Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe ame sia sɔ nama?

Ðe ame sia sɔ nama?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe ame sia sɔ nama?

De ŋugble le nyabiase siwo gbɔna ŋu sẽ, eye nàɖo wo ŋu:

Nɔnɔme nyui kawoe nèkpɔ be wole vevie na wò, si wòle be woanɔ ame si nàdi be yeaɖe si? Le nyaɖoɖo siwo le ete me la, wɔ dzesi sia ✔ ɖe nɔnɔme ene siwo nèsusu be woawoe le vevie wu la gbɔ.

․․․․․․․․ enya kpɔ ․․․․․․․․ eléa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu

․․․․․․․․ edoa vivi ɖe ame ŋu ․․․․․․․․ woate ŋu aka ɖe edzi

․․․․․․․․ exɔ ŋkɔ ․․․․․․․․ enɔa agbe nyui

․․․․․․․․ edoa nukokoe na ame ․․․․․․․․ eɖoa taɖodzinu na eɖokui

Esi mèkpɔ tsi alea o la, ɖe ame aɖe ƒe nu lé dzi na wò vevie kpɔa? Wɔ dzesi sia ✘ ɖe nɔnɔme aɖe, si le nyaɖoɖoawo me le etame, si do dzidzɔ na wò wu le amea ŋu ɣemaɣi la gbɔ.

NANEKE megblẽ le nɔnɔme siwo le etame la dometɔ aɖeke ŋu o. Wo dometɔ ɖe sia ɖe nyo le go aɖe me. Gake ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be esime nènye sɔhɛ la, ame aɖe ƒe gotagomenɔnɔmewo, abe esiwo woɖo ɖe miame ene la, koe nana eƒe nu léa dzi na wò oa?

Gake esime nènɔ tsitsim la, èva te wò tamebubu ŋutetewo zazã tsɔ dea ŋugble tso nɔnɔme siwo le vevie wu, abe esiwo woɖo ɖe ɖusime ene, la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, èva te ekpɔkpɔ dze sii be ɖetugbui siwo dze tugbe wu le miaƒe nutoa me la menye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo kokoko o, alo be ɖewohĩ ɖekakpui siwo xɔ ŋkɔ wu le miaƒe sukuxɔ me la menɔa agbe nyui kokoko o. Ne ètsi ‘to sɔhɛnyenye me’—ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe didi nu sẽna le ame me—do la, anɔ eme be àte ŋu alé ŋku ɖe nɔnɔme siwo le vevie wu gotagome dzedzeme la ŋu atsɔ aɖo biabia si nye, Ðe ame sia sɔ nama? la ŋu.—Korintotɔwo I, 7:36.

Ðe Ame Ðe Sia Ðe Ko Asɔ Nama?

Anɔ eme be esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, ame siwo ƒe vidzinu to vovo na tɔwò la dometɔ geɖe ƒe nu lé dzi na wò. Gake menye wo dometɔ ɖe sia ɖe koe asɔ na wò o. Nya lae nye be, ame si nànɔ wò agbenɔƒe mamlɛawo kpli la dim nèle, si anye ame si akpe ɖe ŋuwò be nɔnɔme nyui siwo le asiwò la nagaɖe dzesi wu, eye wò hã nàwɔ nenema ke nɛ. (Mateo 19:4-6) Ame kae ame ma anye? Hafi nàte ŋu aɖo biabia ma ŋu la, ele be nàlé ŋku ɖe ɖokuiwò ŋu le Mawu ƒe Nya, si le abe ‘ahuhɔ̃e’ ene me ahadzro ɖokuiwò me anukwaretɔe gbã.—Yakobo 1:23-25.

Be nànya nu geɖe wu tso ɖokuiwò ŋu la, ɖo biabia siwo gbɔna ŋu:

Nɔnɔme nyui kawoe le asinye?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Gbɔdzɔgbɔdzɔ kawoe le ŋunye?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Nu kawo ŋue wòle be matrɔ asi le le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Togbɔ be menye nu feŋuie ɖokuiwò nyanya nye o hã la, biabia siwo le etame la tɔgbi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me. * Zi ale si nèva le ɖokuiwò nyamee la, zi nenemae nàte ŋu asu te anya ame si asɔ na wò, si ana wò nɔnɔme nyuiwo naɖe dzesi wu, ke menye wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo o. Gake nu kae nàwɔ ne èkpɔ ame aɖe si nèsusu be esɔ na ye?

Ðe Ame Sia Sɔ Na Wò Vavã?

Be nàkpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo la, lé ŋku ɖe ame si ƒe nu lé dzi na wò la ŋu anukwaretɔe. Gake kpɔ nyuie! Ne mènya wɔwɔ o la, ɖewohĩ nu siwo nàdi be yeakpɔ la koe nàva nɔ kpɔkpɔm. Eya ta gbɔ dzi ɖi. Dze agbagba nàlé ŋku ɖe nɔnɔme siwo ŋutɔŋutɔ le xɔ̃wòa si la ŋu.

Ðekakpui kple ɖetugbui geɖe siwo ɖoa gbe ɖi kple wo nɔewo la mekpɔa nu yia ŋgɔ wu gotagomedzedzeme o. Ke boŋ, woyɔna tɔa asi nu siwo me woa kple evea wosɔ le la dzi, hegblɔna be: ‘Míelɔ̃a haƒoƒo ɖeka tɔgbiwo.’ ‘Nu siwo dzɔa dzi nɛ la dzɔa dzi na nye hã.’ ‘Míaƒe nukpɔsusuwo sɔ le nu sia nu me!’ Gake abe ale si míegblɔe va yi ene la, ne ètsi to sɔhɛnyenye me do vavã la, àte ŋu akpɔ nu ayi ŋgɔ wu gotagomedzedzeme ko. Ehiã be nàde dzesi “dzime ƒe ame ɣaɣla” la.—Petro I, 3:4; Efesotɔwo 3:16.

Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be wò susu nanɔ nu siwo me miesɔ le ko ŋu la, ele vevie wu be nàde dzesi nu si ate ŋu adzɔ ne masɔmasɔwo do mo ɖa. Ne míagblɔe bubui la, alekee ame sia kpɔa masɔmasɔwo gbɔ? Ðe wòtea tɔ ɖe eƒe nukpɔsusu dzi, ‘doa dziku’ kabakaba alo ‘daa gbe ɖe ame gbɔa’? (Galatiatɔwo 5:19, 20; Kolosetɔwo 3:8) Alo ɖee ame sia ɖea nugɔmesesename fiana—lɔ̃na faa ɖea asi le nya ŋu bene ŋutifafa nanɔ anyi ne nu si dzɔ la menye se aɖeke dzi dada oa?—Yakobo 3:17.

Nu bubu si hã ŋu nàlé ŋku ɖoe nye: Ðe ame sia dzea agbagba be yeana woawɔ nu ale si ye di la kokoko, alo ʋãa ŋua? Ðe wòdina godoo be yeanya nu sia nu si nàwɔ alo afi sia afi si nàyia? Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Nicole la gblɔ be: “Tɔɖoɖo ɖe nu nu kple ŋuʋaʋã nye dzesi siwo ɖenɛ fiana be kuxi le amea ŋu. Mesena ɖekakpui kple ɖetugbui aɖewo siwo ɖoa gbe ɖi kple wo nɔewo la wɔa dzre le esi ame ɖeka doa dziku be ame evelia menana yenyana afi siwo wòado ayi o ta.—Mekpɔe be ema nye dzesi be kuxi aɖe li.”

Alekee ame bubuwo bua xɔ̃wò si nèle gbe ɖom ɖi kpli la? Anyo be nàɖo dze kple ame siwo nya xɔ̃wòa nyuie hena ɣeyiɣi didi aɖe la, abe woƒe hamea me tɔwo ene. Woana nànya ne ame si ŋu ‘woɖia ɖase nyuie tsoe’ wònye.—Dɔwɔwɔwo 16:1, 2. *

Ðe Wòle Be Nàtso Kadodoa?

Nu kae nàwɔ ne ède dzesii be ame si nèle gbe ɖom ɖi kpli la masɔ na wò o? Le go ma me la, anyo wu be nàtso kadodoa. Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.”—Lododowo 22:3. *

Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, àva kpɔ ame bubu. Ɣemaɣi la, àgava da sɔ nyuie wu le nu siwo ŋu nàlé ŋku ɖo me—le nuteƒekpɔkpɔ si su asiwò va yi ta. Ðewohĩ ɣemaɣi la, àte ŋu aɖo biabia si nye “Ðe ame sia sɔ nama?” ŋu be ɛ̃!—g5/07.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nɔnɔme nyui kawoe le asiwò siwo ana wò srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze?

▪ Nɔnɔme siwo nàdi be woanɔ ame si nàɖe si dometɔ aɖewo ɖe?

▪ Mɔ kawo dzie nàto anya nu geɖe wu tso ame si nèɖoa gbe ɖi kpli la ƒe nɔnɔme, eƒe agbenɔnɔ, kple ale si ame bubuwo bunɛ la ŋu?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 24 Be nàkpɔ nyabiase bubu siwo nàte ŋu abia ɖokuiwò la, kpɔ yevugbe me Nyɔ! January 2007 tɔ ƒe axa 30 lia.

^ mm. 30 Kpɔ nyabiase siwo le aɖaka si le axa 17-18 hã.

^ mm. 32 Kpɔ April 8 2001 ƒe Nyɔ! axa 28-30 hena numekɔkɔ bubuwo ku ɖe kadodoa me tsotso ŋu.

[Aɖaka si le axa 17]

Ðe ame sia anye srɔ̃ŋutsu nyuia?

NU SIWO WÒLE BE NÀNYA

❑ Ne ele ŋusẽ nɔƒe aɖe la, alekee wòzãa eƒe ŋusẽ lae?—Mateo 20:25, 26.

❑ Taɖodzinu kawoe le esi?—Timoteo I, 4:15.

❑ Ðe wòle agbagba dzem be yeaɖo taɖodzinu mawo gbɔa?—Korintotɔwo I, 9:26, 27.

❑ Ame kawoe nye exɔlɔ̃wo?—Lododowo 13:20.

❑ Alekee wòwɔa nu ɖe ga ŋu?—Hebritɔwo 13:5, 6.

❑ Modzakaɖeɖe kawoe dzɔa dzi nɛ?—Psalmo 97:10.

❑ Nu kae eƒe awudodo ɖena fiana?—Korintotɔwo II, 6:3.

❑ Alekee wòɖea eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa fianae?—Yohanes I, 5:3.

NƆNƆME VEVIWO

❑ Ðe wòdoa vevi dɔ wɔna?—Lododowo 6:9-11.

❑ Ðe wòzãa ga nyuiea?—Luka 14:28.

❑ Ðe amewo ɖia ɖase nyui tso eŋua?—Dɔwɔwɔwo 16:1, 2.

❑ Ðe wòdea bubu edzilawo ŋua?—Mose II, 20:12.

❑ Ðe wòbua ame bubuwo ŋua?—Filipitɔwo 2:4.

DZESI SIWO ŊU VƆVƆ̃ LE

❑ Ðe wòdoa dɔmedzoe kabakaba?—Lododowo 22:24.

❑ Ðe wòdina be yeaƒoe ɖe nuwò míawɔ nu siwo lɔ makɔmakɔnyenye ɖe emea?—Galatiatɔwo 5:19.

❑ Ðe wòbua wɔa nuvevi ame alo daa gbe ɖe ame gbɔa?—Efesotɔwo 4:31.

❑ Ðe wòzãa aha muame ɖe dzidzɔdodo na eɖokui ko ta?—Lododowo 20:1.

❑ Ðe wòʋãa ŋu alo dia eɖokui ko tɔa?—Korintotɔwo I, 13:4, 5.

Ðe ame sia anye srɔ̃nyɔnu nyuia?

NU SIWO WÒLE BE NÀNYA

❑ Alekee wòɖea ɖokuibɔbɔ fiana le ƒomea kple hamea siaa me?—Efesotɔwo 5:21, 22.

❑ Nu kae eƒe awudodo ɖena fiana?—Petro I, 3:3, 4.

❑ Ame kawoe nye exɔlɔ̃wo?—Lododowo 13:20.

❑ Alekee wòwɔa nu ɖe ga ŋu?—Yohanes I, 2:15-17.

❑ Taɖodzinu kawoe le esi?—Timoteo I, 4:15.

❑ Ðe wòle agbagba dzem be yeaɖo taɖodzinu mawo gbɔa?—Korintotɔwo I, 9:26, 27.

❑ Modzakaɖeɖe kawoe dzɔa dzi nɛ?—Psalmo 97:10.

❑ Alekee wòɖea eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa fianae?—Yohanes I, 5:3.

NƆNƆME VEVIWO

❑ Ðe wòdoa vevi dɔ wɔna?—Lododowo 31:17, 19, 21, 22, 27.

❑ Ðe wòzãa ga nyuiea?—Lododowo 31:16, 18.

❑ Ðe amewo ɖia ɖase nyui tso eŋua?—Rut 4:11.

❑ Ðe wòdea bubu edzilawo ŋua?—Mose II, 20:12.

❑ Ðe wòbua ame bubuwo ŋua?—Lododowo 31:20.

DZESI SIWO ŊU VƆVƆ̃ LE

❑ Ðe wònye nyawɔla?—Lododowo 21:19.

❑ Ðe wòdina be yeaƒoe ɖe nuwò míawɔ nu siwo lɔ makɔmakɔnyenye ɖe emea?—Galatiatɔwo 5:19.

❑ Ðe wòdaa gbe ɖe ame gbɔ alo bua wɔa nu vevi amea?—Efesotɔwo 4:31.

❑ Ðe wòzãa aha muame ɖe dzidzɔdodo na eɖokui ko ta?—Lododowo 20:1.

❑ Ðe wòʋãa ŋu alo dia eɖokui tɔa?—Korintotɔwo I, 13:4, 5.