Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Dze Kristo La Yome!”

“Dze Kristo La Yome!”

“Dze Kristo La Yome!”

Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe

Ŋkeke etɔ̃ takpekpe siawo dze egɔme le United States le May me eye woayi edzi le dugã alafa geɖewo me le xexea me godoo kaka va ɖo ƒe 2008 me. Le teƒe siawo dometɔ akpa gãtɔ la, woatsɔ haƒoƒowo adze wɔnaawo gɔme le Fiɖagbe ŋdi ga 9:20. Yesu ŋu koŋue woaƒo nu tso le takpekpeŋkekeawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.

Tanya si dzi woatu Fiɖagbe wɔnawo ɖoe nye “Míaƒe Ŋku [Nanɔ] Míaƒe Xɔse Ƒe Kplɔla Vevitɔ Kple Ame Si Nana Wòdea Blibo, Si Nye Yesu, La Ŋu Tututu.” (Hebritɔwo 12:2) Woaƒo dzaadonamenuƒo si ƒe tanyae nye “Nu Ka Ta Nàdze ‘Kristo La’ Yome?” Woaƒo nuƒo kpui etɔ̃ siwo anɔ te ɖe tanya sia dzi be, “Bubudede Yesu Ŋu Be Enye Mose Gãtɔ, David Gãtɔ, Salomo Gãtɔ.” Woaƒo nuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye, “Ðoƒe Tɔxɛ Si Yesu Le Le Yehowa Ƒe Tameɖoɖo Me Vava Me,” atsɔ awu ŋdikpa dzi ƒe wɔnaawo nu.

Fiɖagbe ŋdɔ ƒe nuƒo gbãtɔ ƒe tanyae nye “‘Míekpɔ Mesia La’!” Eyome, woaƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Keke Ðe Kesinɔnu Siwo ‘Woɣla Nyuie Ðe Eyama Me’ La Ŋu.” Woaƒo nuƒo kpui atɔ̃, siwo akplɔ wo nɔewo ɖo la le miniti 60 me, siwo woatu ɖe tanya si nye “Na Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Nakpɔtɔ Anɔ Mewò” dzi la, dometɔ aɖewoe nye “‘Exɔ Wo Nyuie,’” “‘Eɖo To Yi Ða Se Keke Ku Me Ke,’” kple “‘Elɔ̃ Wo Va Se Ðe Nuwuwu.’” Woaƒo nuƒo si nye “Wodzea ‘Alẽvi La Yome, Afi Ka Kee Wòɖayi O’” atsɔ wu ŋdɔkpa dzi ƒe wɔnaawo nu.

Tanya si dzi woatu Memleɖagbe wɔnawo ɖoe nye “Nye Alẽwo Sea Nye Gbe, . . . Eye Wodzea Yonyeme.” (Yohanes 10:27) Asitɔtrɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu be wòaganyo ɖe edzi ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo anɔ nuƒo kpui siwo woaƒo le miniti 60 me, siwo woatu ɖe tanya si nye “Dze Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu Yome Le Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me” dzi, la me na mí. Le nuƒo siwo nye “‘Elɔ̃ Dzɔdzɔenyenye, Eye Wòlé Fu Sedzimawɔmawɔ’—Wò Ya Ðe?” kple “‘Mitsi Tre Ðe Abosam Ŋu’ Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene” ƒoƒo vɔ megbe la, woatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo awu ŋdikpa dzi ƒe wɔnaawo nu, emegbe woanyrɔ ame siwo dze na nyɔnyrɔxɔxɔ.

Woadze Memleɖa ŋdɔ ƒe wɔnawo gɔme kple nuƒo kpui ade. Nuƒo kpui siawo ƒe tanyawoe nye “Migadze . . . ‘Amehawo Yome O,’ ‘Miaƒe Dziwo Kple Ŋkuwo Yome O,’ ‘Nu Dzodzro Yome O,’ ‘Aʋatsonufialawo Yome O,’ ‘Gliwo Yome O,’ kple ‘Satana Yome O.’” Nuƒo siwo akplɔ esiawo ɖoe nye “Ale Si Wònyo Wu Sãsãsã Be Woanɔ ‘Ame Siwo Yehowa Fia Nui’ Dome” kple “Mikpe Ðe Wo Ŋu Woatrɔ Ava Alẽha La Me.” Woaƒo takpekpea ƒe nuƒo vevitɔwo dometɔ ɖeka, si ƒe tanyae nye “Va Dze Yonyeme,” atsɔ awu ŋkekea ƒe wɔnaawo nu.

Tanya si dzi woatu Kwasiɖagbe wɔnawo ɖoe nye “Yi Edzi Nànɔ Yonyeme.” (Yohanes 21:19) Ne woƒo nuƒo si ƒe tanye nye “‘Mègado Taflatse’ Le Kristo Yomedzedze Ŋu O” vɔ la, woaƒo nuƒo kpui ade siwo woatu ɖe tanya si nye “Todzimawunya La Me Nu Xɔasiwo” dzi, siwo me woadzro Yesu ƒe nyagbɔgblɔ aɖewo abe esiwo gbɔna ene me le: “Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Nyae Be Gbɔgbɔmenuwo Hiã Yewo,” “Wɔ Ŋutifafa Kple Nɔviwòa Gbã,” kple “Minɔ Nu Nam Amewo, Eye Amewo Ana Nu Mi.” Woatsɔ dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Ame Kawoe Nye Kristo Yomedzela Vavãwo?” awu ŋdikpa dzi ƒe wɔnaawo nu. Ŋdɔkpa dzi ƒe wɔna vevitɔwo dometɔ ɖeka anye drama si me woado blemanuwo le, si woatu ɖe Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Gexazi, si nye Mawu ƒe nyagblɔɖila Elisa ƒe subɔvi ŋuklẽla, ŋu dzi. Woaƒo nuƒo si nye “Yi Edzi Nàdze Kristo, Mía Kplɔla Si Dzi Ame Aɖeke Mate Ŋu Aɖu O La, Yome!” atsɔ awu takpekpea ƒe wɔnaawo nui.

Wɔ ɖoɖo tso fifia be nàde takpekpe sia. Be nànya takpekpewɔƒe si te ɖe ŋuwò la, àte ŋu ayi ɖabia eŋuti nyatakakawo le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le míaƒe nutoa me la me. Woŋlɔ afi siwo woawɔ takpekpeawo le, le Benin, Niger, Ghana, kple teƒe bubuwo la ɖe March 1, 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ, si míetana kpena ɖe magazine sia ŋu, me.—g6/07.