Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔlemehawo Afi Kae Woɖo Tae?

Sɔlemehawo Afi Kae Woɖo Tae?

Sɔlemehawo​—Afi Kae Woɖo Tae?

NU KAE le dzɔdzɔm ɖe yeaɖi Kristotɔwo ƒe sɔlemehawo dzi? Ðe wole dzidzedze kpɔm le afi si nèlea, alo ɖe wole to yim? Ðewohĩ àsee woanɔ boblo dom be wogbugbɔ dzo de sɔlemeha aɖe me, alo àse sɔlemeha aɖewo ƒe dzidziɖedzi ŋuti nyatakakawo tso teƒeteƒewo abe Afrika, Ɣedzeƒe Europa kple United States (États-Unis) ene ɣeaɖewoɣi. Gake nyadzɔdzɔ me nyatakaka siwo tso xexea ƒe akpa bubuwo, vevietɔ Ɣetoɖoƒe Europa la ɖenɛ fiana be ɖeko sɔlemedelawo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ, kple be ame akpa gãtɔ megava tsɔ ɖeke le subɔsubɔnyawo me o.

Esi sɔlemehawo le to yim ta la, wo dometɔ geɖe trɔ nɔnɔme azɔ. Wo dometɔ aɖewo gblɔna be “yewomedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke loo, alo tsia tre ɖe ame aɖeke ƒe nuwɔna ŋu o,” eye wogblɔna be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame sia ame ŋu. Eva le bɔbɔm fifia be sɔlemehawo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe modzakaɖenuwo, dzidzɔdonamenuwo kple xexemenu dzroamewo wɔwɔ me tsɔ wu be woafia Mawu ƒe Nya amewo. Togbɔ be sɔlemedela aɖewo kpɔe be tɔtrɔ siawo hiã bene nuwo nasɔ ɖe ale si nɔnɔmeawo le le xexea me ŋutɔŋutɔ egbea nu hã la, ame siwo léa ŋku ɖe nu ŋu nyuie la biana be menye ɖee sɔlemehawo le tatram ɖa tso dɔ si Yesu de wo si la gbɔ o mahã. Na míalé ŋku ɖe ale si sɔlemehawo le nu wɔm ƒe aɖewoe nye esia la ŋu akpɔ.—g2/07.