Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu

Kpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu

Kpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu

XEXEA ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm; nu siwo le tsia dzi kple ale si amewo nɔa agbee siaa le tɔtrɔm ɣesiaɣi. Vevietɔ esi mɔ̃ɖaŋunu geɖewo va to fifia ta la, tɔtrɔ siawo gadzena ƒãa le egbeŋkekeawo me wu. Nu siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi ʋɛ siwo va yi me la megali egbea o, eye nu siwo le tsia dzi egbea magava ɖi naneke etsɔ si gbɔna o. Ale si nuwo le tɔtrɔm kabakaba alea la le ŋusẽ kpɔm ɖe sɔhɛwo dzi ŋutɔ.

Hadomegbenɔnɔ Me Tɔtrɔ Ðedzesiwo

Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, mɔ̃ɖaŋununya he tɔtrɔ aɖewo siwo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe sɔhɛwo dzi la vɛ. Le kpeɖeŋu me, le dukɔ geɖe me la, asitelefon kple kɔmpiuta zazã va xɔ nɔƒe vevi aɖe le sɔhɛwo ƒe agbe me. Kadodo to Internet dzi na nu yeye aɖewo, siwo mele xexlẽ me o, ƒe mɔnukpɔkpɔ va ʋu ɖi fifia. Nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 19, si le Australia la gblɔ be: “Ate ŋu adzɔ be xɔlɔ̃ aɖeke manɔ asiwò o, gake kasia, àdze xɔlɔ̃ alafa geɖe to Internet dzi.”

Ame sia ame alɔ̃ ɖe edzi be asitelefon kple Internet ɖea vi ŋutɔ. Gake dɔwɔnu siawo zazã va zu numame si ŋu womete ŋu ɖea asi le vie gɔ̃ hã o na ame geɖe. Yunivɛsiti Nufialagã Donald Roberts de dzesii be sukuvi aɖewo “mete ŋu dzudzɔa dzeɖoɖo le woƒe asitelefonwo dzi hena miniti ʋɛ aɖewo le woƒe ɖiɖiɖemeɣi, le ga 10 kple ga 11 nusrɔ̃ɣiawo dome, kura gɔ̃ hã o. Ewɔ nam be womete ŋu vona le wo ɖokui me kura ne womele naneke wɔm o—ɖeko wòle abe ɖe wole gbɔgblɔm be ‘nyemate ŋu anɔ anyi dze maɖomaɖoe o’ ene.”

Sɔhɛ aɖewo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be eva zu numame na yewo. Stephanie si xɔ ƒe 16 gblɔ be: “Nyatakaka ɖoɖoɖa kple exɔxɔ enumake to Internet dzi kpakple nye asitelefon zazã va zu numame nam ŋutɔ, elabena woawo dzie metona nɔa kadodo me kple xɔ̃nyewo. Ne menya ɖo aƒe me ko la, Internet dzi koe meyina enumake, eye menɔa edzi ʋuu—ɣeaɖewoɣi, va se ɖe fɔŋli ga 3.” Telefonfe si Stephanie nyina ɣleti sia ɣleti la te ŋu dea Amerika dɔlar 100 va ɖo 500. Egblɔ be: “Va se ɖe fifia la, menyi telefonfe dɔlar 2,000 de dzinyelawo. Ke hã nye asitelefon la nɔa ŋunye ɣesiaɣi ale gbegbe be nyemete ŋu vona le ɖokuinye me wɔa naneke ne meɖe asi le eŋu da ɖi o.”

Menye fe koe wonyina le ezazã me o. Esime Aƒenɔ Elinor Ochs, si nye amegbetɔwo dome ƒomedodo ŋuti nunyala, nɔ numekuku wɔm tso ƒomegbenɔnɔ ŋuti la, ekpɔe be ne vifofoa gbɔ va aƒe me la, srɔ̃a kple viawo ƒoa wo ɖokui ɖe nu si wɔm wonɔ la me ale gbegbe be enuenu, si nye zi 2 le 3 ɖe sia ɖe me la, womedoa woezɔ kura gɔ̃ hã nɛ o! Ðeko woyia edzi vuna ɖe woƒe mɔ̃awo zazã ŋu. Aƒenɔ Ochs gblɔ be: “Míekpɔe hã be esesẽna na dzilawo ŋutɔ be woakpɔ gome le nu siwo me wo viwo tsɔa ɖe le vevie la me kpli wo.” Egblɔ kpee be, yewode dzesii be ne dzilawo kpɔ wo viwo ƒo wo ɖokui ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuwo wɔwɔ me vivie la, ɖeko woɖea asi le wo ŋu eye womedea nu eme na wo o.

Kadodo Kple Amewo To Internet Dzi—Nu Si Me Afɔku Mele O Ye Wònyea?

Dzila kple nufiala geɖewo tsi dzi ɖe ɣeyiɣi gbogbo si zɔhɛwo zãna tsɔ nɔa dze ɖom kple amewo to Internet dzi kadodomɔnuwo dzi la ŋuti. Esiawo nye Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe siwo amewo ʋuna ɖe woa ŋutɔwo ƒe ŋkɔ me, afi si wodzra woa ŋutɔwo ŋuti nyatakaka vovovowo, abe fotowo, videowo, kple gbe sia gbe nuwɔnawo ene ɖo.

Nu siwo doa dzidzɔ na sɔhɛwo koŋ le nyatakakadzraɖoƒe siawo ŋuti dometɔ ɖekae nye ale si wonana wote ŋu nɔa kadodo me kple wo xɔlɔ̃wo. Bubue nye be wonana sɔhɛwo te ŋu nana amewo nyaa ame si ƒomevi wonye, eye “woŋlɔa woa ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwo” ɖe teƒe siawo. Eme kɔ be sɔhɛwo tsia dzi ɖe nu siawo ŋu, elabena sɔhɛmenɔɣi nyea ɣeyiɣi si me ame va dzea si eɖokui eye wòɖea eƒe seselelãmewo fiana be wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi.

Gake kuxi ɖeka si doa mo ɖae nye be, ame aɖewo ʋua woa ŋutɔwo ƒe nyatakakadzraɖoƒe siwo dzi wotona ɖea ame si ƒomevi wodina be yewoanye la fiana, ke menye ame si ƒomevi wonye ŋutɔŋutɔ o. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 15 gblɔ be: “Ðevi aɖe si le míaƒe sukuxɔ me la gblɔ be yexɔ ƒe 21, eye be yele du si nye Las Vegas me.” Gake ɖevi eve siawo siaa le afi si didi tso Amerika ƒe du ma gbɔ anɔ abe kilometa 1,600 ene.

Ameblenuwɔna mawo bɔ ŋutɔ. Australia ɖetugbui aɖe si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Àte ŋu awɔ nu sia nu si nèdi la le Internet dzi. Àte ŋu atrɔ ɖokuiwò bubui kura, elabena ame aɖeke menya wò ŋutɔŋutɔ o. Dzi anɔ ƒowò. Àte ŋu awɔ nu vovovo siwo awɔe be nàdze ame tɔxɛe. Àte ŋu atsɔ wò ŋutɔ wo foto siwo me nèdo nanewo, siwo màlɔ̃ ado atsɔ ado goe gbeɖe o le, alo esiwo me nèwɔ nanewo siwo màlɔ̃ awɔ ŋutɔŋutɔ gbeɖe o, la ada ɖe afi ma. Àte ŋu aŋlɔ nya aɖewo siwo màlɔ̃ agblɔ ŋutɔŋutɔ le agbe me gbeɖe o hã ɖe afi ma. Àse le ɖokuiwò me be yeate ŋu awɔ nu sia nu eye ame aɖeke mabia nya aɖeke ye o, elabena ame aɖeke menya wò ŋutɔŋutɔ o.”

Abe ale si wòle le kadodomɔnu ɖe sia ɖe gome ene la, woate ŋu azã Internet dzi kadodowo le mɔ nyui nu loo, alo le mɔ gbegblẽ nu. Abe dzila ene la, ɖe nènya nu si viwòwo nɔa wɔwɔm le Internet dzia? Ðe nèkpɔa egbɔ be wozãa woƒe ɣeyiɣiwo le nunya mea? * (Efesotɔwo 5:15, 16) Gakpe ɖe eŋu la, Internet zazã le mɔ gbegblẽ nu ate ŋu akplɔ sɔhɛwo ade afɔku geɖe me. Afɔku siawo dometɔ aɖewo ɖe?

Afɔku Siwo Le Internet Zazã Me

Esi wònye be ame aɖewo doa ka kple ame siwo womenya o le Internet dzi ta la, eva zu dɔwɔnu nyui aɖe na ɖevi gbɔ dɔlawo. Sɔhɛwo ate ŋu ade wo ɖokui afɔku me le manyamanya me ne woda woa ŋutɔwo ŋuti nyatakakawo ɖe Internet dzi, alo lɔ̃ be yewoayi aɖado go kple ame aɖe si wonɔa dze ɖom kpli le Internet dzi, si womenya o la. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso dzilanyenye ŋuti la gblɔ be ame aɖewo hea nya be “afi si koŋ ɖeviwo dzea ŋgɔ ŋutasesẽ le wo ŋu kple wo gbɔ dɔdɔ kuxiwo le wue nye woa ŋutɔwo ƒe aƒewo me kple le hadomefefewɔƒewo. Ke hã, ayemɔ aɖe si dzi ɖevi gbɔ dɔlawo tona, si mele nyanya na dzilawo o, ye nye be wotoa Internet dzi gena ɖe woƒe aƒewo me hegblẽa nu le wo vi siwo mele ɖeke nyam o la ŋu.”—Parenting 911.

Wozãa mɔ̃ɖaŋununya me kadodomɔnuwo hena taɖodzinu bubuwo hã gbɔ ɖoɖo. Sɔhɛ aɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe “Internet dzi gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ” me—esiawo nyea gedidi le ame ŋu atraɖii, fuléle ame, fuɖename alo ŋɔdzidonamenyawo. Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖewo li koŋ hena gbɔɖiɖi ame, eye wote ŋu toa e-mail kple Internet dzi hahoo dzeɖomɔnuwo kpakple esiawo tɔgbi dzi gblẽa ame ŋu. Internet dzi dedienɔnɔ gbɔ kpɔha aɖe ƒe tatɔ xɔe se be, Internet dzi gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ɖevi siwo ƒe agbɔsɔsɔme ade 80 le alafa ɖe sia ɖe me, siwo xɔ tso ƒe 10 va se ɖe 14 la, dzi tẽ alo le mɔ aɖewo nu.

Ele eme baa be gbɔɖiɖi ame menye nu yeye o. Gake le egbeŋkekeawo me la, afluiwo, amenyagbɔgblɔwo kple ameŋugblẽnyawo te ŋu kakana dea didiƒe kabakaba wu tsã. Zi geɖe la, nyaawo hã ƒaƒãna ŋutɔ. Le go aɖewo me la, wotsɔa asitelefon siwo ŋuti fotoɖemɔ̃ le la ɖea foto ame alo léa eƒe nuwɔnawo ɖe video dzi, ɖewohĩ le sukufefewɔƒexɔ siwo me woɖɔlia awu le la me loo, alo le tsileƒe, eye wonyea foto alo video siwo kpɔkpɔ ate ŋu aɖe fu na ame vevie. Emegbe woléa wo ɖe Internet dzi eye woɖoa wo ɖe ame ale si nu nya kpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu ko.

Ame Geɖewo Va Le Dzi Tsim Le Kuxia Ŋu Vevie

Nuwɔna siawo ƒoe ɖe Amewo Ƒe Dedienɔnɔ Ŋuti Sedɔwɔƒe aɖe si le New Jersey, U.S.A. nu wòŋlɔ lɛta aɖe ɖo ɖe dzilawo kple vidzikpɔlawo tsɔ nɔ biabiam tso wo si be: “Mikpe ɖe mía ŋu míakpɔ ɖeviwo ƒe Internet zazã le mɔ gbegblẽ nu, le gbɔme alo le suku, si dziŋɔ ale gbegbe eye wòle nyanya na ame sia ame azɔ la ƒe kuxia gbɔ.” Lɛta la ƒo nu tso ame ŋutɔ ŋuti nyatakakawo kple fotowo dada ɖe Internet dzi ƒe fuɖenameawo koŋ ŋu. Nyatakakadzraɖoƒe siwo dzi nu siawo nɔna la zazã dzɔa dzi na sɔhɛ kple ame tsitsi gblẽkuwo ŋutɔ. Lɛta la gblɔ be: “Abe dzila ene la, ehiã be nànya be ale si amewo tsi dzi ɖe nɔnɔmea ŋu la ɖee fia be nu ŋutɔŋutɔe le dzɔdzɔm, eye be, àte ŋu awɔ akpa vevi aɖe le viwò takpɔkpɔ me, to ale si nàdi vevie ahanya nu tso viwòwo ƒe Internet zazã ŋu me.”

Ke hã, ewɔ nuku ŋutɔ be dzila aɖewo menya nu boo aɖeke tso nu siwo wo viwo nɔa wɔwɔm le Internet dzi ŋu o. Vidada aɖe si léa ŋku ɖe nu siwo vianyɔnuvi ƒe 16 vi wɔna le Internet dzi ŋu la gblɔ be: “Ne dzilawo kpɔ nu siwo wo viwo dana ɖe Internet dzi henya nu siwo ŋu woɖoa dze tsoe la, aɖe fu na wo eye wòanyɔ ŋu na wo godoo.” Le Internet dzi dedienɔnɔ ŋuti nunyala bibi aɖe ƒe nya nu la, sɔhɛ aɖewo léa gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo ɖe Internet dzi.

Nu Siwo Gblẽm Wòle

Ðe nya siawo katã nye ame tsitsi aɖewo siwo tsia dzi ɖe nu ŋu akpa, ame siwo ŋlɔ ale si sɔhɛmenɔɣi nɔna be la, ƒe ɣlidodo dzro koa? Akɔntabubuwo ɖee fia be menye nenemae o. Bu eŋu kpɔ: Le nuto aɖewo me la, ŋutsuvi ɖeka kple nyɔnuvi ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me, siwo xɔ tso ƒe 15 va ɖo 17 la, kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kpɔ. Eye sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 13 va ɖo 19 la dometɔ siwo wu afã la gblɔ be yewokpɔ gome le gbɔdɔdɔ to nume me kpɔ.

Ðe mɔ̃ɖaŋununya wɔ akpa aɖe le ale si nu wɔnublanui siawo te ŋu le dzɔdzɔm la mea? Ðikeke mele esia ŋu o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Asitelefon kple Internet, siwo na be nuwɔwɔ le ɣaɣlaƒe ƒe mɔnu gã aɖe va ʋu ɖi na sɔhɛwo la, wɔe be gbɔdɔhatinyenye na wo nɔewo va le bɔbɔe ŋutɔ.” (New York Times Magazine) * Le nyateƒe me la, kɔmpiuta dzi nɔnɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe hiã bena woaɖo gbe ɖi ayi aɖado go kple ame aɖe si ƒe vidzinu to vovo la le adzame. Le numekuku aɖe me la, nyɔnuvi 4 le 5 ɖe sia ɖe me lɔ̃ ɖe edzi be yewomeɖɔa ŋu ɖo ale si dze le Internet zazã me o.

Ame siwo tsana le Internet dzi be yewoadze ahiã ahaɖo gbe ɖi kple ame aɖe alo be yewoakpɔ ame aɖe si anye yewoƒe gbɔdɔhati dzro ko la va kpɔa wo ɖokui le nɔnɔme si womenɔ mɔ kpɔm na o me. Jennifer Welch, si wɔa dɔ le Kpovitɔwo Ƒe Dɔwɔƒe si le Novato, California, la gblɔ be: ‘Míede dzesii be ame gbɔ dɔdɔ sesẽe le dzidzim ɖe edzi.’ Egblɔ be ame siwo gbɔ wodɔ sesẽe la nye ame siwo ŋutɔ to Internet dzi do ka kple ame siwo dɔ wo gbɔ la do ŋgɔ helɔ̃ ɖe edzi be yewoado go kpli yewo nɔewo.

Kpɔ Nyuie Le “Xexemenunya” Ŋu!

Ne nyadzɔdzɔgbalẽ siwo ŋlɔa nu tso sɔhɛwo ŋu le nu ŋlɔm tso sɔhɛwo kple gbɔdɔdɔnyawo ŋuti la, wometɔa afɔ to sesĩe o. Togbɔ be wolɔ̃na ɖe edzi be asaƒoƒo na gbɔdɔdɔ alo agbe dzadzɛ nɔnɔ nyo hã la, woƒe taɖodzinu vevitɔe nye be woade dzi ƒo na wo be “woakpɔ wo ɖokuiwo ta le gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ me”—zi geɖe, to kɔndɔm zazã kple asaƒoƒo na dɔlélewo kpakple fufɔfɔ ƒe mɔnuwo zazã dzi—tsɔ wu be woaƒo asa na gbɔdɔdɔ kura. Wogblɔna be, ‘esi míate ŋu axe mɔ na wo o ta la, ele be míafia wo ale si woatsɔ woa ŋutɔwo ƒe agba ya teti.’

Le nyati aɖe si woŋlɔ ɖe sɔhɛwo ƒe Internet dzi nyakakadzraɖoƒe aɖe si ŋu wodea asixɔxɔe me la, wotɔ tsi biabia si fɔ ɖe te nenye be sɔhɛwo akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me loo, alo womakpɔ gome le eme o la heƒo nu tso nu etɔ̃ aɖewo ko ŋu, siwo nye: (1) ale si wòate ŋu adzɔ be woafɔ fu, (2) ale si wòate ŋu adzɔ be woaxɔ nulɔdɔ kple (3) ale si wòle vevie be wo ame eveawo nakpɔe ɖa be yewosu te hena agbe ma nɔnɔ hã. Nyatakakadzraɖoƒea gblɔ be: “Wò ŋutɔ wò nyametsotsoe nye kpɔtɔea.” Eye ɖeko wogblɔ to edzi va yi ko be woate ŋu adzro nyaa me kple dzila aɖe. Eye womegblɔe nenye be sɔhɛwo ƒe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me nyo alo menyo o.

Ne dzilae nènye la, ɖikeke mele eme o be èdi be nane si nyo wu “xexemenunya” ƒe bometsinya siwo ŋu kakaɖedzi mele o la nafia mɔ viwòwo. (Korintotɔwo I, 1:20) Aleke nàwɔ akpe ɖe wo ŋu woatsi ato sɔhɛmenɔɣia me ahaƒo asa na afɔku siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me? Menye kɔmpuita la tsitsi alo asitelefon la xɔxɔ le wo si dzaa koe akpɔ nyaa gbɔ o. Nyawo gbɔ kpɔkpɔ ƒe mɔnu mawo menana woɖoa sɔhɛwo ƒe dzi gbɔ o. (Lododowo 4:23) Ðewohĩ viwòawo anya nɔ mɔ̃ siawo, abe asitelefon alo Internet ene, zãm be yewoatsɔ akpɔ yewoƒe nuhiahiã siwo gbɔ mi dzilawo miate ŋu akpɔ na wo nyuie wu la gbɔ. Nu kawoe nye nuhiahiã siawo dometɔ aɖewo?—g3/07.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Le esi teƒe be dzilawo nagblɔ ko be Internet zazã menyo o la, anyo be woanya nyatakakadzraɖoƒe siwo woviwo lɔ̃a zazã. Ne wowɔe alea la, anɔ bɔbɔe na wo be woakpe ɖe ɖeviawo ŋu ‘woana hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo, bene woade vovo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14, NW) Dzilawo ƒe hehenana sia ava ɖe vi na ɖeviawo le woƒe tsitsi me ŋutɔ.

^ mm. 23 Nyagbe “gbɔdɔhatinyenye” na ame ate ŋu afia nuwɔna ɖe sia ɖe, tso anyinɔnɔ kple ame aɖe ɖekae dzi va ɖo ame nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋutɔŋutɔ dzi. Gake le nyati sia me la efia ame gbɔ dɔdɔ dzaa ko, kuku ɖe ame nɔewo ŋu alo ame ƒe nu lé dzi na ame ƒe seselelãme aɖeke manɔmee.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Ne menya ɖo aƒe me ko la, Internet dzi koe meyina enumake, eye menɔa edzi ʋuu . . . ɣeaɖewoɣi, va se ɖe fɔŋli ga 3”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“Àte ŋu awɔ nu sia nu si nèdi la le Internet dzi. Àte ŋu atrɔ ɖokuiwò bubui kura, elabena ame aɖeke menya wò ŋutɔŋutɔ o”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

“Ne dzilawo kpɔ nu siwo wo viwo dana ɖe Internet dzi henya nu siwo ŋu woɖoa dze tsoe la, aɖe fu na wo eye wòanyɔ ŋu na wo godoo”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Kadodo Kple Amewo Le Internet Dzi Nu Si Me Nyɔnuvi Aɖe To

“Mete míaƒe sukua ƒe Internet kadodomɔnu zazã tsɔ ɖoa dze kple nye sukuhatiwo kpakple nufialawo. Le gɔmedzedzea me la, gaƒoƒo ɖeka koe mezãna ɖe eŋu le kwasiɖaa me. Eteƒe madidi o, meva nɔ ezãm gbe sia gbe. Eva zu numame nam ale gbegbe be ne nyemele Internet zãm o la, menɔa eŋu bum. Nye susu mete ŋu nɔa nu bubu aɖeke dzi o. Meva tsi megbe le nye sukudɔwo wɔwɔ me, nyemeɖoa to le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me o, eye meŋlɔ xɔlɔ̃nye siwo medea ha kpli ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã be. Mlɔeba dzinyelawo va de dzesi nu si nɔ dzɔdzɔm, eye wode se nam hena menya afi si wòle be mazã Internet la ase ɖo. Esesẽ nam ŋutɔ be mawɔ ɖe edzi. Medo dziku vevie ŋutɔ. Gake fifia, edzɔ dzi nam be nuwo va yi nenema, eye mewɔ asitɔtrɔ siwo hiã la nyuie. Nyemagaɖe mɔ gbeɖe be Internet zazã nazu numame nam o!”—Bianca.