Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne ame aɖe bia be manye yeƒe ahiãvi ɖe?

Ne ame aɖe bia be manye yeƒe ahiãvi ɖe?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ne ame aɖe bia be manye yeƒe ahiãvi ɖe?

“Sɔhɛwo doa ahiãdzenyawo ɖe wo nɔewo gbɔ kple susu be yewoakpɔe ɖa be ame neni yewoate ŋu adɔ kpli hã.”—Penny. *

“Ŋutsuviwo ƒoa nu tsoa nuwɔna sia ŋu faa. Woƒoa adegbe le ale si ahiãvi aɖe le wo si, gake wogadɔ kple nyɔnuvi bubu geɖewo la ŋu.”—Edward.

“Ame siwo biana tso asinye be manye yewoƒe ahiãvi ɣeyiɣi kpui aɖe la gblɔnɛ ŋumakpemakpetɔe. Ne megbe gɔ̃ hã la, esia meɖea dzi le wo ƒo kura o!”—Ida.

EDUKƆ aɖewo me la, woyɔa ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe ahiãdzedze nuwɔna sia be hookups. Gake ŋkɔ bubue woyɔna nɛ le teƒe bubuwo ya. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Akiko gblɔ be woyɔnɛ le Japan be take-outs. “Wogayɔnɛ hã be sefre, si gɔmee nye ‘gbɔdɔxɔlɔ̃.’ Taɖodzinu si le miaƒe xɔlɔ̃dzedzea ŋu koe nye be mianɔ dɔdɔm kple mia nɔewo dzaa ko.”

Aleke kee woɖayɔe o, gɔmesese ɖeka koe le esi—si nye ame gbɔ dɔdɔ dzro ko, kuku ɖe ame nɔewo ŋu alo ame ƒe nu lé dzi na ame ƒe seselelãme aɖeke manɔmee. * Sɔhɛ aɖewo gɔ̃ hã ƒoa adegbe be “xɔlɔ̃ si gbɔ wokpɔa viɖe bubuwo tsona” la le yewo si. Xɔlɔ̃ siawo tɔgbi nyea amenyanyɛ si woate ŋu adɔ kpli dzro ko, kuku ɖe ame nɔewo ŋu ɖaa ƒe nya aɖeke manɔmee. Ðetugbui aɖe gblɔ be: “Kɔɖiɖi na gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme si nyɔ ɖe ame me la enumake koe nye taɖodzinu si le hadede sia ŋu. Ne ènya ke ɖe nu si dim nèle ŋu vɔ ko la, àte ŋu asee ɖe afi ma.”

Esi nènye Kristotɔ ta la, ele be ‘nàsi le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.’ * (Korintotɔwo I, 6:18, NW) Esi esia le nyanya na wò ta la, ɖikeke mele eme o be èdzea agbagba be yeaƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ana nàda le Mawu ƒe sewo dzi. Gake ɣeaɖewoɣi la, tetekpɔa ŋutɔ ava tu le vome. Cindy gblɔ be: “Ŋutsuviwo bia tso asinye le suku be yewoadɔ kplim.” Nɔnɔme sia tɔgbi ke ate ŋu ado mo ɖa le dɔwɔƒe hã. Margaret gblɔ be: “Nye dɔmemegã bia tso asinye be yeadɔ kplim. Enɔ eƒom ɖe nunye ale gbegbe be eva hiã be maɖe asi le dɔa ŋu!”

Gake megawɔ nuku na wò ne ame si do gbɔdɔnyawo ɖe gbɔwò ƒe nu lé dzi na wò o. Biblia la gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.” (Yeremya 17:9) Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Lourdes la kpɔe be nya sia le eteƒe. Elɔ̃ ɖe edzi be, “Melɔ̃ ŋutsu si bia tso asinye be yeadɔ kplim la ƒe nya ŋutɔ.” Nu ma tɔgbi me kee Jane hã to. Eʋu eme be: “Seselelãme sẽŋuwo ho ɖe menye. Gbɔgblɔ be ao, ye nye nu sesẽtɔwo kekeake siwo dze ŋgɔm kpɔ la dometɔ ɖeka.” Edward, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi hã lɔ̃ ɖe edzi be agbe dzadzɛ nɔnɔ mele bɔbɔe o. Egblɔ be: “Nyɔnuvi geɖewo bia tso asinye be madɔ yewo gbɔ, eye gbegbe be nyemawɔe o ye nye dodokpɔ sesẽtɔ kekeake si medo go kpɔ abe Kristotɔ ene. Esesẽ nam ŋutɔ be magbe!”

Ne èse le ɖokuiwò me kpɔ abe Lourdes, Jane, kple Edward ene gake èwɔ nu si dzɔ le Yehowa Mawu ŋku me la, ke èdze na kafukafu ŋutɔ, le esi nèwɔ nu si le eteƒe la ta. Afa akɔ na wò be nànya be apostolo Paulo hã wɔ avu kple nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe seselelãmewo atraɖii.—Romatɔwo 7:21-24.

Biblia me gɔmeɖose kawo dzie wòle be nàɖo ŋkui ne ame aɖe bia tso asiwò be yeadɔ kpli wò?

Nu Si Ta Ame Nɔewo Gbɔ Dɔdɔ Dzro Ko Nye Nu Gbegblẽ

Biblia meda asi ɖe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me srɔ̃ maɖemaɖee dzi o. Le nyateƒe me la, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nye nu vɔ̃ gã ale gbegbe be, ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe eme la ‘manyi Mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.’ (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Be nàte ŋu anɔ te ɖe tetekpɔ si nye ame nɔewo gbɔ dɔdɔ dzro ko nu la, ele be wò ŋutɔ nàbu nuwɔna sia abe ale si Yehowa bunɛ ene. Ele be wò ŋutɔ nàtiae be yeanɔ agbe dzadzɛ.

“Mexɔ edzi se bliboe be Yehowa ƒe mɔe nye nyuitɔ kekeake si nu woanɔ agbe ɖo.”—Karen, Canada.

“Nu geɖe dome gblẽna na ame ne eŋe aɖaba ƒu Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ sewo dzi le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ƒe vivisese ko ta.”—Vivian, Mexico.

“Ðo ŋku edzi be ame aɖe ƒe viŋutsu alo vinyɔnue nènye, ènye ame gbogbo aɖewo ƒe xɔlɔ̃, kple hame aɖe me tɔ. Ne èna ta le tetekpɔa me la, àdo dzive na ame siawo katã!”—Peter, Britain.

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Miyi edzi mianɔ nuwo dom kpɔ, be wodze Aƒetɔ la ŋu hã.” (Efesotɔwo 5:10, NW) Ne Yehowa ƒe nukpɔsusu le agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu su asiwò la, àte ŋu ‘alé fu vɔ̃,’ togbɔ be vɔ̃wɔwɔ ate ŋu adzro ŋutilã madebliboa hã.—Psalmo 97:10.

Nuxexlẽ si aɖe vi na wò: Mose I, 39:7-9. De dzesi ale si Yosef tsi tre ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔa ŋu dzideƒotɔe kple nu si kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe enu.

Wò Dzixɔsewo Nenye Adegbeƒonu Na

Sɔhɛ geɖe ɖea dzideƒo kple kakaɖedzi fiana ɖe nu si dzi woxɔ se la ŋu eye woʋlia eta. Abe Kristotɔ ene la, mɔnukpɔkpɔe wònye na wò be nàʋli Mawu ƒe ŋkɔ la ta to agbe nyui nɔnɔ me. Gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe tsitsri ŋuti nukpɔsusu si le asiwò si ŋu mèfena le o la negakpe ŋu na wò o.

“Na amewo nanyae tso gɔmedzedzea me be mèfena le wò agbe nyui nɔnɔ gɔmeɖosewo me léle ɖe asi ŋu o.”—Allen, Germany.

“Wò dzixɔsewo negakpe ŋu na wò o.”—Esther, Nigeria.

“Ne ègblɔ be, ‘Dzinyelawo malɔ̃ be madze ahiã o’ la, hatiwòwo made bubu wò gbegbe be yemakpɔ gome le gbɔdɔnuwɔnawo me o ŋu o. Ele be nàna hatiwòwo nanya be yemedi be ye kpli wo yewoanɔ ƒomedodo ma tɔgbi aɖeke me o.”—Janet, South Africa.

“Mía kple ŋutsuvi siwo de sekɛndrisuku (lycée) la nya ame si menye, eye wonyae hã be yewoƒe agbagbadzedzewo azu dzodzro.”—Vicky, United States.

Wò dzixɔsewo me léle ɖe asi sesĩe nye dzesi be èle Kristotɔ tsitsi zum.—Korintotɔwo I, 14:20.

Nuxexlẽ si aɖe vi na wò: Lododowo 27:11. Kpɔ ale si wò nuwɔnawo ate ŋu awɔ akpa aɖe le nya vevitɔ kekeake si fɔ ɖe te la gbɔkpɔkpɔ mee, si nye Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ la ɖa!

Tɔ Afɔ To Sesĩe!

Ele vevie be nàgblɔ be yemelɔ̃ o. Gake ame aɖewo ase wò gbegbea gɔme bubui, ahasusu be “aye wɔmee nèle.”

“Ame aɖewo abu wò gbegbea abe gbetɔame alo kuxi sesẽ aɖe si dzi wòle be woaɖu ene, eye esia nana wogaɖonɛ kplikpaa be yewoati yewoƒe taɖodzinua yome.”—Lauren, Canada.

“Ele be nu sia nu si nèwɔna—ale si nèdoa awui, ale si nèƒoa nui, ame si ƒomevi nèɖoa dze kpli, kple ale si nèwɔa nu ɖe amewo ŋui—nàɖee afia be yemelɔ̃ o.”—Joy, Nigeria.

“Ele be nàte gbe ɖe wò gbegbea dzi eme nakɔ nyuie.”—Daniel, Australia.

“Tɔ afɔ to sesĩe! Esime ɖekakpui aɖe do gbɔdɔnya ɖe gbɔnye la, megblɔ nɛ be, ‘Te ɖa le gbɔnye kple nya ma!’ eye meɖo mo vevie hedzo le egbɔ.”—Ellen, Britain.

“Ele be nàyi nyaa gbɔ tẽ agblɔ be yemelɔ̃ o, eye be yemalɔ̃ gbeɖe o. Menye ɣeyiɣi si me wòle be nàfa tue nye ma o!”—Jean, Scotland.

“Ŋutsuvi aɖe yi edzi nɔ fu ɖem nam kple gbɔdɔnyawo henɔ gbɔɖiamenyawo gblɔm ɖe ŋunye. Ɣeyiɣia va de be matɔ afɔ to sesĩe wu. Ɣemaɣi ko hafi wòdzudzɔ fuɖeɖe nam.”—Juanita, Mexico.

“Ehiã be nàna eme nakɔ nyuie be nu si dim wòle la mava eme gbeɖe o. Mèganɔ nunanawo xɔm tso ŋutsuvi siwo le agbagba dzem be yewoƒe asi nasu dziwò la si o. Woate ŋu anɔ te ɖe esiawo dzi anɔ fu ɖem na wò abe ɖe nènyi fe le wo si ene.”—Lara, Britain.

Ne ètɔ afɔ to sesĩe la, Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Nu siwo me Dawid to na wòte ŋu gblɔ le Yehowa ŋu be: “Wò dɔme nyo ɖe dɔmenyotɔ la ŋu.”—Psalmo 18:26.

Nuxexlẽ si aɖe vi na wò: Kronika II, 16:9. Kpɔ ale si Yehowa dina vevie be yeakpe ɖe ame siwo ƒe dzi ku ɖe eŋu bliboe la ŋui ɖa.

Nɔ Ŋudzɔ, Eye Nàkpɔ Nu Do Ŋgɔ

Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Aleke nàte ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzii? To ŋudzɔnɔnɔ kple nukpɔkpɔ do ŋgɔ me!

“Ƒo asa na ame siwo ƒoa nu tsoa nu mawo tɔgbi ŋu la ale si nàte ŋui.”—Naomi, Japan.

“Ƒo asa na hadede kple nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ wò de afɔku me. Le kpɔɖeŋu me, menya ame aɖewo siwo gbɔdɔnuwɔna ƒe mɔ̃a ɖe, le esi aha muame kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ta.”—Isha, Brazil.

“Megana nyatakaka siwo ku ɖe ŋuwò, abe wò adrɛs alo wò telefon xexlẽdzesi ene, ame tutɔ aɖeke o.”—Diana, Britain.

“Ðɔ ŋu ɖo le asikpakpla kɔ na wò sukuxɔmehatiwo me.”—Esther, Nigeria.

“Lé ŋku ɖe wò awudodo ŋu. Wò nudodowo meganyɔ dzodzro ɖe ame me o.”—Heidi, Germany.

“Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple dziwòlawo kpakple nuƒoƒo tso nɔnɔmea ŋu na wo nye takpɔnu sẽŋu aɖe.”—Akiko, Japan.

Lé ŋku ɖe wò nuƒoƒo, agbenɔnɔ, hadedewo kple teƒe siwo nèlɔ̃a yiyi la ŋu nyuie. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe metsɔa ɖokuinye dea nɔnɔme aɖe si nɔa eɖem fia amewo le manyamanya me be adzɔ dzi nam be makpɔ gome le gbɔdɔnuwɔnawo mea?’

Nuxexlẽ si aɖe vi na wò: Mose I, 34:1, 2. Kpɔ ale si teƒe si mesɔ o yiyi he afɔku vɛ na nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Dina la ɖa.

Ðo ŋku edzi be menye nya feŋue gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔnawo me nye le Yehowa Mawu ŋku me o; mele be wò hã nàbui nu feŋui o. Biblia gblɔ be: “Domenyinyi aɖeke meli na gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔla alo ame makɔmakɔ . . . le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.” (Efesotɔwo 5:5, NW) Ne ètiae be yeawɔ nu si le dzɔdzɔe la, dzitsinya nyui anɔ asiwò ɖaa eye bubu akpɔtɔ anɔ ŋuwò. Abe ale si nyɔnuvi aɖe si woyɔ be Carly gblɔe ene la, “Nu ka tae nàɖe mɔ ame aɖe nazã wò nenema atsɔ aɖi kɔ na eƒe vivisese dzro ko ɖo? Nɔ ŋudzɔ eye nàkpɔ ɖokuiwò dzi nyuie be agbagba blibo siwo nèdze be tenɔnɔ nyui le asiwò le Yehowa ŋku me la dome nagagblẽ o!”—g3/07.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Togbɔ be gbɔdɔnuwɔna manɔsenuwo ate ŋu adzro ŋutilã madebliboa hã la, nu ka tae menyo o?

▪ Nu kae nàwɔ ne ame aɖe bia tso asiwò be yeadɔ kpli wò?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 7 Ŋkɔ siwo woyɔ na nuwɔna sia ate ŋu alɔ gbɔdɔdɔnuwɔna bubuwo abe asilili ame nɔewo ŋu kple ame siwo me lɔlɔ̃ nyɔ ɖo ƒe nugbugbɔgbugbɔ na wo nɔewo ene ɖe eme.

^ mm. 8 Gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ lɔ nuwɔna siwo nye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ, gbɔdɔdɔ to nume kple to meƒime, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu dome gbɔdɔdɔnuwɔnawo, asilili ame bubu ƒe vidzinuwo ŋu, kple nuwɔna bubu siwo yia edzi le ame eve siwo menye srɔ̃tɔwo o dome, siwo lɔ̃ vidzinuwo zazã le mɔ gbegblẽ nu la ɖe eme.

[Aɖaka si le axa 25]

▪ Biblia gblɔ be gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔla ‘wɔa nu vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.’ (Korintotɔwo I, 6:18, NW) Aleke wòdzɔnae? Kpɔe ɖa be àte ŋu asusu mɔ siwo dzi wòdzɔna le la dometɔ aɖewo aŋlɔ ɖe ete hã.

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Eŋuti Ðaŋuɖoɖo Aɖewo: Be nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia si le etame la, kpɔ Reasoning From the Scriptures, axa 188 (Comment raisonner à partir des Écritures, axa 191), kple Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 863 (Étude perspicace des Écritures, Babla 1, axa 921). Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ evea siaa.

[Aɖaka si le axa 27]

Na Dzilawo

“Nye sukuhati aɖe gblɔ nam le suku be ‘manye yeƒe gbɔdɔhati.’ Exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi meva se nu si dim wònɔ la gɔme. Ƒe 11 ko mexɔ ɣemaɣi.”—Leah.

Egbea, ɖeviwo megaxɔa ƒe aɖeke hafi wodoa gbɔdɔnyawo ɖe wo gbɔ o. Biblia gblɔe ɖi ɣeyiɣi didi aɖee nye esia be “ɣeyiɣi vɔ̃wo,” siwo me “amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o” kple “amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu” anɔ la ade dzesi “ŋkeke mamlɛawo.” (Timoteo II, 3:1, 3, 4) Nu siwo ɖee fia be nyagblɔɖi sia va eme la dometɔ ɖekae nye “gbɔdɔhatinyenye na ame nɔewo” ƒe nuwɔna si ŋu míeƒo nu tsoe le sɔhɛwo ƒe nyati sia me.

Ale si xexea me le egbea la to vovo sãsãsã na xexe si me nètsi ɖo. Gake le mɔ aɖewo nu la, kuxiawo sɔ kple wo nɔewo. Eya ta mègana nu siwo le ŋusẽ kpɔm ɖe viwòwo dzi la naɖe dzi le ƒowò alo wòado ŋɔdzi na wò o. Ke boŋ ɖoe kplikpaa nàkpe ɖe wo ŋu be woawɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Kristotɔwo, anɔ abe ƒe 2,000 enye esia va yi, ene la dzi be: “Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.” (Efesotɔwo 6:11) Le nyateƒe me la, ele be míakafu Kristotɔ sɔhɛwo, elabena togbɔ be ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ƒo xlã wo alea gbegbe hã la, woʋlina vevie hewɔa nu dzɔdzɔe. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woawo hã woaʋli sesĩe nenema ke?

Mɔ ɖekae nye be nàzã nyati sia me nyawo atsɔ aɖo dze kple viwòŋutsu alo viwònyɔnu. Mawunyakpukpui aɖewo le memama siwo ŋu woŋlɔ ɖo be “nuxexlẽ si aɖe vi na wò” la me; wo xexlẽ nana wobua tame. Wo dometɔ aɖewo he susu yi ame siwo tiae hewɔ nu dzɔdzɔe eye wokpɔ eme yayrawo dzi loo, alo ame siwo ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe sewo dzi eye wokpɔ emetsonuawo la ƒe agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖewo dzi. Mawunyakpukpui bubuwo le “nuxexlẽ si aɖe vi na wò” ƒe memamaawo me, siwo me gɔmeɖose aɖewo le siwo ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woade dzesi mɔnukpɔkpɔ si wònye na mia kpli wo siaa be miele agbe nɔm ɖe Mawu ƒe sewo nu. Ðe manyo ŋutɔ be nàwɔ ɖoɖo fifia be nàdzro nyati sia me kple viwòwo oa?

Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi hea yayrawo vɛ na mía ŋutɔwo godoo. (Yesaya 48:17, 18) Gake aɖabaŋeŋe ƒu wo dzi hea dzigbãnyawo vɛ godoo. Nyɔ! talawo le gbe dom ɖa be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo nàdze be nàƒã Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ɖe viwòwo ƒe dzime la dzi.—Mose V, 6:6, 7.—g3/07.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ehiã be nàna eme nakɔ nyuie be nu si dim wòle la mava eme gbeɖe o