Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Didi Be Yeazu Kesinɔtɔ Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ŋuwò

Didi Be Yeazu Kesinɔtɔ Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ŋuwò

Didi Be Yeazu Kesinɔtɔ Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ŋuwò

LE XEXE sia si me dɔ wua ame siwo wu miliɔn 850 le me la, asesẽ ŋutɔ be woabui be nu geɖe fũu ƒe ame si nɔnɔ ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Gake ɖe nède dzesii be mawunyakpukpui si míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me la mexlɔ̃ nu ku ɖe ga alo kesinɔnuwo ŋu o, ke boŋ galɔlɔ̃ kple eɖoɖo kplikpaa be woazu kesinɔtɔ ŋue wòxlɔ̃ nu tsoea? Nu kae dzɔna ne amewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe ga kple nunɔamesiwo didi vivivo me? Gbã la, de ŋugble tso nu si wògblẽna le wo viwo ŋu la ŋuti kpɔ.

Nu Siwo Wògblẽna Le Ðeviwo Ŋu

Akɔntabubuwo ɖee fia be, le ƒe ɖeka ko me la, ƒewuivi siwo le Amerika la dometɔ ɖe sia ɖe kpɔa television dzi boblododo 40,000 sɔŋ. Bu video dzi fefewo, haƒomɔ̃ deŋgɔwo, kɔmpiuta dzi mɔfiaɖoɖowo (software), kple awu xɔŋkɔ siwo le tsia dzi, siwo ɖeviwo kpɔna le fiasewo me kple wo xɔlɔ̃wo ƒe aƒewo me hã ŋu kpɔ, eye nàkpɔ ale si gbegbe woanya ɖea fu na wo dzilawo be woaƒle nu siawo na yewoe ɖa. Dzila aɖewo ƒlea nu sia nu si wo viwo di la na wo. Nu ka tae?

Nunɔamesi nyuiwo mesu dzila aɖewo si le ɖevime o, eya ta wowɔa nu sia nu na wo viwo be ne wova tsi la, woagase le wo ɖokui me be womelé be na yewo o. Dzila aɖewo hã vɔ̃na be ne yewogbe yewo viwo ƒe didiwo dzi wɔwɔ na wo la, womagalɔ̃ yewo o. Dzilawo ƒe habɔbɔ aɖe si le Boulder, Colorado, U.S.A. la ɖolawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Wodi be yewoanye yewo viwo ƒe xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake ahakpɔ egbɔ be yewo viwo nakpɔ dzidzɔ.” Dzila bubuwo bui be nu geɖe nana yewo viwo axɔ ɖe ale si yewogblẽa wo ɖi ɖanɔa dɔme ɣeyiɣi didi la teƒe. Eye esi wònye ɖeɖi te dzila aɖewo ŋu le kwasiɖa bliboa ƒe hloloetsotso le dɔme eye womedi be yewo viwo naɖe fu na yewo ne yewogbe nane si ɖeviawo bia dzi wɔwɔ na wo o ta la, wonana nu sia nu si wobia la wo.

Gake ɖe dzila siwo nana nu sia nu si wo viwo bia wo la le kpekpem ɖe wo ŋu loo, alo ɖe wole nu gblẽm le wo ŋu? Nublanuitɔe la, nudzɔdzɔwo ɖee fia be le esi teƒe be ɖevi siwo wowɔa vi na alea nalɔ̃ Dada kple Papa geɖe wu la, ɖe wova zua akpemadalawo. Womedea asixɔxɔ nu si wobia kpakple fuɖename vevie la kura gɔ̃ hã ŋu o. Sukudzikpɔla aɖe gblɔ be: “Mede dzesii be, ne nu siwo ɖeviawo bia la su wo si enumake la, le kwasiɖa eve ko megbe la, nu sia si wodi vevie la megaɖia naneke na wo o.”

Aleke nuwo va nɔna na ɖevi siwo wowɔa vi na la ne wova tsi? Le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Newsweek ƒe nya nu la, numekukuwo ɖee fia be ɖevi siawo va zua ame tsitsi siwo “wòsesẽna na ŋutɔ be woakpe akɔ kple agbemenuteɖeamedziwo.” Esi wònye be womesrɔ̃ ale si woawɔ dɔ sesĩe be nu si wodi nasu wo si o ta la, wo dometɔ geɖe mekpɔa dzidzedze le suku, dɔme, kple srɔ̃ɖeɖe me o, eye wogakpɔtɔ kpɔa wo dzilawo si nu le ganyawo gome. Wova zua ame siwo dzimaɖitsitsi kple blanuiléle ɖea fu na ŋutɔ.

Eya ta edze ƒãa be ɖe wotea nu nyuiwo ɖevi siwo wowɔa vi na la boŋ. Womekpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dɔwɔwɔ, bubunɔameŋu, kple dzesidede ŋutete tɔxɛ siwo le ame si ƒe vevienyenye dze sii o. Aƒenɔ Jessie O’Neill, si nye susumedɔdala, xlɔ̃ nu be: “Ne èna ɖeviwo kpɔe be nu sia nu si yewodi ate ŋu asu yewo si le ɣeyiɣi si yewodi me la, àna be woava kpe fu le etsɔme.”

Nu Kae Wògblẽna Le Ame Tsitsiwo Ŋu?

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Psychology Today gblɔ ku ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be: “Eɖanye ɣeyiɣi didi kae mieɖe mia nɔewo alo ga agbɔsɔsɔme kae le mia si o, anɔ eme be nyahehe si agado mo ɖa le mia dome la aku ɖe ga ŋu.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gagblɔ be “ale si srɔ̃tɔwo kpɔa ganyawo ŋuti masɔmasɔwo gbɔ ate ŋu aɖee afia nenye be woƒe srɔ̃ɖeɖea anɔ anyi didi loo, alo ado kpo nu.” Edze ƒãa be srɔ̃tɔ siwo tsia dzi ɖe ga kple nunɔamesiwo ŋu fũu akpa la dea woƒe srɔ̃ɖeɖe afɔku gã aɖe me. Akɔntabubu ɖee fia be ganyawo ŋuti nyahehewoe nye nu si gbɔ koŋ srɔ̃gbegbe 90 le alafa me tsona.

Ne srɔ̃tɔwo ɖoe be yewoalé yewoƒe srɔ̃ɖekadodoa me ɖe asi hã la, ne wotsia dzi ɖe ga kple nunɔamesiwo ƒe ame si susu ŋu la, ate ŋu awɔe be woƒe srɔ̃ɖeɖea makpɔ dzidzedze tututu o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be atsu kple asi siwo nyi fe la nanɔ dziku dom ɖe wo nɔewo ŋu kabakaba ahanɔ fɔ bum wo nɔewo ɖe woƒe gakuxiwo ta. Atsu kple asi aɖewo tsia dzi ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nunɔamesiwo didi ŋu ale gbegbe be womegakpɔa ɣeyiɣi ɖe wo nɔewo ŋu o. Nu kae dzɔna ne wo dometɔ ɖeka ƒle nu xɔasi aɖe le srɔ̃a ƒe manyamanya me? Nuwɔwɔ alea hea adzamenuwɔwɔ, fɔbubuameɖokui, kple makamaka ɖe ame nɔewo dzi vanae—esiawo katã gblẽa nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu.

Ame tsitsi ʋɛ aɖewo, woɖanye srɔ̃tɔwo alo trewo o, tsɔ woƒe agbe sa vɔ ŋutɔŋutɔ ɖe ŋutilãmenuwo didi vivivo ta. South Africa tɔ aɖewo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui le esi woƒe agbagbadzedze be yewoasrɔ̃ yevuwo ƒe ŋutilãmenudidi ƒe agbenɔnɔ medze edzi na wo o ta. Le United States la, ŋutsu aɖe wu srɔ̃a, via ŋutsu si xɔ ƒe 12, kple eɖokui, ɖewohĩ le gakuxi si me tom wònɔ ta.

Enye nyateƒe be menye kesinɔnuwo yome titi tae ame akpa gãtɔ kuna ya o. Ke hã, wo ɖokui ƒoƒo ɖe kesinɔnuwo didi vivivo me ate ŋu ana be agbe ƒe vivisese nato wo ŋu. Ate ŋu adzɔ hã be woaxa nu geɖe le agbe me ne nuteɖeamedzi le dɔme alo gakuxiwo nana be wokuna ɖe tsitre nu, tsia zãdomadɔlɔ̃e, ta ɖua wo edziedzi alo dɔmavɔleameŋu ɖea fu wo—lãmesẽkuxi siwo ana woaku kukpo. Eye ne ame va nyɔ le eɖokui me hekpɔe be ehiã be yeawɔ tɔtrɔ le yeƒe agbe me gɔ̃ hã la, ate ŋu atsi megbe akpa. Srɔ̃a magaka ɖe edzi o, ɖewohĩ anya gblẽ nu geɖe le viawo ƒe seselelãme kple eya ŋutɔ ƒe lãmesẽ ŋu xoxo. Ðewohĩ woate ŋu aɖɔ nu siwo gblẽ le wo ŋu la dometɔ aɖewo ɖo, gake abia agbagbadzedze geɖe ŋutɔ. Ame siawo tɔgbi ‘tsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo’ vavã.—Timoteo I, 6:10.

Nu Ka Dim Nèle?

Ame sia ame kloe dina be ƒome kpɔdzidzɔ nanɔ ye si, yeanɔ lãmesẽ nyui me, dɔwɔɖui nyui aɖe nanɔ ye si, eye ga geɖe hã nanɔ ye si be yeate ŋu anɔ agbe le dziɖeɖi me. Ebia dadasɔ be nu ene siawo katã nasu ame si, gake ne ame tsia dzi vevie ɖe ga ŋu la, megava dana sɔna o. Le ame geɖe gome la, ɖewohĩ ahiã be woalɔ̃ awɔ dɔ si ƒe fetu mesɔ gbɔ o, anɔ aƒe si le sue wu me, aƒle ʋu si mexɔ asi akpa o, alo aɖe asi le hadomeɖoƒe kɔkɔwo ŋu. Wo dometɔ nenie lɔ̃na be yewoatsɔ nunɔamesi xɔasi siawo gbegbe asa vɔe ɖe agbemenu siwo le vevie wu ta? Nyɔnu aɖe gblɔ be, ‘Menyae be nyemehiã nu siawo gbegbe o, gake esesẽ nam ŋutɔ be maɖe wo dzi kpɔtɔ!’ Ame aɖewo di be yewoaɖe yewoƒe nunɔamesiwo dzi kpɔtɔ, gake womedi be yewoanye ame gbãtɔ siwo aɖe afɔ sia o.

Ke wò ya ɖe? Ne ète ŋu trɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu heda sɔ le wò ganyawo kple nunɔamesiwo gome la, èdze na kafukafu. Le go bubu me la, ɖe nèle nyati sia xlẽm kabakaba fifi laa, le esi ale si nènɔa agbee la bia ɣeyiɣi geɖe tso asiwò ta? Ame siwo di be yewoaɖe yewoƒe nunɔamesiwo dzi kpɔtɔ bene yewoanɔ lãmesẽ me geɖe wu ahaɖe dzi ɖi la dometɔ ɖekae nènyea? Ekema tɔ afɔ to sesĩe eye nàtso nya me kaba hafi ŋutilãmenuwo yome titi nava gblẽ nu le wò ƒomea ŋu. Aɖaŋuɖoɖo aɖewo le aɖaka si le ete me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte wò nunɔamesiwo dzi ɖeɖe kpɔtɔ.

Ne ame te ŋu da sɔ le nunɔamesiwo gome la, edea ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe dzi le lãmesẽnyawo kple seselelãme gome. Gake nu bubu aɖe gale vevie na Kristotɔwo ya—womedina be nunɔamesiwo didi nava do kplamatse yewo kple Mawu dome ƒomedodo o. Aleke ŋutilãmenuwo didi vivivo ate ŋu ana ame kple Mawu dome ƒomedodo naɖo afɔku me, eye aleke woawɔ axe mɔ na nu sia ƒe dzɔdzɔ? Nyati si kplɔe ɖo aɖe eme.—g6/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Zi geɖe la, ɖevi siwo wowɔa vi na va zua akpemadalawo eye eteƒe medidina hafi nu si wodi vevie la megaɖia naneke na wo o

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Dadasɔ Le Agbenɔnɔ Me

Be ame nate ŋu aɖe eƒe nunɔamesiwo dzi kpɔtɔ la, tameɖoɖo kplikpaa kple ɖoɖo nyui wɔwɔ hiã. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la kpe ɖe ame geɖe ŋu.

AME ÐOKUI ME DZODZRO. Nu kawoe nàte ŋu adzudzɔ ƒeƒle? Nu kawo ŋue nàte ŋu aɖe asi le? Nuzazã yeye ɖe sia ɖe si do yea? CD haƒogbawoea? Mɔ̃ɖaŋunu yeye siwo gado yea?

TE AGBE TSƐ NƆNƆ KPƆ. Ne èle ɖi kem le ɖokuiwò me la, ɖe manyo be nàtee kpɔ hena ɣleti ade alo ƒe ɖeka oa. Emegbe de ŋugble le ɣeyiɣi gbogbo siwo nèzãna ɖe ga kple nunɔamesiwo didi ŋu kpɔ. Ðe wonana nèkpɔa dzidzɔ geɖe wu loo, alo wò dzidzɔ medea blibo oa?

NA VIWÒWO NAKPƆ GOME LE AGBE TSƐ NƆNƆ ŊUTI NUMEDZODZROA ME. Ewɔwɔ alea ana woawɔ nu aduadu kpli wò eye masesẽ na wò be nàgbe woƒe didi aɖewo dzi wɔwɔ ne ehiã o.

BU KOTOKUMEGA NANA VIWÒWO ŊU. Woɖatiae be yewoanɔ ga dzram ɖo ɖe nane ƒeƒle ŋu alo be mehiã yewo o, woasrɔ̃ dzigbɔɖi kple asixɔxɔdede nu siwo le wo si ŋu. Woasrɔ̃ nyametsotsowɔwɔ hã.

SRƆ̃ MƆNU SIWO AKPE ÐE ŊUWÒ NÀÐE GAZAZà DZI KPƆTƆ. Ƒle nu siwo ƒe asi dzi woɖe. Wɔ ɖoɖo ɖe nu siwo nàƒle kple ga home si nàzã ŋu. Ne miele dodom la, miwɔ ɖoɖo miatsɔ míaƒe ʋu ɖeka. Migazã gas kple elektrik mɔ̃wo yakayaka o. Miɣe agbalẽwo le agbalẽdzraɖoƒe le esi teƒe be miaƒle wo.

ZÃ ƔEYIƔI SI VA TSI ANYI NA WÒ LA LE MƆ ÐEVI NU. Ðo ŋku edzi be, menye wò taɖodzinuae nye be yeaɖe yeƒe nunɔamesiwo dzi kpɔtɔ ko o, ke boŋ be nàte ŋu akpɔ nu siwo le vevie wu la gbɔ, abe ɣeyiɣikpɔkpɔ ɖe wò ƒomea me tɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋu ene. Èle esia wɔm xoxoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Didi vevie be woazu kesinɔtɔ ate ŋu ana masɔmasɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me