Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte ŋu asrɔ̃ gbe bubu!

Àte ŋu asrɔ̃ gbe bubu!

Àte ŋu asrɔ̃ gbe bubu!

Mike gblɔ be, “Nyemalɔ̃ aɖɔli nuteƒekpɔkpɔ si su asinye la kple naneke o.” Phelps hã gblɔ be, “Enye nyametsotso nyuitɔ kekeake siwo mewɔ le agbe me la dometɔ ɖeka.” Nu sesẽ si wònye be woasrɔ̃ gbegbɔgblɔ bubu ŋue ame eve siawo katã le nu ƒom tsoe.

LE DUKƆ geɖe me le xexea me godoo la, ame siwo le gbe yeye srɔ̃m le susu vovovowo ta la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi—ame aɖewo le esrɔ̃m na wo ɖokui, ɖewo le gadidi ta, eye bubuwo le mawusubɔsubɔ ta. Nyɔ! talawo bia gbe ame siwo le dutagbe srɔ̃m la dometɔ aɖewo. Nya siwo míebia wo la dometɔ aɖewoe nye, Alekee gbe yeye sɔsrɔ̃ nɔna na ame tsitsi, eye nu kae ate ŋu akpe ɖe ame ŋu le esɔsrɔ̃ me? Woƒe nyaŋuɖoɖowo dzie míetu nyati sia ɖo. Àkpɔe be woƒe nyawo ade dzi ƒo na wò ahana numekɔkɔ geɖe wò, vevietɔ ne èle gbe yeye aɖe srɔ̃m alo le ɖoɖo wɔm be yeasrɔ̃ gbe aɖe. Le kpɔɖeŋu me, bu nɔnɔme vevi siwo ame siwo míebia gbee la susu be wole vevie bene woate ŋu ado gbea nyuie la ŋu kpɔ.

Dzigbɔɖi, Ðokuibɔbɔ, Kple Tɔtrɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu

Togbɔ be ɖeviwo ya te ŋu srɔ̃a gbegbɔgblɔ eve alo esi wu nenema le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me—ne wole gbeawo dom le wo gbɔ ko—hã la, zi geɖe la gbe yeye sɔsrɔ̃ sesẽna na ame tsitsiwo ŋutɔ. Nu ɖekae nye be, ele be woaxɔ dzigbɔɖi, elabena gbe yeye sɔsrɔ̃ ate ŋu axɔ ɣeyiɣi didi. Eye esi wònye be vovo mele ame tsitsiwo ŋu o ta la, esia biana zi geɖe be woaɖe asi le nu bubuwo yometiti ŋu.

George gblɔ be: “Ðokuibɔbɔ hiã vevie. Ne gbe aɖe dodo mema wò tututu o la, ele be nàlɔ̃ faa aƒo nu abe ɖevi ene, eye le go aɖewo me la, be woawɔ nu ɖe ŋuwò abe ɖevi ene.” Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso gbesɔsrɔ̃ ŋu la gblɔ be: “Ne èɖoe tututu be yeawɔ ŋgɔyiyi le gbea sɔsrɔ̃ me la, ele be nàɖe asi le ale si nèdea asixɔxɔ ɖokuiwò ŋui kple ale si wòɖea fu na wò ne womede bubu ŋuwò o la ŋu va se ɖe afi aɖe.” Eya ta mègabu ɖokuiwò ŋu fũu akpa o. Ben gblɔ be: “Ne mèle vodadawo wɔm o la, efia be mèle gbe si srɔ̃m nèle la zãm edziedzi o.”

Ne èwɔ vodada eye amewo le kowòm la, negaɖe fu na wò akpa o—ɖe esia teƒe la, wò hã ko nu ɖekae kpli wo! Le nyateƒe me la, ŋkekewo li gbɔna siwo nàva gblɔ nudzɔdzɔ mawo siwo ɖi kokoe la ŋuti nyawo. Eye mègavɔ̃ be yeabia nya o. Nu si tae wogblɔa nya aɖe le mɔ aɖe nu la gɔmesese wɔnɛ be nyaa tsia susume na ame.

Esi wònye be gbe yeye sɔsrɔ̃ nye dekɔnu yeyewo sɔsrɔ̃ ta la, ne ame te ŋu trɔna ɖe nɔnɔme vovovowo ŋu eye wòlɔ̃na faa xɔa susu yeyewo la, eɖea vi nɛ ŋutɔ. Julie gblɔ be: “Gbe bubu sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye mekpɔe dze sii be mɔ vovovowo li siwo nu wobua nuwo ŋu hewɔa nuwo lena. Mefia kokoko be mɔnu aɖewo de ŋgɔ wu bubuawo o—vovototo koe wònye.” Jay ɖo aɖaŋu be, “Dze agbagba nàdze xɔ̃ ame siwo doa gbea, eye nàde ha kpli wo.” Gake ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be xɔlɔ̃ mawo tɔgbi nanye xɔlɔ̃ nyuiwo, ame siwo zãa nya ɖɔʋuwo le woƒe dzeɖoɖowo me. (Korintotɔwo I, 15:33; Efesotɔwo 5:3, 4) Jay gblɔ kpee be, “Ne wokpɔ be èlɔ̃a yewoƒe nya, nètsɔa ɖe le yewoƒe nuɖuɖuwo, yewoƒe haƒoƒowo, kple nu bubuwo me la, woadi be yewoabɔ ha kpli wò.”

Ne èzãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ srɔ̃a gbea, eye vevietɔ le edodo me la, àwɔ ŋgɔyiyi kabakaba wu. George gblɔ be: “Gbesɔsrɔ̃ ŋuti sidzedze dzina ɖe edzi vivivi abe ale si koklo mia bliku ɖeka ɖekae ene. Togbɔ be sidzedze suesuesue siwo sua ame si meɖia naneke o hã la, woyia edzi nɔa agbɔ sɔm ɖe edzi.” Bill, ame si nye dutanyanyuigblɔla si srɔ̃ gbe gbogbo aɖewo la, gblɔ be: “Meŋlɔa nyawo ɖe agbalẽ me, eye metsɔnɛ ɖe asi yia afi sia afi hekpɔa edzi ne ɣeyiɣi vi aɖe nya su asinye ko.” Ame geɖe kpɔe be ne wozãa ɣeyiɣi sue aɖe tsɔ srɔ̃a gbea edziedzi la, eɖea vi geɖe wu ɣeyiɣi gbogbo aɖe ɖoɖo ɖi hena esia wɔwɔ ƒãa zi ɖeka aɖe.

Mɔnu gbogbo aɖewo li siwo amewo zãna le gbesɔsrɔ̃ me. Wo dometɔ aɖewoe nye agbalẽwo, nyaléle ɖe mɔ̃ dzi, alo agbalẽ ɖeɖe siwo dzi woŋlɔ nyawo ɖo, kple bubuwo. Togbɔ be mɔnu siawo katã li hã la, ame geɖe kpɔe be yewote ŋu srɔ̃a gbea nyuie wu ne wowɔ ɖoɖo ɖe eŋu abe sukuxɔmenusɔsrɔ̃ ene. Zã mɔnu ɖe sia ɖe si wɔa dɔ na wò wu. Gake nenɔ susu me na wò be mɔ bubu aɖeke meli si dzi woato asrɔ̃ gbe yeyewo agbagbadzedze kple veviedodonu manɔmee o. Gake mɔnuwo li si dzi woato ana gbea sɔsrɔ̃ nanɔ bɔbɔe eye wòavivi ame nu. Ðekae nye be nànɔ afi si wodoa gbea le la ahasrɔ̃ woƒe dekɔnuwo.

George gblɔ be: “Ne gbea ƒe gɔmedzenuwo kple nya vovovo siwo gɔmedzenusrɔ̃lawo srɔ̃na ma wò vɔ la, anyo be nàyi aɖanɔ dukɔ si me wozãa gbea le la me hena ɣeyiɣi aɖe.” Barb lɔ̃ ɖe edzi be, “Tsaɖiɖi yi dukɔ si me wodoa gbea le me ana mɔnukpɔkpɔ wò nàse gbea ƒe ami me ahaɖu tu nɛ nyuie.” Esi gale vevie wue nye be, ne èle gbea dolawo dome eye nèwɔa nu kpli wo aduadu la, akpe ɖe ŋuwò nàbu tame abe gbea dolawo ene. Gake enye nyateƒe be, ame akpa gãtɔ mate ŋu azɔ mɔ ayi dukɔ bubu me o. Ke hã mɔnukpɔkpɔ vovovowo anya nɔ anyi le woƒe nutoa me siwo ŋu dɔ woawɔ be gbea kple eŋuti dekɔnuwo nama wo nyuie. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ ɖɔʋuwo alo radio alo television dzi wɔna tuameɖowo anya nɔ anyi wowɔna le gbe si srɔ̃m nèle me. Di ame siwo le míaƒe nutoa me siwo doa gbea nyuie ahaɖo dze kpli wo. Gbesɔsrɔ̃ ŋuti gbalẽ aɖe gblɔ be: “Mlɔeba la, gbea zazã edziedzi ye nye mɔnu vevitɔ kekeake si dzi woato awɔ ŋgɔyiyi.”—How to Learn a Foreign Language. *

Ɣeyiɣi Si Me Ŋgɔyiyi Medzena Boo O

Ne èyi edzi le gbea srɔ̃m la, awɔ na wò ɣeaɖewoɣi abe ɖe mèle ŋgɔyiyi aɖeke wɔm o ene—abe ɖe nèle teƒe ɖeka le afɔ ɖem eye mèle ŋgɔgbe yim o ene. Nu kae nàte ŋu awɔ? Gbã, de ŋugble le taɖodzinu si koŋ tae nèɖoe be yeasrɔ̃ gbea ɖo la ŋu. Yehowa Ðasefo geɖe te gbe aɖe sɔsrɔ̃ kple susu be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu woasrɔ̃ Biblia. Ne ègbugbɔ de ŋugble le taɖodzinu si koŋ tae nèɖoe be yeasrɔ̃ gbea ɖo ŋu la, ate ŋu ado ŋusẽ wò tameɖoɖoa.

Evelia, mɔkpɔkpɔ si da sɔ nenɔ asiwò. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso gbesɔsrɔ̃ ŋu la gblɔ be: “Ðewohĩ màte ŋu ado gbea abe ame siwo degbe wònye la ene gbeɖe o. Menye taɖodzinuae nye ema o. Nya lae nye be, ɖeko nèdi be amewo nase wò nyagbɔgblɔwo gɔme.” (How to Learn a Foreign Language) Eya ta le esi teƒe be nànɔ konyi fam be yemebi ɖe gbea dodo me abe mía degbe ene o la, wò susu nenɔ ale si nàzã nu siwo nèsrɔ̃ la atsɔ aɖo dze eme nakɔ ŋu boŋ.

Etɔ̃lia, nɔ ŋku lém ɖe nu ɖedzesi siwo na nèwɔ ŋgɔyiyi ŋu. Gbesɔsrɔ̃ le abe ŋkuléle ɖe ati si le tsitsim ŋu ene—màte ŋu ade dzesi eƒe tsitsime o, gake àkpɔe be atia le kɔkɔm ɖe edzi gbe sia gbe. Nenema kee, ne ètrɔ kpɔ megbe esime nèdze gbea sɔsrɔ̃ gɔme la, ɖikeke mele eme o be, àkpɔe be yewɔ ŋgɔyiyi. Ƒo asa na wò ŋgɔyiyi tsɔtsɔ sɔ kple ame bubuwo tɔ. Biblia ƒe gɔmeɖose nyui aɖe si dzi nàzɔ ɖo la le Galatiatɔwo 6:4. Egblɔ be: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.”

Enelia, bu gbea sɔsrɔ̃ abe agbagbadzedze si me tso nu nyuiwo axɔ ɣeyiɣi aɖe hafi asu asiwò ene. De ŋugble le nya sia ŋu kpɔ: Aleke ƒe etɔ̃ alo ƒe ene vi ƒe nuƒoƒo nɔna? Ðe wònɔa nya gã nya gãwo kple gbeŋutise deŋgɔwo zãma? Ao ɖe! Ke hã, ate ŋu azã nya bɔbɔewo aɖo dze kple amewo. Le nyateƒe me la, exɔa ƒe geɖe hafi ɖeviwo gɔ̃ hã te ŋu bina ɖe gbe aɖe dodo me.

Atɔ̃lia, zã gbe yeyea edziedzi ale si nàte ŋui. Ben gblɔ be: “Esi nyemenɔ gbea zãm edziedzi o la, ewɔ nam be nyemenɔ ŋgɔyiyi gobi aɖeke wɔm o.” Eya ta yi edzi nànɔ gbea dom. Ðo dze, nɔ dzeɖoɖo dzi, yi edzi nànɔ dze ɖom! Le dzɔdzɔme nu la, ate ŋu ate ɖe dziwò ne èle agbagba dzem be yeaɖo dze evɔ ɖeviwo ƒe nyagbewo koe le nu na wò. Mileivi fa konyi be: “Nu si tena ɖe dzinye wue nye ale si nyemete ŋu gblɔa nu si medi be magblɔ le ɣeyiɣi si medi me o.” Gake nuteɖeamedzi ma ate ŋu aʋã wò be nàdo vevie nu. Mike gblɔ be: “Esime menɔ gbea srɔ̃m eye nyemete ŋu sea ŋutinyawo kple fefenyagbɔgblɔwo gɔme o la, medzɔa dzi nam kura o. Mexɔe se be seselelãme mawo ƒoe ɖe nunye be mado vevie nu geɖe wu ahawɔ ŋgɔyiyi.”

Ale Si Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu

Nu kawoe ame siwo nya gbea dodo ate ŋu awɔ akpe ɖe esrɔ̃la ŋu? Bill, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la ɖo aɖaŋu be, “Ƒo nu blewuu, gake eme nakɔ, meganɔ abe ɖevi ƒe nuƒoƒo ene o.” Julie gblɔ be, “Gbɔ dzi ɖi, eye megawu gbea srɔ̃la ƒe nyagbewo nu nɛ o.” Tony ɖo ŋku edzi hegblɔ be, “Gbe eve dolawo ƒoa nu nam le mía degbe me eye wosusuna be yewole kpekpem ɖe ŋunye. Gake ema he nye ŋgɔyiyi ɖe megbe.” Eya ta gbea srɔ̃la aɖewo bia tso wo xɔlɔ̃wo si be woanɔ gbe yeyea ko dom na yewo le ɣeyiɣi aɖewo me eye woade dzesi nanewo koŋ siwo ŋu wòhiã be yewoawɔ dɔ le la na yewo. Gbea srɔ̃lawo kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo kafua wo ɖe woƒe agbagbadzedzeawo ta la ŋu ŋutɔ. George gblɔ be, “Anye ne nyemate ŋu asrɔ̃ gbea, xɔlɔ̃wo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia kple dzideƒoname manɔmee o.”

Ke ɖe viɖe aɖe le agbagba siawo katã dzedze be woasrɔ̃ gbe bubu aɖe la mea? Bill, si ŋu míeƒo nu tso be esrɔ̃ gbegbɔgblɔ geɖe la ɖo eŋu be, “Viɖe le eme ŋutɔ! Ena nukpɔsusu deŋgɔ va su asinye le ale si mebua agbeae ŋu, eye wòkpe ɖe ŋunye mete ŋu bua nuwo ŋu le mɔ vovovowo nu. Vevitɔe nye be, dzidzɔ si mekpɔna ne mete ŋu srɔ̃ Biblia kple ame siwo doa gbegbɔgblɔ mawo, eye mekpɔe be woxɔ Biblia me nyateƒea hewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi la ƒo agbagba siwo katã medze le gbeawo sɔsrɔ̃ me la ta sãsãsã. Le nyateƒe me la, gbegbɔgblɔ ŋuti nunyala aɖe si doa gbe 12 la gblɔ nam gbe ɖeka be: ‘Meʋãa ŋu wò ŋutɔ. Elabena nye ya mesrɔ̃ gbe vovovowo le esi wodoa dzidzɔ nam ko ta, gake wò ya esrɔ̃ wo kple susu be yeakpe ɖe amewo ŋu ŋutɔŋutɔ.’”—g3/07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Didi be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu nye ameʋãŋusẽ sẽŋu aɖe le gbe aɖe sɔsrɔ̃ me