Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

ÐE LODODOA ME

1. Le Yesu ƒe lododo si dze le Luka 15:11-32 me la, nu kae ŋutsu aɖe ƒe vi tsɔ domenyinu si fofoa tsɔ nae la wɔ?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

2. Alekee vifofoa se le eɖokui me ku ɖe via si trɔ dzi me la ŋu?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

3. Alekee vi tsitsitɔa wɔ nu ɖe ale si woxɔ nɔvia la ŋu?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

▪ Hena Numedzodzro: Go ka mee Yehowa le abe vifofo si le lododoa me la ene le? Aleke nèse le ɖokuiwò me ku ɖe ale si viŋutsu si tsi aƒea me la wɔ nui esime nɔvia trɔ gbɔ la ŋu?

ƔEKAƔIE WÒDZƆ?

Ŋlɔ ame siwo ŋlɔ Biblia gbalẽ siwo le ete la ŋkɔ ɖe wo tame, eye nàte fli tso agbalẽawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ yi ɖe ƒe si me lɔƒo wowu eŋɔŋlɔ nu gbɔ.

Ƒe 1513 D.M.Ŋ. Ƒe 1473 D.M.Ŋ. Ƒe 460 D.M.Ŋ. Ƒe 55-56 M.Ŋ. Ƒe 60- 61 M.Ŋ.

4. Hiob

5. Psalmowo

6. Kolosetɔwo

AME KAE MENYE?

7. Esi gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖe ŋutega aɖe fiam vɔ la, meƒo nya ta be Mawu mekana ɖe esubɔlawo dzi o.

AME KAE MENYE?

8. Metso Kolose eye medo gbe ɖa ɖe hame siwo le Laodikea kple Hierapoli la ta vevie.

TSO TATA SIA ME

Ðo biabia siawo ŋu, eye nàŋlɔ mawunyakpukpuia ƒe akpa siwo susɔ.

Axa 3 Ne ènye galɔ̃la la, nu kae ate ŋu adzɔ ɖe dziwò? (Timoteo I, 6:․․․)

Axa 13 Susu siwo ta nyui alo vɔ̃ te ŋu dzɔna ɖe ame dzi le agbe me la dometɔ ɖeka enye ka? (Nyagblɔla 9:․․․)

Axa 17 Nu kae wòhiã be nàde dzesi tso ame si nàdi be yeaɖe ŋu? (Petro I, 3:․․․)

Axa 24 Nu ka dzie wòle be ame si le gbe ɖom ɖi le adzame la naɖo ŋkui? (Hebritɔwo 4:․․․)

ŊUÐOÐOWO

1. Egblẽ edome to agbe baɖa nɔnɔ me.—Luka 15:11-13.

2. Eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu.—Luka 15:20-24.

3. Ebi dzi eye wòʋã ŋu nɔvia.—Luke 15:25-30.

4. Mose, Ƒe 1473 D.M.Ŋ.

5. Dawid, Korax viwo, Heman, Asaf (ƒomea), Mose, Salomo, Etan, kple ɖewohĩ ame bubuwo, Ƒe 460 D.M.Ŋ.

6. Paulo, Ƒe 60-61 M.Ŋ.

7. Elifaz.—Hiob 4:1, 13-18.

8. Epafra.—Kolosetɔwo 4:12, 13.