarah srɔ̃a Biblia kplim tsã.”

Ŋutsu tsitsia, si ŋkɔe nye P. K. Ogbanefe, ɖo eŋu gblɔ be: “Míenya Nɔviŋutsu Obarah kple srɔ̃a nyuie. Wole subɔsubɔm fifia le Nigeria ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Lagos.” Wode dzi ƒo nam be mayi aɖasrã wo kpɔ. Nye gododo kple Nɔviŋutsu Obara kpakple srɔ̃a de dzi ƒo nam geɖe ŋutɔ. Ema megbe la, Nɔviŋutsu Ogbanefe te Biblia sɔsrɔ̃ kplim, eye eteƒe medidi o, mete tɔtrɔwo wɔwɔ le nye agbe baɖa la nɔnɔ me. Menɔ bɔbɔe ya o, elabena atike muameawo va zu numame nam, eye asiɖeɖe le wo ŋu sesẽ. Ke hã, meɖoe kplikpaa be manɔ agbe dzadzɛ.

Tetekpɔwo kple nyaƒoɖeamenuwo nu sẽ ale gbegbe! Yeaɖi xɔ̃nyewo vaa aƒenye me hedona gakpɔmɔnuwo ɖe gbɔnye. Ɣeaɖeɣi la, megava ge ɖe atike muame nono kple agbe baɖa nɔnɔ me ake. Medo gbe ɖa na Mawu tso nye dzi me. Eteƒe medidi o meva kpɔe be esi wònye xɔlɔ̃dzedze le xexea me ye na metra mɔ ta la, womate ŋu akpe ɖe ŋunye o. Meva kpɔe dze sii be ne medi be mayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me la, ke ele be madzo le Lagos. Gake tɔtrɔ ayi aƒe le Ilesha hã nɔ ŋu kpem nam. Ke hã, meva ŋlɔ agbalẽ na fofonye kple fonye mlɔeba, eye mebia wo be anya wɔ be magbɔ va aƒe hã.

Papa ka ɖe edzi nam be mate ŋu atrɔ agbɔ faa, eye fonye gblɔ nam be yeakpe ɖe ŋunye. Eya ta metrɔ gbɔ va aƒe me le dzodzo le dzinyelawo gbɔ ƒe ewo megbe. Woxɔm atuu. Dada do ɣli gblɔ be: “Yehowa, akpe na wò!” Esi Papa gbɔ fiẽ ma la, egblɔ nam be, “Yehowa akpe ɖe ŋuwò.” Ƒomea katã va ƒo ƒu eye Papa do gbe ɖa na Yehowa hebiae be wòakpe ɖe ŋunye fifia si metrɔ gbɔ va be mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

Dɔwɔwɔ Ðe Ɣeyiɣi Si Megblẽ Va Yi La Nu

Megbugbɔ dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye mewɔ ŋgɔyiyi kabakaba; mexɔ nyɔnyrɔ le April 24, 1988. Enumake mete dɔwɔwɔ vevie le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Le November 1, 1989 dzi la, mezu mɔɖela—ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla. Le ƒe 1995 me la, wokpem be mava de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku ƒe klass ewolia si wowɔ le Nigeria. Emegbe le July 1998 me la, woɖom dzikpɔla mɔzɔla, si fia be manɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo srãm kpɔ. Ƒe ɖeka megbe la, mía kple Ruth míedo go, eye emegbe eva zu srɔ̃nye kple nye mɔzɔhati.

Ƒomea me tɔ bubuwo hã wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me nenema ke. Fonye, si hã dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ɣeaɖeɣi la, hã gatrɔ va subɔsubɔha vavãtɔa me, eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Enye dzidzɔ nam be Papa nɔ agbe kpɔ eteƒe be míetrɔ gbɔ. Esubɔ dzidzɔtɔe abe subɔsubɔdɔwɔla ene le hamea me va se ɖe esime wòku le ƒe 1993 le ƒe 75 xɔxɔ me. Dada kpɔtɔ le Yehowa subɔm veviedodotɔe le Ilesha.

Mezɔ mɔ de dukɔ 16 sɔŋ me le Europa, Asia, kple Afrika nɔ kesinɔnuwo dim. Esia wɔe be metsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ ɖokuinye flofloflo. (Timoteo I, 6:9, 10) Ne metrɔ kpɔ megbe la, eveam ŋutɔ be megblẽ nye sɔhɛmenɔɣi ɖe atike muamewo kple agbe baɖa nɔnɔ ŋu nenema. Vevesese si medo na Yehowa Mawu kple ƒonyemetɔwo la veam ŋutɔ. Ke hã, medaa akpe be nyemeku kaba o, si wɔe be metrɔ gbɔ va ɖokuinye me. Nye tameɖoɖo kplikpaae nye be mayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa asubɔe tegbee.—g12/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ɣemaɣi si menye ƒewuivi dzeaglã

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Gbe si gbe mexɔ nyɔnyrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mía kple srɔ̃nye, Ruth