Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mikpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Nu Siwo Wodina Nasu Wo Si

Mikpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Nu Siwo Wodina Nasu Wo Si

Mikpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Nu Siwo Wodina Nasu Wo Si

SƆHƐWO hiã ame si woaɖo dze kplii; ame si woagblɔ woƒe taɖodzinuwo, mɔkpɔkpɔwo kple kuxiwo na. Wohiã xɔlɔ̃ nyuiwo hã. Ne sɔhɛwo le tsitsim la, wodina be amewo nanya ame si ƒomevi yewonye ahade bubu yewo ŋu. Ne dzilawo kpe ɖe sɔhɛwo ŋu nu siwo wodina su wo si la, woakpɔ wo ta tso afɔku siwo ate ŋu ado tso hadede gbegblẽwo kple nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔm le Internet dzi me la me.

Sɔhɛwo dina be yewoaɖo dze. Le dzeɖoɖo gome la, edzena abe ɖee ƒewuiviwo medina be yewoaƒo nu tso yewoƒe seselelãmewo ŋu o ene; awɔ na wò be woɖe wo ɖokui ɖe aga alo be womelɔ̃a nuƒoƒo o. Gake kakaɖedzi nenɔ asiwò be wodina be yewoaɖo dze—ɛ̃, wodi be yewoaɖo dze kpli wò, si nye wo dzila—tso nu veviwo kple esiwo mele vevi ale o siaa ŋu. Gake biabia lae nye be, ɖe nèle klalo eye nèdina be yeaɖo to woa?—Yakobo 1:19.

Megana agbemenuteɖeamedziwo naxe mɔ na wò be màgawɔ mɔnukpɔkpɔ xɔasiwo ŋu dɔ atsɔ aɖo dze kple viwòwo o. Ne nɔnɔme sesẽwo wɔe be mète ŋu le ewɔm o la, ɖewohĩ ɣeyiɣia de azɔ be nàbu Biblia me ɖaŋuɖoɖo nyui sia ŋu vevie, be: “Miakpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.” (Filipitɔwo 1:10, NW) Nu kae ate ŋu anɔ vevie wu viwòwo?

Mègaƒo nya ta enumake be sɔhɛwo ate ŋu ate ɖe wo hatiwo ŋu hena aɖaŋuɖoɖoxɔxɔ tsɔ wu tete ɖe wo dzilawo ŋu o. Le numekuku aɖe me la, wobia tso sukuvi siwo wu 17,000, siwo le gɔmedzesuku ƒe klass gbãtɔ va se ɖe adelia me, si be woaɖo ale si wo dzilawo, xɔlɔ̃wo, ame xɔŋkɔwo, nyatakakamɔnuwo, kple nufialawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzii la ɖe ɖoɖo si nye 0 va ɖo 5 nu. Ne wotsɔ 0 de dzesi wo dometɔ aɖe la, efia be mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe wo dzi o, ke nenye 5 la, efia be ekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi vevie. Sukuviawo dometɔ afã kloe tsɔ dzeside 5 na wo dzilawo.

Eme kɔ ƒãa be, abe dzila ene la, àte ŋu awɔ akpa vevi aɖe le viwòwo ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo kpakple taɖodzinuwo tiatia me. Dzila aɖe gblɔ be: “Ðewohĩ womalɔ̃ ɖe nya sia nya si nàgblɔ na wo la dzi ya o. Gake ne mèɖoa dze kpli wo o la, màte ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi gbeɖe o.”

Sɔhɛwo dina be yewoadze xɔlɔ̃. Nyɔnuvi ƒe 15 vi aɖe gblɔ be: “Zi geɖe la, dzilawo menyaa naneke tso ame siwo wo viwo le ha dem kpli le Internet dzi la ŋu o, alo kpui ko la, womedina kura gɔ̃ hã be yewoanya o.” Gake le egbeŋkekea ƒe nɔnɔme kple ɣeyiɣi si me tom míele fifia ta la, masɔ be dzilawo nagbe ɖetsɔtsɔ le wo viwo ƒe hadedewo me o. Ðe nènya ame siwo viwòwo dea ha kpli ŋkume kple ŋkume loo, alo to mɔ bubuwo dzia? Biblia gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33, NW) Ɛ̃, susu nyuiwo li siwo tae wònye dzizizi na wò be nàlé ŋku ɖe viwòwo ƒe hadedewo ŋu ɖo.

Beléle na ɖeviwo lɔ nu geɖe ɖe eme wu wo takpɔkpɔ tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me ko. Ðeviwo hiã xɔlɔ̃ nyuitɔwo. Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.” (Lododowo 13:20) Eya ta ehiã be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔ ame ɖɔʋu siwo woade ha kpli—ame siwo dome sɔhɛ bubu siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le ŋkuɖoɖo wo Wɔla dzi me hã le.—Nyagblɔla 12:1.

Dzidzenuwo le Yehowa Mawu si le ame siwo ƒomevi wòbɔa ha kpli la tiatia me, eye ele be míasrɔ̃ eyama. (Psalmo 15:1-5; Efesotɔwo 5:1) Vavãe, agbenɔnɔ ŋuti ɖaŋu xɔasitɔ kekeake siwo nàte ŋu afia viwòwo—to nya kple nuwɔna me—la dometɔ ɖekae nye aɖaŋu si woatsɔ atia ame ɖɔʋu siwo woade ha kplii.—Tesalonikatɔwo II, 3:6, 7.

Sɔhɛwo dina be woade dzesi ame si ƒomevi yewonye ahade bubu yewo ŋu. Ne ɖevi le tsitsim la, nu vevi aɖe si yia edzie nye be eɖea nɔnɔme tɔxɛ aɖewo—siwo dea vovototo ɖevi aɖe ƒe amenyenye kple bubuwo katã tɔ dome la—fiana. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ðevi ɖea ame si ƒomevi wònye fiana le nu si wòwɔna me.” (Lododowo 20:11, The Holy Bible in the Language of Today, si William Beck ŋlɔ) Abe dzila ene la, wò dɔdeasiwo dometɔ ɖekae nye be nàƒã gɔmeɖose dzɔdzɔewo ɖe viwòwo ƒe dzime.—Mose V, 6:6, 7.

Le kpɔɖeŋu me: Edziedzi la, dzilawoe tiaa awu siwo ɖevi dzaa aɖe ado gbe sia gbe la nɛ kple susu be wòasrɔ̃ awudodo le nɔnɔme nyui me ƒe vevienyenye. Gake bu eŋu kpɔ be, ame tsitsi aɖe si xɔ ƒe 30 la dzilawoe gatiaa awu siwo wòado la nɛ! Ðe meɖi kokoe ŋutɔ oa? Biblia hã zã awudodo ƒe kpɔɖeŋua hede dzi ƒo na mí be: “Mido amenyenye yeye la”—si nye amenyenye si ɖi Kristo tɔ. (Kolosetɔwo 3:10) Àte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woado amenyenye yeyea to hehenana wo kple woƒe “susuwo mamla” me. (Efesotɔwo 6:4, NW) Ekema ne wole tsitsim eye ablɔɖe geɖe va le wo si sum la, woawo hã woate ŋu atiae be ‘yewoado’ “amenyenye yeye” la, elabena wokpɔe dze sii be enyo ŋutɔ eye wòɖea vi na ame.—Mose V, 30:19, 20.

Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke vinyewo sena le wo ɖokui me ŋutɔŋutɔ le agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo Mawu ƒe Nyaa fiana ŋu? Aleke mate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ “agbe le ŋuɖɔɖo” me?’ (Tito 2:12, NW) Menye wò taɖodzinue nye be nàhe viwòwo woanye ameŋkumenuwɔlawo o. Ðevi aɖewo dzena ame siwo dzea agbagba le nu si wogblɔ na wo dziwɔwɔ me nyatoƒoe matomatoe, nya mahemahee, alo aglã madzemadzee. Gake anɔ eme be ale si ɖevi aɖe wɔna ɖe nu siwo nèbiana tsoa esi egbea dzi dzro ko la, nenema kee wòawɔ ɖe nu si xexea me abia tso esi le etsɔme la hã dzi dzro ko. Eya ta na hehe viwòawo be woatu “tamebubu ŋutete” ɖo. (Romatɔwo 12:1, NW) Kpe ɖe wo ŋu woakpɔ nu si tae Biblia me gɔmeɖosewo nyo eye woɖea vi na mí katã la adze sii.—Yesaya 48:17, 18.

Nyateƒee, kpekpe ɖe sɔhɛwo ŋu be nu siwo wodina nasu wo si bia agbagbadzedze. Gake teƒeɖoɖo geɖe dona tsoa eme! Ne viwòwo nɔa agbe ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔe siwo nèƒã ɖe woƒe dzime nu la, àte ŋu agblɔ tso dzi blibo me be ‘ɖeviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ vavã.’—Psalmo 127:3.—g3/07.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Kpe ɖe viwòwo ŋu woatia Kristotɔ ɖɔʋu siwo woade ha kpli