Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Kristotɔnyenye Do Kpo Nua?

Ðe Kristotɔnyenye Do Kpo Nua?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Kristotɔnyenye Do Kpo Nua?

NE WOMA ame siwo le xexea me ɖe akpa etɔ̃ la, ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ade akpa ɖeka. Ke hã, edze abe dunyahehe na xexea me ma, eye nu vlo wɔwɔ xɔ aƒe fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe ene. Ðe esia fia be nane gblẽ le Kristotɔnyenye si Yesu ɖo anyi la ŋua? Alo ɖe wòanye be ale si ame geɖe wɔa Kristo ƒe nufiafiawo dzii la boŋue mesɔ oa?

Nyati sia adzro nu siwo tututu Kristo fia kple kpɔɖeŋu si wòɖo na eyomedzelawo la me. Adzro nukpɔsusu si bɔ le ame siwo be Kristotɔwoe yewonye dome, gake wòhetsi tre ɖe nu si Kristotɔnyenye vavãtɔ fia ŋu, la hã me.

Kristotɔnyenye Si Wotro Gboe

Ƒe alafa geɖe le Kristo ƒe ku megbe la, Kristotɔnyenye aɖe si wotro gboe la va zu subɔsubɔha si dzi woda asi ɖo le Roma Fiaɖuƒea me. Esi wova da asi ɖe ame siawo, siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye dzi azɔ ta la, eteƒe medidi o, wova xɔ ŋgɔ le dunyahehe kple hadomenyawo me le Roma. Sɔlemehaŋgɔnɔlawo, abe Augustine ene, trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu hefia nu be Mawu ƒe Fiaɖuƒe si wonɔ mɔ kpɔm na la va ɖo ɣemaɣi. Kplɔla mawo fia nu be dunyahehe kple mawusubɔsubɔ me ŋusẽ yeye si su yewo si lae nye mɔ si dzi Mawu ato ana woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Ale wona amewo va susui be amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewoe akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ.

Esia wɔe be ame geɖe va xɔe se be, ele be Kristotɔwo nawɔ akpa aɖe le dunyahenyawo me. Ame akpa gãtɔ xɔe se be, hafi ema nanya wɔ la, ele be Kristotɔwo natrɔ woƒe subɔsubɔdzixɔsewo ɣeaɖewoɣi be woawɔ ɖeka kple nu si dim woƒe nutoa me tɔwo le. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe tsɔa nu gblɔnɛ be Kristo fia nu be míalɔ̃ mía nɔewo ahanɔ ŋutifafa me kple amewo, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, wodea aʋawɔwɔ dzi. Susu ma ke tae sɔlemehawo dea dzi ƒo na wo yomedzelawo ɣeaɖewoɣi be woado gbe ɖa abia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wodoa alɔ kplɔla ameteɖeanyilawo.

Menye alakpa Kristotɔnyenye siae nye subɔsubɔha si Yesu ɖo anyi o. Amegbetɔwo ŋutɔe trɔ asi le eŋu, eye eya nue ame siwo yɔa wo ɖokui Kristotɔwoe egbea la dometɔ akpa gãtɔ nɔa agbe ɖo. Kristotɔnyenye sia ƒomevie do kpo nu wòdze kɔte, abe ale si Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi mawɔmawɔ si bɔ le Kristodukɔa me egbea ɖo kpe edzii ene.

Nu Ka Tututue Yesu Fia?

Ðewohĩ awɔ nuku na amewo ne wose be nu si ŋutɔŋutɔ Yesu gblɔe nye be ye yomedzelawo ‘naganye xexea tɔ o, abe ale si ko ye hã yemenye xexea tɔ o ene.’ (Yohanes 17:15, 16) Nu ka tae Kristo ade dzi ƒo na eyomedzelawo be woawɔ nu nenema? Apostolo Yohanes, ame si Yesu lɔ̃ vevie, la ɖo nya ma ŋu. Eŋlɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.”—Yohanes I, 5:19.

Eya ta eme kɔ be Kristo ƒe nufiafiawo mefia mɔ amewo yi amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo gbɔ o, ke boŋ yi Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe si dzi wòato awɔ xexe yeye dzɔdzɔe ɖe anyigba sia dzi la gbɔ. (Mateo 6:10) Yesu ŋutɔ mede nu hadomenya siwo nɔ edzi yim le eƒe ŋkekea me la dometɔ aɖeke me le mɔ aɖeke nu o. Egbe dunyaheɖoƒe si wodi be woadae ɖo la enumake. (Yohanes 6:15) Metsɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ kpɔ nyaʋiʋli siwo do mo ɖa la gbɔ o. (Mateo 26:50-53; Yohanes 18:36) Yesu megblẽ dukplɔse alo ɖoɖo si nu wòle be dukɔ aɖe me tɔwo nazɔ ɖo la ƒe ɖeke ɖi o. Mede akpa aɖeke dzi le dunyahenya siwo nɔ edzi yim le eƒe ŋkekea me la me o. Le kpɔɖeŋu me, mehe zazɛ̃nya le kluviwo ƒe gomenɔamesi ŋu o, eye meƒo eɖokui ɖe Yudatɔwo ƒe tsitretsitsi ɖe Romatɔwo ŋu me hã o.

Gake esia mefia be Yesu metsɔ ɖeke le amewo kple woƒe kuxiwo me o. Yesu fia nu geɖe tso ale si wòle be ame nawɔ nu ɖe ehavi ŋu la ŋuti. Ede dzi ƒo na amewo be woaɖi anukware le adzɔxexe me, eye wòte gbe ɖe edzi be ele be woabɔbɔ na ame siwo le ŋusẽnɔƒewo le se nu la. (Mateo 22:17-21) Efia ale si ame awɔ atsɔ ɖe le eme na ame siwo le hiã me la vevie. Efia nu tso ale si woade bubu amewo ŋu kple ale si woase veve ɖe ame nu, atsɔ ake ame, eye woakpɔ nublanui na ame ŋu. (Mateo, ta 5-7) Ame sia ame nya be Kristo ƒe nufiafiawo ku ɖe Mawu kple ame havi lɔlɔ̃ ŋu koŋ.—Marko 12:30, 31.

Kristotɔnyenye Vavãtɔ Si Li Egbea

Ekema aleke wòle be Kristo yomedzela vavã nanɔ agbee? Ele be wòawɔ nu abe ale si Yesu wɔe ene. Togbɔ be awɔ ɖe dukɔ si me wòle la ƒe sewo dzi nuteƒewɔwɔtɔe hã la, mele be wòade akpa aɖe dzi le dunyahenyawo me o. (Yohanes 12:47, 48) Mada le Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose siwo nu wònɔa agbe ɖo la dzi o, ne woƒo nya ɖe enu vevie kura gɔ̃ hã. (Petro I, 2:21-23) Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, mele be wòatsɔ asi aɖo glã ko anɔ nu kpɔm o. Kristotɔ vavã atsɔ ɖe le ame siwo le eƒe nutoa me la ƒe nyonyo me vevie, abe ale si Yesu wɔe ene. (Marko 6:34) Azã ɣeyiɣi geɖe hã akpe ɖe ame bubuwo ŋu woanɔ agbe si me dzidzɔ geɖe wu le to ale si wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ agbe ɖe Kristo ƒe nufiafiawo nu me.—Yohanes 13:17.

Yehowa Ðasefowo wɔa nu nenema egbea, eye wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ Kristo le ƒomedodo si anɔ woa kple xexe si me wole dome la me. Togbɔ be wonye ŋutifafame, siwo wɔa dukɔa ƒe sewo dzi hã la, womenye xexea tɔ o. Abe Yesu ene la, womekpɔa gome le ʋunyaʋunyawɔwɔ kple dunyahehe me ʋiʋli siwo bɔ egbea me o. Woƒe mɔkpɔkpɔ katã le Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi, be eya koe akpɔ kuxi siwo xexea dze ŋgɔe la gbɔ. Kristotɔnyenye vavãtɔ nana emenɔlawo nɔa agbe si me dzidzɔ le wu, eye ɖekawɔwɔ nɔa emenɔlawo dome. (Yohanes 13:34, 35) Ao, Kristotɔnyenye vavãtɔ medo kpo nu o.—g1/07.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Ðe wòle be Kristotɔwo naƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe mea?—Yohanes 6:15.

▪ Ðe Kristo gblɔ be woatsɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ akpɔ nyaʋiʋliwo gbɔa?—Mateo 26:50-53.

▪ Dzeside kae le Kristotɔ vavãwo ŋu?—Yohanes 13:34, 35.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 22]

EL COMERCIO, Quito, Ecuador