Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuibɔbɔ—Gbɔdzɔgbɔdzɔe Loo, Alo Ŋusẽe?

Ðokuibɔbɔ—Gbɔdzɔgbɔdzɔe Loo, Alo Ŋusẽe?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðokuibɔbɔ—Gbɔdzɔgbɔdzɔe Loo, Alo Ŋusẽe?

LE XEXEA ƒe nukpɔsusu nu la, enyo be woasrɔ̃ dadalawo kple sesẽnuwɔlawo. Eye zi geɖe la, wobua ɖokuibɔbɔlawo kple ame fafawo be wonye ŋusẽmanɔsitɔwo, vɔvɔ̃nɔtɔwo, alo ame siwo dia amenuveve tso amewo gbɔ to ameŋkumenuwɔwɔ me. Gake ɖe ɖokuibɔbɔ vavãtɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi ŋutɔŋutɔa? Eye ɖe dada nye ŋusẽ ƒe dzesi nyateƒea? Nu kae nye Biblia ƒe nukpɔsusu?

Gbã la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be Biblia ƒo nu nyui tso dada ƒomevi aɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ele be wòanye dada na Kristotɔwo be Yehowa nye yewoƒe Mawu eye be enya yewo. (Psalmo 47:5; Yeremya 9:23; Tesalonikatɔwo II, 1:3, 4) Dzilawo ate ŋu atsɔ wo viwo aƒo adegbe ne ɖeviawo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me henɔa tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi sesĩe dzideƒotɔe. (Lododowo 27:11) Gake dada ƒomevi aɖewo ya menyo o.

Ŋkuléle Ðe Dada Kple Ðokuibɔbɔ Ŋu Tsitotsito

Dada ƒomevi aɖee nye ame ɖokui ŋu dzedze si gbɔ eme. Dada ma ƒomevi nana woɖea ɖokuiŋudzedze ƒe nɔnɔme si gbɔ eme kple gãnyenye ƒe gbɔgbɔ fiana, ɖewohĩ le ame ƒe nyonyo, ŋutigbalẽ, ɖoƒe, ŋutete tɔxɛwo, alo nunɔamesiwo ta. (Yakobo 4:13-16) Biblia ƒo nu tso “amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi gblodzo” ŋu. (Timoteo II, 3:4) Ne míagblɔe bubui la, wobua wo ɖokuiwo wu ale si dze, evɔ susu aɖeke meli si tae woawɔ nenema o.

Gake ɖokuibɔbɔlawo ya ɖia anukware le ale si wobua wo ɖokuiwoe me, eye wokpɔa ale si wole ŋutɔŋutɔ dzea sii, wolɔ̃na ɖe woƒe blibomademadewo dzi eye be yewomeɖi naneke le Mawu ŋku me o. (Petro I, 5:6) Gawu la, wokpɔa nɔnɔme nyui deŋgɔ siwo le ame bubuwo si la dzea sii, eye esia doa dzidzɔ na wo gɔ̃ hã. (Filipitɔwo 2:3) Esia ta ŋuʋaʋã megblẽa nu le ɖokuibɔbɔlawo ŋu henana wodoa dziku helĩhelĩ o. (Galatiatɔwo 5:26) Eya ta edze ƒãa be ɖokuibɔbɔ vavãtɔ nana be wonɔa ƒomedodo nyui me kple amewo, eye wònana hã be ame kpɔa dzidzɔ heɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.

Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Hafi wòava anyigba dzi la, enye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe nɔ dziƒo. Eye esime wònɔ anyigba dzi la, enye ame deblibo si ŋu nu vɔ̃ aɖeke mele o. (Yohanes 17:5; Petro I, 2:21, 22) Ame aɖeke mede enu le ŋutete, nunya kple sidzedze gome o. Ke hã, eƒe ŋuteteawo mena wòdo eɖokui ɖe dzi gbeɖe o, ke boŋ ebɔbɔ eɖokui ɣesiaɣi. (Filipitɔwo 2:6) Eklɔ afɔ na eƒe apostolowo kura gɔ̃ hã ɣeaɖeɣi; eye etsɔ ɖe le eme na ɖeviwo tso dzi blibo me. (Luka 18:15, 16; Yohanes 13:4, 5) Le nyateƒe me la, ɖevi aɖe nɔ Yesu xa esime wògblɔ be: “Amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.” (Mateo 18:2-4) Ɛ̃, le Yesu ƒe nukpɔsusu—kple le Fofoa tɔ—nu la, gãnyenye vavãtɔ tsoa ɖokuibɔbɔ me, ke metsoa dada me o.—Yakobo 4:10.

Ðokuibɔbɔ Nye Ŋusẽ Ƒe Dzesi

Togbɔ be Yesu nye ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe hã, media amenuveve tso amewo gbɔ to ameŋkumenuwɔwɔ me alo nye vɔvɔ̃nɔtɔ si ŋu ŋusẽ aɖeke mele o. Egblɔ nyateƒea dzideƒotɔe, eye mevɔ̃ amegbetɔ kura o. (Mateo 23:1-33; Yohanes 8:13, 44-47; 19:10, 11) Esia wɔe be eƒe tsitretsiɖeŋulawo kura gɔ̃ hã dea bubu eŋu. (Marko 12:13, 17; 15:5) Gake Yesu meɖu amegã ɖe amewo dzi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ eƒe vividoɖeameŋu, ɖokuibɔbɔ, dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ wɔ dɔ ɖe amewo dzi heʋã wo le mɔ aɖe si tɔgbi nu dadalawo mate ŋu awɔe le gbeɖe o la nu. (Mateo 11:28-30; Yohanes 13:1; Korintotɔwo II, 5:14, 15) Egbea kura gɔ̃ hã la, ame miliɔn geɖe gabɔbɔa wo ɖokui ɖe Kristo te nuteƒewɔwɔtɔe le lɔlɔ̃ vavã kple bubu deto si le wo si nɛ la ta.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10.

Mawu ƒe Nyaa dea ɖokuibɔbɔ ƒe dzi ƒo elabena ame siwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le dzime la lɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo enumake eye nufiafia woamawo doa dzidzɔ na ame. (Luka 10:21; Kolosetɔwo 3:10, 12) Abe Apolo si nye ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ nufiala, ame si bi ɖe nuƒoƒo me ene la, edzɔa dzi na wo be yewoatrɔ asi le yewoƒe nukpɔsusuwo ŋu ne wonya na wo nyatakaka yeye siwo le eteƒe ko. (Dɔwɔwɔwo 18:24-26) Eye womevɔ̃na be yewoabia nya o, gake dadalawo ya hena ɖe megbe le esi wovɔ̃na be amewo ava kpɔ yewoƒe numanyamanya adze sii ta.

Le kpɔɖeŋu me, bu Etiopiatɔ aƒedzikpɔla, si nɔ didim be yease Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe gɔme la ŋu kpɔ. Kristotɔ nusrɔ̃la Filipo biae be: “Èle nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?” Etiopiatɔa ɖo eŋu be: “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?” Ðokuibɔbɔ ka gbegbee nye esi—vevietɔ ne ɖewohĩ ameŋkuta aɖee wònye le wo de! Eƒe ɖokuibɔbɔ na be Ŋɔŋlɔawo me nugɔmesese deto va su esi.—Dɔwɔwɔwo 8:26-38.

Etiopiatɔa ƒe nɔnɔme to vovo na Yudatɔ agbalẽfiala kple Farisitɔ, siwo bua wo ɖokuiwo subɔsubɔŋgɔnɔlawo le woƒe ɣeyiɣia me la, ƒe nɔnɔme. (Mateo 23:5-7) Le esi teƒe be woaɖo to Yesu kple eyomedzelawo ɖokuibɔbɔtɔe la, ɖe woƒe nu ve dɔme na wo eye wonɔ vodada dim le wo ŋu boŋ. Eya ta woƒe dada na be wotsi gbɔgbɔmeviviti me.—Yohanes 7:32, 47-49; Dɔwɔwɔwo 5:29-33.

Tsu Ka Ƒomevie Nènye, Bɔbɔea Alo Sesẽa?

Biblia tsɔ Yehowa sɔ kple zemela eye etsɔ amegbetɔwo sɔ kple tsu. (Yesaya 64:7) Ðokuibɔbɔ kpena ɖe ame ŋu wònɔna abe tsu bɔbɔe ene le Mawu si me, ame si ŋu wòte ŋu trɔa asi le wòzua ze nyoameŋu aɖe; gake dadala ya le abe tsu si ƒu kpaɖii, tsu sesẽ si ŋu womate ŋu awɔ naneke le wu be woagbae wòakaka o la ene. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye blema Egipte fia Farao dadala si tɔ gbe Yehowa, si wɔe be wòbu eƒe agbe. (Mose II, 5:2; 9:17; Psalmo 136:15) Ale si Farao ku gbɔɖiametɔe la ɖe lododo sia ƒe nyateƒenyenye fia kɔte be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.”—Lododowo 16:18.

Esia mefia be Mawu subɔlawo mewɔa avu kple dadagbɔgbɔ gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ƒe apostolowo ʋli nya zi geɖe le ame si nye gãtɔ le wo dome la ŋuti. (Luka 22:24-27) Gake dada meɖu wo dzi o, ke boŋ woɖo to Yesu eye wova trɔ woƒe nɔnɔme mlɔeba.

Nunyala Salomo ŋlɔ bena: “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.” (Lododowo 22:4) Ðe esiawo menye susu nyui siwo tae wòle be míatu ɖokuibɔbɔ ɖo oa? Menye ɖe ɖokuibɔbɔ nye nɔnɔme nyui lédziname aɖe ko o, ke boŋ ekpena ɖe mía ŋu hã be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míaxɔ teƒeɖoɖo si nye agbe mavɔ.—Samuel II, 22:28; Yakobo 4:10.—g3/07.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

Ðe dada ƒomeviwo katã menyo oa?—Tesalonikatɔwo II, 1:3, 4.

▪ Aleke ɖokuibɔbɔ nana sidzedze sua ame si?—Dɔwɔwɔwo 8:26-38.

▪ Ðe wòhiã be Mawu subɔlawo natu ɖokuibɔbɔ ɖoa?—Luka 22:24-27.

▪ Etsɔme kae li na ɖokuibɔbɔlawo?—Lododowo 22:4.

[PIcture on page 20]

Ðeviwo te ŋu tena ɖe Yesu ŋu le esi wònye ɖokuibɔbɔla ta