Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo Ƒe Internet Zazã!

Sɔhɛwo Ƒe Internet Zazã!

Sɔhɛwo Ƒe Internet Zazã!

Kpɔe ɖa le susu me be viwò ɖeɖe le tsatsam le dua me le zã titina.

Bu eŋu kpɔ be viwò ƒewuivi kpe azã le wò aƒe me le wò manyamanya me.

De ŋugble le eŋu kpɔ be viwò ŋutsuvi alo viwò nyɔnuvi tu wò aƒea ƒe safuiwo hele mamam na ame tutɔwo.

NE VIWÒ zãa Internet la, ke mele be nya siwo le etame nawɔ nuku na wò o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Internet nana be kadodo kple amewo ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo xexlẽme meli na o va sua ame si to nyatakakadzraɖoƒe siwo le Internet dzi la dzi, alo to nyatakaka siwo wonana enumake to Internet dzi la dzi.”—Science News magazine.

Sɔhɛwo va bi ɖe Internet zazã me ŋutɔ. Le nyateƒe me la, ame siwo le United States (États-Unis) la dometɔ 9 le 10 ɖe sia ɖe me, siwo xɔ tso ƒe 12 va se ɖe 17 la, zã Internet le ƒe 2004 me. Eye Internet le xexea me ƒe afi sia afi amewo ate ŋu azã.

Ame sia ame kloe alɔ̃ ɖe edzi be Internet ɖea vi geɖe. Gake mele be afɔku siwo le ezazã me la nanɔ manyamanya na ame aɖeke o. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ geɖewo ɖeɖe nɔa Internet me tsam, eye wo dometɔ aɖewo le ka dom kple ame siwo màlɔ̃ gbeɖe, alo ame siwo viwò sɔhɛa ŋutɔ hã malɔ̃ gbeɖe, be yeakpe va aƒe me o.

Ðevi aɖewo siwo mele ɖeke nyam o gɔ̃ hã ƒoa woa ŋutɔwo ŋu nyatakaka siwo ku ɖe woƒe tameɖoɖowo ŋu kpakple woƒe fotowo nu ƒo ɖe Internet dzi le mɔ si mesɔ kura o nu. Nufialagã Zheng Yan, si fiaa nu le Dukɔa ƒe Yunivɛsiti si le New York la gblɔ le sɔhɛwo ŋu be: “Zi geɖe la, womenyaa ame gbogbo siwo gbegbe kena ɖe nyatakaka siawo ŋu o, eye nyatakaka siawo sua ame siwo toa Internet dzi blea ɖeviwo nu hedɔa wo gbɔ la hã si.”

Mina míalé ŋku ɖe nu siwo sɔhɛ geɖe nɔa wɔwɔm le Internet dzi la ŋu kpɔ. Esia akpe ɖe mía ŋu míanya kuxi siwo ate ŋu ado tso eme na wo, ana míanya nu si koŋ dim wole, ale be míakpɔ ale si míawɔ akpe ɖe wo ŋu woakpɔ woƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ. Esia akpe ɖe Kristotɔ sɔhɛwo hã ŋu woakpe akɔ kple kplamatsedonuwo ahayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu le ɣeyiɣi sesẽ siawo me.—Timoteo II, 3:1-5.—g3/07.