Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Woɖo Ale Si Wò Agbe Ava Nɔ La Ði Do Ŋgɔa?

Ðe Woɖo Ale Si Wò Agbe Ava Nɔ La Ði Do Ŋgɔa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Woɖo Ale Si Wò Agbe Ava Nɔ La Ði Do Ŋgɔa?

Gbe ɖeka ŋdi la, ŋutsu eve nɔ ʋu me yina dɔme. Wo dometɔ ɖeka di be yewoato mɔ kpui aɖe si to nuto aɖe si me wònɔ kpɔ. Le mɔa dzi la, wokpɔ dzo nɔ bibim le aƒe aɖe me. Wotɔ woƒe agbatsɔʋua eye wozã aŋutsrɔe aɖe si nɔ ʋua me la tsɔ ɖe vidada aɖe kple via atɔ̃ ƒe agbe. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Anye dzɔgbesee.”

AME geɖe xɔe se be ŋusẽ aɖe si tri akɔ wu yewo lae ɖo nu sia nu si dzɔna ɖe yewo dzi la ɖi, eɖanye nyui alo vɔ̃ o. Le kpɔɖeŋu me, John Calvin si nye Ðɔɖɔɖotaʋlila le ƒe 16 wuiadelia me la, ŋlɔ bena: “Míegblɔna be nuɖoɖinamee nye Mawu ƒe ɖoɖo mavɔ si me wòɖo nu si wòdi be yeazã ame sia ame atsɔ awɔ la ɖi le. Elabena mewɔ amewo katã le mɔ ɖeka nu o, ke boŋ eɖo ame aɖewo ɖi hena agbe tegbee nɔnɔ eye bubuawo hena dzo mavɔ me nɔnɔ.”

Ðe Mawu ɖo ale si míava wɔ nu, kple nu si míava nye mlɔeba la ɖi do ŋgɔ ŋutɔŋutɔa? Nu kae Biblia fia?

Nukpɔsusu Si Dzi Wotu Nuɖoɖiname Ƒe Dzixɔsea Ðo

Nukpɔsusu si koŋ nɔa ame siwo xɔa nuɖoɖiname dzi se la dometɔ aɖewo sie nye: Mawu nya nuwo katã. Enya nu sia nu, enya nu si adzɔ le etsɔme kura gɔ̃ hã. Enya nu si ame ɖe sia ɖe awɔ kple eƒe agbe, eye enya ɣeyiɣi kple ale si tututu ame ɖe sia ɖe aku la do ŋgɔ. Eya ta le woƒe susu nu la, ne eva hiã be ame aɖe nawɔ nyametsotso la, mate ŋu awɔ nyametsotso aɖeke si ato vovo na esi Mawu ɖo ɖi nɛ o; ne menye nenema o la, ekema Mawu menya nuwo katã o. Ðe nèkpɔe be nunya le nukpɔsusu sia mea? Bu nu si emetsonua anye ne nenemae wòle ŋu kpɔ.

Ne gbɔgbɔmeŋusẽ aɖe ɖo ale si wò etsɔme ava nɔ ɖi xoxo la, ekema agbagbadzedze be nàkpɔ ɖokuiwò ta nye nu dzodzro. Efia be èɖanoa atama alo mènonɛ o, makpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe wò lãmesẽ alo viwòwo tɔ dzi o. Eye viɖe aɖeke manɔ eŋu be nàbla zikpuiŋuka le ʋu me be yeatsɔ akpɔ yeƒe agbe ta o. Evɔ nuwo mate ŋu anɔ alea le dzɔdzɔme nu o. Akɔntabubuwo ɖee fia be ame siwo wɔna ɖe dedienɔnɔ ŋuti mɔfiamewo dzi la ƒoa asa na afɔku geɖe. Gake ɖekematsɔleme ate ŋu akplɔ ame ade afɔku me.

Gabu eŋu le go bubu me hã kpɔ. Ne Mawu tianae be yeanya nu sia nu do ŋgɔ la, ekema hafi wòawɔ Adam kple Xawa la, ele be wòanya be woava gbe toɖoɖo ye. Gake esime Mawu gblɔ na Adam be megaɖu “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃” ƒe tsetse o, ne eɖui aku la, ɖe Mawu nya xoxo be aɖu atia ƒe tsetse aɖea? (Mose I, 2:16, 17) Esime Mawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔa be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi” la, ɖe wònya do ŋgɔ be woƒe agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa azu dzodzroa? Gbeɖe!—Mose I, 1:28.

Ne míebu nu si ado tso nuŋububu alea me ŋu la, ebubu be Mawu nya nyametsotso ɖe sia ɖe si míava wɔ do ŋgɔ la afia be eya gbɔe nu siwo katã dzɔna la tsona—aʋawɔwɔwo, madzɔmadzɔnyenye, kple fukpekpewo hã le eme. Nyateƒe yea? Nu si Mawu gblɔ le eɖokui ŋu la na ŋuɖoɖo si me kɔ nyuie.

“Mitia”

Ŋɔŋlɔawo gblɔ be “Mawue nye lɔlɔ̃” eye be enye ame si “lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” Exlɔ̃a nu eƒe amewo ɣesiaɣi be: “Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui.” (Yohanes I, 4:8; Psalmo 37:28; Amos 5:15) Ede dzi ƒo na esubɔla wɔnuteƒewo zi geɖe be woawɔ tiatia si me nunya le. Le kpɔɖeŋu me, esime Yehowa bla nu kple blema Israel dukɔa la, egblɔ na wo to Mose dzi be: “Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe.” (Mose V, 30:19) Ðe Mawu ɖo tiatia si ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe awɔ la ɖi do ŋgɔa? Edze ƒãa be mele nenema o.

Yosua, si nye Mawu ƒe dukɔa kplɔla le blemaɣeyiɣiwo me, de dzi ƒo na eƒe dukɔa me tɔwo be: “Mitia, amesi subɔ ge miala . . . Mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!” (Yosua 24:15) Nenema kee Mawu ƒe nyagblɔɖila Yeremya hã gblɔ be: “Ðo to Yehowa ƒe gbe ko, abe alesi megblɔ na wò ene, ne eme nanyo na wò, eye natsi agbe.” (Yeremya 38:20) Ðe Mawu dzɔdzɔetɔ si lɔ̃a ame ade dzi ƒo na eƒe amewo be woawɔ nu nyui kple mɔkpɔkpɔ be woaxɔ teƒeɖoɖo ne enyae do ŋgɔ be woado kpo nua? Gbeɖe! Dzidede ƒo na wo alea anye alakpanuwɔwɔ.

Eya ta ne nu nyui alo afɔku aɖe dzɔ ɖe dziwò le agbe me la, mefia be ɖe Mawu ɖoe ɖi be adzɔ ɖe dziwò godoo o. Zi geɖe la, ‘nuɖiɖeamewo’ dzɔna, siwo nyea ame aɖewo ƒe nyametsotso nyui alo nyametsotso gbegblẽ me tsonu. (Nyagblɔla 9:11) Eya ta nenɔ nyanya na wò be womeɖo ale si wò etsɔme ava nɔ la ɖi do ŋgɔ o, eye wò ŋutɔ wò nyametsotsowoe afia etsɔme mavɔ si asu asiwò.—g5/07.

NU KAE NYE WÒ SUSU?

▪ Ðe Mawu ɖoe do ŋgɔ be Adam kple Xawa nawɔ nu vɔ̃a?—Mose I, 1:28; 2:16, 17.

▪ Mawu ƒe nɔnɔme kawoe ɖee fia be meɖoa ale si etsɔme anɔ na ame ɖi o?—Psalmo 37:28; Yohanes I, 4:8.

▪ Agba kae le wò ŋutɔ dziwò?—Yosua 24:15.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Akɔntabubuwo ɖee fia be ame siwo wɔna ɖe dedienɔnɔ ŋuti mɔfiamewo dzi la ƒoa asa na afɔku geɖe