Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mekua Ƒenyi?

Nu Ka Tae Mekua Ƒenyi?

Nu Ka Tae Mekua Ƒenyi?

ÐƆKTAA di be yeakpɔe ɖa be ʋu le sisim to nye ŋkukawo me nyuie hã, eye ema bia be wòatsɔ mɔ̃ aɖe aka nye ŋkua ŋu. Nye ŋutɔ menya nu si le dzɔdzɔ ge akplɔe ɖo xoxo. Alea koe wòdzɔna ɣesiaɣi. Ne dɔnɔdzikpɔla hã di be yeaɖe nye ʋu ado akpɔ la, alea kee wòdzɔna. Ɣeaɖewoɣi la, nuƒoƒo tso nuveviwɔame ŋu ɖeɖe kura gɔ̃ hã nana nu sia dzɔna—mekua ƒenyi.

Le numekuku aɖe si wowɔ le Canada ƒe nya nu la, mía dometɔ 3 le alafa me kua ƒenyi ne míele nɔnɔme siwo ŋu nya míegblɔ do ŋgɔ la dometɔ aɖe me. Ne edzɔna ɖe wò hã dziwò alea la, ke ɖewohĩ èdze agbagba be yemanɔ ƒenyi kum kabakaba o do kpoe. Ðewohĩ èdzea agbagba be yeayi ɖe ɣaɣlaƒe aɖe, be wòagadzɔ le dutoƒo o. Gake menyo nenema o. Àte ŋu aku ƒenyi le mɔ dzi, eye nuvevi awɔ wò. Esi nu sia dzɔ ɖe dzinye zi geɖe vɔ megbe la, meɖoe be manya nu si gbɔ wòtsona.

Esi meɖo dze kple ɖɔkta nyui aɖe, eye mexlẽ agbalẽ ʋɛ aɖewo megbe la, meva kpɔe be lãmeka aɖewo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ɖe ʋukawo dzi gbɔe wòtsona. Woxɔe se be lãmeka siwo nana ʋua sina nyuie la ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie gbɔe wòtsona. Le kpɔɖeŋu me, lãmeka mawoe fiaa mɔ ʋua ne èdi be yeatso le anyinɔƒe anɔ tsitrenu.

Le nɔnɔme aɖewo me, abe ne èkpɔ ʋu, alo wole wò ŋkuwo dom kpɔ la, lãmeka siwo ƒe dɔwɔwɔ dzi wò ŋutɔ mèkpɔa ŋusẽ ɖo o la wɔa dɔ abe ɖe nèle anyimlɔƒe ene, evɔ anyinɔƒe alo tsitrenu ye nèle ɣemaɣi hafi. Gbã la, wò dzi anɔ tsotsom kpokpokpo le dzodzodzoetsitsi ta. Kasia dzia ƒe tsotso aɖiɖi zi ɖeka, eye wò afɔ me ʋukawo me aʋu. Esia awɔe be ʋu asi sɔgbɔ ayi wò afɔwo me, gake masi sɔgbɔ ayi wò ta gbɔ ya o. Ale ya magasɔ gbɔ ɖe wò ahɔhɔ̃ me o, eye àku ƒenyi. Aleke nàte ŋu axe mɔ na nu sia ƒe dzɔdzɔ?

Àte ŋu anɔ adzɔge kpɔm ne wòle wò ʋu ɖem, alo àte ŋu amlɔ anyi. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, àte ŋu anya ɣeyiɣi si me ƒenyikukua adi be yeadzɔ. Eya ta àte ŋu awɔ nane hafi wòadzɔ. Ðɔkta geɖe ɖoa aɖaŋu be nàmlɔ anyi, eye nàwu wò afɔwo dzi atsɔ aziɔ ɖe zikpui alo gli ŋu. Esia awɔe be ʋua masi ayi wò afɔwo me o, eye ale àte ŋu axe mɔ na ƒenyikukua. Ðewohĩ le miniti ʋɛ aɖewo megbe ko la, àkpɔe be eka ɖe eme.

Ne nyatakaka sia kpe ɖe ŋuwò abe ale si wòkpe ɖe ŋunyee ene la, ekema àte ŋu anya ɣeyiɣi si me ƒenyikukua adi be yeava. Ekema àte ŋu awɔ nu kpata atsɔ atsi eƒe dzɔdzɔ nu.—Ame aɖee ŋlɔe míeta.g4/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

Ne èmlɔ anyi hafi wole dowòm kpɔ le kɔdzi la, akpe ɖe ŋuwò