Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔlemehawo Nu Kae Le Dzɔdzɔm Ðe Wo Dzi?

Sɔlemehawo Nu Kae Le Dzɔdzɔm Ðe Wo Dzi?

Sɔlemehawo Nu Kae Le Dzɔdzɔm Ðe Wo Dzi?

AME siwo le Latin Amerika, tso dziehe le Mexico yi ɖe anyiehe le Chile la, katã ƒe dekɔnuwo sɔ hede nu wo nɔewo me le nu geɖe me. Latin Amerikatɔ tsitsiwo ate ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi siwo me subɔsubɔha ɖeka, si nye Roma Katolikoha ɖeɖe ko nɔ anyi la dzi. Ƒe alafa 16 lia mee Spaintɔ siwo ɖu wo dzi ɣemaɣi la tsɔ akpasesẽ ɖo subɔsubɔha ma anyi. Portugaltɔ siwo nye Roma Katolikotɔwoe ɖu Braziltɔwo hã dzi tsã. Eye Katolikoha la da megbe na dziɖuɖu si nɔ anyi ɣemaɣi la hena ƒe 400 sɔŋ kple susu be yewoaxɔ gakpekpeɖeŋu tso wo gbɔ ahazu dukɔ bliboa ƒe sɔlemeha.

Gake le ƒe 1960 ƒeawo me la, Katoliko nunɔlawo va de dzesii be megbedada na dziɖuɖua ƒe ameŋkutawo wɔe be dukɔa me tɔwo megava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe sɔlemehaa ŋu o. Eya ta woƒo wo ɖokui ɖe dɔ aɖewo wɔwɔ me tsɔ nɔ eɖem fia be yewotsɔ ɖe le eme na ame dahewo, eye vevitɔe nye be wonɔ ablɔɖenana ŋuti mawuŋununyafiafia dom ɖe ŋgɔ. Habɔbɔ siwo doa nukpɔsusu sia ɖe ŋgɔ la dze egɔme le Latin Amerika abe tsitretsitsi ɖe ahedada si nɔ fu ɖem na Katolikotɔ geɖe la ŋuti ene.

Togbɔ be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒo wo ɖokui ɖe dunyaheha xɔŋkɔwo me hã la, ame miliɔn geɖe do le Katolikohaa me hetrɔ ɖe sɔlemeha bubuwo ŋu. Esia wɔe be subɔsubɔha siwo tsɔa asikpeƒoƒo kple sɔlemehadzidzi ɖefutamenamewo ɖo dɔe, alo esiwo ƒe sɔlemexɔwo me nɔna abe rock ɣeɖuƒewo ene la va dzi ɖe edzi kabakaba ŋutɔ. Aƒetɔ Duncan Green ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ aɖe me be: “Evangelika habɔbɔ si nɔ Latin Amerika la me va mã hezu Sɔlemeha gbogbo aɖewo. Zi geɖe la, kplɔla ɖeka ƒe kpɔkplɔ te koe sɔlemeha mawo nɔna. Eye ne ha aɖe dzi ɖe edzi la, edzɔna zi geɖe be egamana ɖe Sɔlemeha yeye vovovowo me.”—Faces of Latin America.

Europa Trɔ Megbe De Sɔlemehawo

Le ƒe siwo wu 1,600 me la, dziɖula siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye lae ɖu Europa ƒe akpa gãtɔ dzi. Fifia si míege ɖe ƒe alafa 21 lia me xoxo ɖe, ɖee subɔsubɔhawo le dzidzedze kpɔm le Europa? Le ƒe 2002 me la, hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala Steve Bruce, gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me tso Britain (Angleterre) ŋu be: “Le ƒe alafa wuiasiekelia me la, wowɔa srɔ̃kpekpewo katã kloe wonyea subɔsubɔnuwɔna.” Gake kaka ƒe 1971 naɖo la, Britaintɔwo ƒe srɔ̃kpekpe 60 le alafa me koe nyea subɔsubɔnuwɔna. Le ƒe 2000 me la, 31 le alafa me koe wowɔna nenema.—God is Dead—Secularization in the West.

Esime nyadzɔdzɔdɔwɔla aɖe si wɔa dɔ le London ƒe nyadzɔdzɔdɔwɔƒe aɖe nɔ nudzɔdzɔ sia me ɖem la, eŋlɔ bena: “Sɔlemehagãwo, tso England Sɔlemehaa kple Roma Katolikohaa dzi yi ɖe Metodist kple Ðɔɖɔɖoha Wɔɖekawo dzi, katã le to yim ɣeyiɣi didi aɖee nye esia.” Egblɔ be: “Kaka ƒe 2040 naɖo la, Britain Sɔlemehawo ayi to keŋkeŋ, eye dukɔa me tɔ eve le alafa me koe anɔ Kwasiɖagbe misawo dem.” (London’s Daily Telegraph) Nya mawo tɔgbi kee wogblɔ le Netherlands (Pays-Bas) ƒe subɔsubɔnyawo ŋuti.

Netherlandtɔwo Ƒe Dɔwɔƒe Si Kpɔa Hadomenya Kple Dekɔnuwo Ŋuti Ðoɖowo Dzi de dzesii be: “Le ƒe blanane siwo va yi me la, edze abe ɖee míaƒe dukɔa va ƒo eɖokui ɖe xexemegbenɔnɔ me koŋ ene. Míele mɔ kpɔm be kaka ƒe 2020 naɖo la, dukɔa me tɔ 72 le alafa me maganɔ subɔsubɔha aɖeke me o.” Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe hã gblɔ be: “Germanytɔ geɖe le tɔtrɔm ɖe adzewɔwɔ kple vivimenuwɔwɔwo ŋu fifia hena akɔfafa, si wokpɔna tsã le sɔlemewo, dɔwɔɖuiwo kple ƒomewo me la kpɔkpɔ. . . . Esia ƒoe ɖe Sɔlemeha siwo le dukɔa katã me nu be woatu woƒe ʋɔtruwo le esi amewo megadea sɔleme o ta.”

Ame siwo gakpɔtɔ yia sɔleme le Europa la meyina kple susu be yewoaɖadi nu si Mawu di tso yewo si o. Nyatakaka aɖe si tso Italy la gblɔ be: “Italytɔwo trɔa asi le woƒe subɔsubɔ ŋu wosɔna ɖe woƒe agbenɔnɔ nu.” Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Nu si dea mía dzi ye míetsɔna le nya siwo papa gblɔna me.” Nya ma tɔgbi kee woagblɔ le Katolikotɔ siwo le Spain (Espagne), afi si amewo tsɔ kɔlili nunɔamesiwo kple gakpɔkpɔ enumake ƒe didi ɖɔli mawusubɔsubɔ le la ŋu.

Agbenɔnɔ alea tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ƒe agbenɔnɔ si ƒomevi Kristo kple eyomedzelawo fia henɔ agbe ɖe enu la ŋu tẽ. Menye subɔsubɔ aɖe si le abe “nuɖuɖudzraƒe” alo “kplɔ̃ɖoƒe” aɖe, afi si ame ŋutɔ atia nu siwo dze eŋu le ahagblẽ esiwo medze eŋu o la ɖi, ene lae Yesu ɖo anyi o. Egblɔ be: “Ne ame aɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme.” Yesu fia amewo be Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ nye ame ɖokui tsɔtsɔ sa vɔ kple kutrikukugbenɔnɔ.—Luka 9:23.

Boblododo Subɔsubɔhawo Le Dziehe Amerika

Numekukuwɔlawo gblɔ be, to vovo na ale si nuwo le le Canada—afi si wòdze kɔte be amewo mexɔa subɔsubɔnyawo dzi se le o—la, amewo tsɔa mawusubɔsubɔnyawo nu vevii ŋutɔ le United States ya. Le numekukudɔwɔƒe aɖewo ƒe nya nu la, ame siwo wobia gbee dometɔ 40 sɔŋ le alafa mee gblɔ be yewodea sɔleme kwasiɖa ɖe sia ɖe, evɔ numekuku si wowɔ le ame siwo dea sɔleme ŋutɔŋutɔ gome ɖee fia be womede ame 20 le alafa me gɔ̃ hã o. Ame siwo wu 60 le alafa me gblɔ be yewoxɔ edzi se be Mawu ƒe Nyae Biblia nye. Gake woƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe sɔlemeha aɖe ŋu mexɔa ɣeyiɣi aɖeke o. Le United States la, sɔlemedela geɖe ɖɔlia woƒe subɔsubɔha bɔbɔe ŋutɔ. Ne mawunyagblɔla aɖe megaxɔ ŋkɔ o alo ne womegadea bubu eŋu o ko la, eƒe hameviwo ate ŋu aka xlẽ—eye zi geɖe la, ga gbogbo aɖe hã yia nu gbe nenema ke!

Sɔlemeha aɖewo srɔ̃ asitsamɔnuwo bena woate ŋu “ado boblo” woƒe subɔsubɔnuwɔnawo nyuie wu. Sɔlemehawo xea dɔlar akpe geɖe tsɔ hayaa dɔwɔƒe siwo bi ɖe aɖaŋuɖoɖo na sɔlemehawo me be woaɖo aɖaŋu na yewo. Dɔwɔƒe siawo dometɔ ɖeka ka nya ta be sɔlemehakplɔla aɖe si kpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me gblɔ be: “Gazazã gbogbo aɖe ŋutɔe wònyena.” Sɔlemehagã siwo me hamevi akpe geɖe nɔna la kpɔ ga ale gbegbe be woŋlɔ ŋkɔ ɖe asitsatsa ŋuti nyadzɔdzɔgbalẽwo abe The Wall Street Journal kple The Economis ene me hena boblododo woƒe selemehaa. Nyadzɔdzɔgbalẽ siawo ka nya ta be sɔlemehagãwo le abe “nuƒleƒe si nàyi ahakpɔ wò ŋutilãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ le ɣeyiɣi ma ke me” ene. Nuɖuƒewo, kɔfinoƒewo, ɖawɔƒewo, tsidzodzoleƒewo, kple kamedefefewɔƒewo te ŋu nɔa sɔlemexɔ gãwo me. Nu siwo wotsɔ hea amewo dometɔ aɖewoe nye fefewɔƒewo, ame xɔŋkɔwo sasrãkpɔ, kple haƒoƒo siwo le tsia dzi. Gake nu kae mawunyagblɔlawo fiana?

Mewɔ nuku o be, ‘nudzedziname ƒe nyanyui gbɔgblɔ’ ye va bɔ fifia. Wogblɔna na hameviawo be ne woyia edzi dzɔa ga dɔmenyotɔe la, woakpɔ hotsui ahazu kesinɔtɔ. Le agbe nyui nɔnɔ gome la, wogblɔna zi geɖe be Mawu sea nu gɔme na ame. Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Amerikatɔwo ƒe sɔlemehawo nana amewo ƒe dzi dzea eme, womedrɔ̃a ʋɔnu ame o.” Zi geɖe la, subɔsubɔha xɔŋkɔwo fiaa afɔɖoƒe siwo dzi ame ŋutɔ ate ŋu ato be nu nadze edzi nɛ le agbe me. Eva le dzi dzɔm na ame geɖe fifia be yewomanye sɔlemeha aɖe koŋ me tɔwo o, eye wokpɔa ŋudzedze ɖe esiwo, ƒãa hafi woƒoa nu tsoa nufiafia siwo wobuna be wodea mama amewo dome la ŋu. Gake wodea dunyahenyawo woƒe nufiafiawo me, eye zi geɖe la, woƒoa nu tsoa wo ŋu koŋ. Nyitsɔ laa la, subɔsubɔŋgɔnɔla aɖewo ƒe dunyahenyawo gbɔgblɔ le sɔleme gblẽ nu le wo ŋu vevie.

Ðe dzo yeye aɖe gaɖo subɔsubɔnyawo me le Dziehe Amerika? Nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Newsweek la ka nya ta le ƒe 2005 me be, “ɣlidodowo, anyidzedze, afɔtutu anyi adãtɔe,” kple subɔsubɔ me nuwɔna bubuwo va bɔ ŋutɔ, gake egblɔ be: “Nu sia nu si le edzi yim le afi sia mefia be sɔlemedelawo le nu gbɔme wɔm o.” Ne wowɔ numekuku hebia amewo be woayɔ subɔsubɔha si me tɔ wonye la, “Ame siwo mele wo dometɔ aɖeke me o” ye le agbɔ sɔm wu. Esi sɔlemedelawo le ʋuʋum le sɔlemeha aɖewo me ta koe bubuwo me tɔwo le agbɔ sɔm ɖo. Wogblɔ be “ameha gbogbo” aɖewo ŋutɔe le blema subɔsubɔhawo kple woƒe kɔnyinyiwo, saŋkuƒoƒowo kpakple nunɔla siwo nɔa awu legbewo me la gblẽm ɖi.

Le míaƒe numedzodzro kpui sia me la, míekpɔe be sɔlemehawo me le mamam klukluklui le Latin Amerika, hamewo le gbagbam le Europa, eye le United States la, wole ʋiʋlim vivie be yewoahe amewo to modzakaɖenuwo kple dzidzɔdonamenuwo zazã me. Ele eme baa be geɖeawo ƒe nɔnɔme mele alea o, gake ne míagblɔe dzagba la, sɔlemehawo le ʋiʋlim vevie be yewoakpɔtɔ axɔ ŋkɔ. Ðe esia fia be Kristotɔnyenye le to yima?—g2/07.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]

“SUBƆSUBƆHA ME SITSATSA”

Woka nya ta be Dukɔa Ƒe Dɔwɔƒe Si Kpɔa Fransɛawo Ƒe Katolikoha Ƒe Nyawo Gbɔ ƒe tatɔ gblɔ be: “Míele subɔsubɔha me sitsatsa teƒe kpɔm. Amewo doa mo ɖa, eye ne womekpɔ subɔsubɔha si nyo na wo o ko la, ekema wodzona yia afi bubu.” Yunivɛsiti Nufialagã, Grace Davie, gblɔ le numekuku aɖe si wòwɔ tso Europatɔwo ƒe subɔsubɔhawo ŋuti be: “Ðe ko ame ɖe sia ɖe tiaa subɔsubɔha vovovoawo kple woƒe nuwɔnawo me. Abe ale si wòle le nu bubu geɖewo gome ene la, ŋu aɖe va ke na subɔsubɔhawo hã be amewo natia wo me atsɔ esi nya sɔ ɖe woƒe agbenɔnɔ kple nudidiwo nu ko.”—Professor of Britain’s Exeter University.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Amewo ŋlɔ nu ɖe sɔlemexɔ aɖe ƒe gli ŋu le Naples, Italy

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

©Doug Scott/age fotostock

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ame geɖe trɔ le Katolikohaa yome le Mexico