Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Maria Cino, si nye Amerikatɔwo Ƒe Ʋuɖonyawo Dzikpɔla teƒenɔla, gblɔ be: “Ahamumu atsɔ ku ʋui ye nye nu vlo wɔwɔ si hea afɔku vanɛ wu. Ame siwo katã ku le ʋufɔku me le United States, le ƒe 2005 me, la dometɔ 39 le alafa ɖe sia ɖe me tso aha muame zazã atsɔ ku ʋui gbɔ.—UNITED STATES ƲUÐONYAWO DZIKPƆDƆWƆƑE.

Kilometa ɖeka togodoo ɖe sia ɖe le atsiaƒu dzi yɔ fũu kple gbeɖuɖɔ siwo nye aŋenu kakɛ 18,000 sɔŋ le míaƒe ɣeyiɣi siawo me.—DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE NUTOMEDEDIENƆNƆ GBƆKPƆHA.

“Dɔwɔla siwo le United States la zãa gaƒoƒo miliɔn 500 ƒe sia ƒe tsɔ nɔa kɔmpiuta dzi fefewo fem le dɔwɔɣi, si na dɔwɔƒewo ƒe viɖe dɔlar biliɔn 10 sɔŋ ŋena ɖe eme.” Ɣeyiɣi si dɔwɔlaawo “zãna tsɔ nɔa woawo ŋutɔwo ƒe numekukuwo wɔm le Internet dzi” le dɔwɔɣi mekpe ɖe gaƒoƒo ma ŋu o.—DƆDZIKPƆNYAWO ƑE INTERNET DZI NYATAKAKADZRAÐOƑE.

Ŋutasesẽ Le Ðeviwo Ŋu

Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be: “Ðevi geɖe bua ŋutasẽnuwɔna be enye agbemenudzɔdzɔ siwo yia edzi ɖaa, siwo teƒe yewokpɔna gbe sia gbe la, dometɔ ɖeka.” Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔlagã gblɔ le nyitsɔ laa ƒe nyatakaka aɖe me be, “ale si amewuwu va bɔ wɔe be wowu ɖevi siwo ade 53,000 sɔŋ le xexea me godoo le ƒe 2002 me.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wozia ɖevi miliɔn geɖewo dzi akpasesẽe be woawɔ dɔ sesẽ, awɔ gbolo, alo woakpɔ gome le amamaɖeɖenuwɔnawo me. Ðe woate ŋu axe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenyenuwɔna siawo nu hafia? Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔlagã ƒe nyatakakaa gblɔ be: “Nu siwo ate ŋu anye ametakpɔnu na ɖeviwo la dometɔ aɖewoe nye dzilawo ƒe beléle nyui, dzilawo kple wo viwo dome kadodo sẽŋuwo tutuɖo, kple hehenana ɖɔʋu si me ŋutasẽnuwɔna manɔ o.”

Xɔlɔ̃ Nyuiwo Kple Agbe Didi Nɔnɔ!

Agbalẽ aɖe si ƒoa nu tso hadomelãmesẽnyawo ŋu ka nya ta be, ɖewohĩ xɔlɔ̃ nyui geɖewo ƒe ame si nɔnɔ te ŋu nana ame ƒe agbenɔɣi didina ɖe edzi. (Journal of Epidemiology and Community Health) Wowɔ numekuku aɖe le Australiatɔ 1,500 lɔƒo, siwo xɔ ƒe 70 alo tsi wu nenema la dome, tsɔ lé ŋku ɖe ale si ame nɔewo dome ƒomedodo kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe agbe didi nɔnɔ dzi le ƒe ewo mee la ŋu. Wokpɔe be, ame tsitsiwo ƒe kuku kabakaba dzi ɖe kpɔtɔ 22 le alafa me le ame siwo si xɔlɔ̃ nyui geɖewo le la dome wu ale si wòdzɔna le ame siwo si xɔlɔ̃ nyui ʋɛ aɖewo ko le la dome. Ame tsitsiwo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli kpɔa ŋusẽ nyui ɖe wo dzi le nɔnɔme siawo abe “blanuiléle, kaka ɖe ame ɖokui dzi, asixɔxɔdede ame ɖokui ŋu, tenɔnɔ ɖe kuxiwo nu kple dzinɔameƒo, alo ame ŋutɔ ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ” ene me, abe ale si nyatakakaa gblɔe ene.

Britaintɔwo Nyi Fe

London ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Ne woma ame siwo katã dzraa ga ɖo ɖe gadzraɖoƒe ɖe akpa etɔ̃ me la, akpa ɖeka kple edzivɔ ɖea ga le gadzraɖoƒea wu esi nu wodzra ɖo ɖi la, le ga geɖe wu xɔxɔ ƒe ɖoɖo si li nu, tsɔ kpɔa woƒe hiahiãwo gbɔ enumake.” (The Daily Telegraph) Britaintɔ miliɔn 3 akpe 500 va le ga geɖe wu xɔxɔ ƒe ɖoɖo sia bum be “ehiã godoo” tsɔ wu be woawɔ eŋu dɔ ne nane hiã wo kpata ko, si wɔe be woxɔa ga atraɖii le gadzraɖoƒe wu esi wodzra ɖo ɖi la.” Keith Tondeur, si nye Gadodo Ŋuti Mɔfiafianaha ƒe amegã, da fɔbubua ɖe “kɔɖiɖi na ame ƒe dzodzro enumake ƒe nɔnɔme si va xɔ aƒe ɖe ameƒomea me la dzi.” Aƒetɔ Tondeur xlɔ̃ nu be: “Mía dometɔ miliɔn geɖe le ga geɖe akpa zãm wu esi le mía si, eye ale si woawɔ ga ŋu dɔ ƒe mɔfiame veviwo teti gɔ̃ hã si míenya o la fia be, mía dometɔ akpa gãtɔ menya fe si gbegbe me míele mía ɖokui ƒom ɖo o.”—g7/07.

Yameʋu Siwo Zɔa Zã Kple Xexea Me Ƒe Dzoxɔxɔ

Le Magazine si nye Scientific American ƒe nya nu la, dzudzɔ babla siwo yameʋuwo gblẽna ɖe wo toƒewo le yame la le ŋusẽ kpɔm ɖe yamenutome ƒe dzoxɔxɔ dzi. Le ŋkeke me la, dzudzɔ babla siawo trɔa mɔ na dzoxɔxɔ si tsoa ɣea gbɔ la ɖona ɖe yame, eye esia wɔnɛ be anyigba ƒe yamenutome katã fana. Gake le zã me la, dzudzɔ siawo léa dzoxɔxɔ si tsoa anyigba dzi la ɖi. Nyatakakaa gblɔ be numekula siwo le England kpɔe be “yameʋuwo ƒe dzudzɔ babla siwo xɔa yame ne wole mɔ zɔm le fiẽ ga 6 kple ŋdi ga 6 dome gbɔe yame ƒe dzoxɔxɔ ƒe akpa 60 va ɖo 80 le alafa me tso, togbɔ be yameʋuwo dometɔ 1 le 4 me koe zɔa mɔ le ɣeyiɣi mawo me hã.”