Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atamkaka be yewomakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o ya ɖe?

Atamkaka be yewomakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o ya ɖe?

Atamkaka be yewomakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o ya ɖe?

ƑE ƲƐ aɖewoe nye esia si sɔhɛ geɖe va le atam kam be yewomanya ŋutsu alo nyɔnu o, alo be yewomakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o, va se ɖe esime yewoaɖe srɔ̃. Atamkaka siawo dze na kafukafu, eye wosɔ ɖe Biblia me sededewo nu. (Korintotɔwo I, 6:18; Efesotɔwo 5:5) Ke hã, kakaɖedzi meli be sɔhɛ siwo kaa atam mawo la ate ŋu awɔ ɖe wo dzi o. Numekuku aɖe ɖee fia be, sɔhɛ siwo kaa atam alea dometɔ 60 le alafa me mete ŋu wɔna ɖe edzi wòdea ƒe ɖeka o.

Gawu la, kakaɖedzi mele eŋu be sɔhɛwo se nya si wogblɔna be “yewomakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o” kple “yewomanya ŋutsu alo nyɔnu o,” la gɔme nyuie o. Charlene C. Giannetti kple Margaret Sagarese ŋlɔ ɖe woƒe agbalẽ si nye Boy Crazy! me be: “Gbɔdɔdɔ ŋuti numekulawo de dzesii be, togbɔ be sɔhɛ gbogbo aɖewo va le gome kpɔm le nuwɔna siwo nye vidzinuwo ƒoƒo ɖe nume, kple meƒime kura gɔ̃ hã, me hã la, wosusuna be, ne woagblɔe ŋutɔŋutɔ la, yewomenya ŋutsu alo nyɔnu o. Wobunɛ be, ne yewomedɔ yewo nɔewo gbɔ ŋutɔŋutɔ o ko la, menye gbɔdɔdɔe o.”

Edze ƒãa be susu sia kaka ɖe sɔhɛ geɖe dome. Esi numekula aɖe bia gbe sɔhɛ akpe geɖe vɔ la, egblɔ be: “Ðewohĩ wo dometɔ ɖeka alo eve le alafa me koe se egɔme be vidzinuwo ƒoƒo ɖe nume nye gbɔdɔdɔ.” Egblɔ kpee be: “Ele be nànyae be ɖewohĩ nenemae viwò si mexɔ ƒe 20 haɖe o—kple ɖewohĩ esi mexɔ ƒe 13 haɖe o kura gɔ̃ hã—susuna le gbɔdɔdɔ ŋu.”

Ame siwo wɔna ɖe Biblia me dzidzenuwo dzi ya nyae be vidzinuwo ƒoƒo ɖe nume kple meƒime nye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ. Biblia de se na mí be ‘míaɖe mía ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me,’ (“míaƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ keŋkeŋ,” Today’s English Version) eye esia lɔ gbɔdɔdɔnuwɔna manɔsenu ɖe sia ɖe ɖe eme.—Tesalonikatɔwo I, 4:3.—g2/07.