Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu kae gblẽ le adzamegbeɖoɖoɖi ŋu?

Nu kae gblẽ le adzamegbeɖoɖoɖi ŋu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nu kae gblẽ le adzamegbeɖoɖoɖi ŋu?

Jessica * tsi evedomesi. Eƒe kuxia dze egɔme esime ŋutsuvi aɖe, si le woƒe sukuxɔ me, si ŋkɔe nye Jeremy, te ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu. Jessica gblɔ be, “Edze ɖeka ŋutɔ, eye xɔ̃nyewo gblɔ be ŋutsuvi ɖɔʋutɔ kekeake ŋue meke ɖo. Nyɔnuvi geɖewo dze agbagba be yewoadze xɔlɔ̃e, gake woƒe nu menyo eŋu o. Nye ɖeka pɛ ƒe nu koe dzɔa dzi nɛ.”

Eteƒe medidi o, Jeremy bia tso Jessica si be yewoado. Jessica gblɔ be: “Meɖe eme nɛ be abe Yehowa Ðasefo ene la, womalɔ̃ be mado kple ame aɖe si menye haxɔsetɔ o. Gake Jeremy do susu aɖe ɖa. Egblɔ be, ‘Míanɔ gbe ɖom ɖi anɔ dodom le dziwòlawo ƒe manyamanya me.’”

NE AME aɖe si ƒe nu lé dzi na gblɔ nya mawo na wò ɖe, alekee nàɖo eŋui? Awɔ nuku na wò be nànyae be Jeremy ƒe susua do dzidzɔ na Jessica le gɔmedzedzea me. Jessica gblɔ be: “Meka ɖe edzi be ne mía kpli míele dodom la, mate ŋu akpe ɖe eŋu wòalɔ̃ Yehowa.” Aleke nuwo va yii? Míaƒo nu tso eŋu emegbe. Gake gbã la, na míakpɔ ale si adzamegbeɖoɖoɖi ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe sɔhɛ Kristotɔ kpɔɖeŋu nyui ɖola abe Jessica ene le manyamanya me ɖa.

Nu Si Ta Sɔhɛ Aɖewo Ðoa Gbe Ði Le Adzame

Sɔhɛ siwo metsi kura o dometɔ aɖewo ɖoa gbe ɖi kple wo nɔewo. Susan, si le Britain, gblɔ be: “Mekpɔa ŋutsuvi kple nyɔnuvi ƒe 10 alo ƒe 11 viwo wonɔa zɔzɔm kple wo nɔewo.” Nu ka tae wole yɔyɔm nenema ɖo? Ale si wòle dzɔdzɔme nu be ame si ƒe vidzinu to vovo ƒe nu léa dzi na ame kple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu koe wɔnɛ zi geɖe be sɔhɛwo ɖoa gbe ɖi kple wo nɔewo. Lois, si le Australia, gblɔ be: “Tɔtrɔwo le edzi yim le wò ametia me, siwo na be wò seselelãmewo nu le sesẽm eye le suku la, ame sia ame ɖoa gbe ɖi dona kple ame aɖe.”

Gake nu ka tae sɔhɛ aɖewo ɖoa gbe ɖi le adzame? Jeffrey, si le Britain, gblɔ be: “Ðewohĩ wole vɔvɔ̃m na nya si wo dzilawo agblɔ.” David, si le South Africa, hã se le eɖokui me nenema; egblɔ be: “Wonyae be yewo dzilawo malɔ̃ ɖe edzi o, eya ta womenana wonyana o.” Nyɔnuvi aɖe si le Australia, si ŋkɔe nye Jane, la gblɔ nu bubu aɖe si gbɔ wòtsona. Egblɔ be: “Adzamegbeɖoɖoɖi nye aglãdzenuwɔna. Ne ewɔ na wò be womele bubu dem ye ŋu abe ɖekakpui alo ɖetugbui tsitsi, si nèsusu be yenye, ene o la, àtso nya me be yeanɔ gbe ɖom ɖi eye yemagblɔe na ye dzilawo o. Eya ta ewɔwɔ le adzame nɔa bɔbɔe.”

Gake ɖo ŋku edzi be Biblia de se na wò be nàbu fofowò kple dawò. (Efesotɔwo 6:1) Eye ne dziwòlawo melɔ̃ be nàɖo gbe ɖi o la, anye susu nyuiwo tae. Le kpɔɖeŋu me, ne dziwòlawo nye Yehowa Ðasefowo la, haxɔsetɔwo koe woadi be nàɖo gbe ɖi kpli—eye azɔ hã, ne mi ame evea mietsi ate ŋu aɖe srɔ̃ ko hafi woaɖe mɔ na mi. * Gake megawɔ nuku na wò ne wò nuŋububu va sɔ kple nya siwo gbɔna la o:

Ewɔ nam be nane le ŋunye tom elabena ame sia ame le gbe ɖom ɖi negbe nye ko.

Ame aɖe si menye haxɔsetɔ o ƒe nu lé dzi nam.

Madi be manɔ gbe ɖom ɖi kple Kristotɔ haxɔsetɔ aɖe, togbɔ be nyemetsi aɖe srɔ̃ o hã.

Ðewohĩ ènya nu si dziwòlawo agblɔ le nya siawo ŋu. Eye ènya le wò dzi me be nya si dziwòlawo agblɔ la nye nyateƒe. Gake ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me abe Manami, si le Japan ene, ame si gblɔ be: “Gbeɖoɖoɖi ƒe nyaƒoɖeamenua nu sẽ ale gbegbe be, ɣeaɖewoɣi meva kea ɖi nenye be esɔ be malala. Le egbeviwo gome la, womate ŋu ase egɔme gbeɖe be sɔhɛ aɖe anɔ anyi si manɔ gbe ɖom ɖi o.” Ame siwo sena le wo ɖokui me alea la dometɔ aɖewo va tea gbeɖoɖoɖi heɣlanɛ ɖe wo dzilawo. Aleke wòdzɔnae?

“Wogblɔ Na Mí Be Mígagblɔe O”

Nya “adzamegbeɖoɖoɖi” kura ɖee fia be enye ameflunuwɔwɔ. Ame aɖewo zãa asitelefon kple Internet koŋ tsɔ ɖoa dze, si wɔnɛ be woƒe gbeɖoɖoɖia nɔa ɣaɣla. Wodzena le amewo dome be xɔlɔ̃wo ko wonye, gake nyatakaka siwo woɖona ɖe wo nɔewo to e-mail kple asitelefon dzi, kple woƒe telefon kaƒoƒowo ya gblɔa nya bubu kura.

Caleb, si le Nigeria, na míeganya ayemɔnu bubu si wozãna. Egblɔ be: “Sɔhɛ aɖewo siwo ɖoa gbe ɖi le adzame la zãa nyamenyawo kple ŋkɔ kpakpawo ne wole dze ɖom kple wo hatiwo bena ame aɖeke magase nu si ŋu wole dze ɖom tso la gɔme o.” Mɔ bubu hãe nye be, woawɔ ɖoɖo ɖe hadomewɔnawo ŋu, eye womaa wo nɔewo eveveve ne wova ƒo ƒu. James, si le Britain, gblɔ be: “Gbe ɖeka wokpe mí ame xexlẽme aɖe be míava ƒo ƒu le afi aɖe, eye eva dze kɔte be ɖe wowɔ ɖoɖo ɖe nu sia nu ŋu do ŋgɔ be míama ɖe mía nɔewo ŋu eveveve. Wogblɔ na mí be mígagblɔe o.”

Abe ale si James gblɔe ene la, zi geɖe la, xɔlɔ̃wo domee adzamegbeɖoɖoɖi yia edzi le. Carol, si le Scotland, gblɔ be: “Ame ɖeka ya teti nyaa nu tso ɖoɖoa ŋu gake eɖonɛ koŋ ɣlanɛ le esi wodi be wòanye nya ɣaɣla ta.”

Zi geɖe la, enyea anukwaremaɖimaɖinuwɔna koŋ. Beth, si le Canada, gblɔ be: “Ame geɖe nana woƒe gbeɖoɖoɖia nɔa ɣaɣla to alakpadada na wo dzilawo le afi si woyina ŋu me.” Misaki, si le Japan, lɔ̃ ɖe edzi be nu ma tututue yewɔ. Egblɔ be: “Ele be makpa nyawo nyuie agblɔ. Meɖɔa ŋu ɖo be nyemagblɔ alakpanya bubu aɖeke si ato vovo na esiwo kuna ɖe nye gbeɖoɖoɖia ŋu o kple susu be woagava nɔ ɖi kem le ŋunye o.”

Afɔku Siwo Le Adzamegbeɖoɖoɖi Me

Ne èle dzrowòm be yeate gbeɖoɖoɖi le adzame—alo ne èle ewɔm xoxola, anyo be nàbu nya siwo gbɔna ŋu.

Afi kae ameflunuwɔna sia akplɔm ayi? Ðe mieɖoe be eteƒe madidi o miaɖe mia nɔewoa? Evan, si le United States, gblɔ be: “Gbeɖoɖoɖi srɔ̃ɖeɖe ŋu mabumabui le ko abe boblododo nane si mèdi be yeadzra o ene.” Lododowo 13:12 gblɔ be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi.” Ðe nàdi be yeado vevesese na wò ame vevi aɖe ŋutɔŋutɔa?

Aleke Yehowa Mawu sena le eɖokui me le nu si wɔm mele ŋu? Biblia gblɔ be “woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!” (Hebritɔwo 4:13) Eya ta ne wò ŋutɔ alo xɔ̃wò aɖe le gbe ɖom ɖi le adzame eye nètsyɔ nu edzi la, Yehowa ya nyae xoxo. Eye ne elɔ ameflunuwɔna ɖe eme la, ekema ehiã be nàbu eŋu vevie. Yehowa Mawu tsri aʋatsokaka. Le nyateƒe me la, woyɔ “aʋatsoɖe” ɖe nu siwo Biblia gblɔ be Yehowa lé fui vevie la dome.—Lododowo 6:16-19.

Le nyateƒe me la, ne èɖoa gbe ɖi le adzame la, èle ametakpɔkpɔ si wònyena ne amewo nya nu tso miaƒe ƒomedodoa ŋu la tem ɖokuiwò. Mewɔ nuku o be, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe mɔ̃ va ɖea ame siwo ɖoa gbe ɖi le adzame la dometɔ aɖewo. Jane, si le Ausralia, ƒo nu tso exɔlɔ̃ aɖe si nɔa gbe ɖom ɖi le adzame kple ŋutsuvi aɖe le suku eye wònɔa agbe eve la ŋu. Jane gblɔ be: “Kaka fofoa nava nya be ahiãvi le esi la, fu nɔ eƒo xoxo.”

Eya ta anyo be nàte ɖe dziwòlawo alo Kristotɔ aɖe si tsi le gbɔgbɔ me ŋu ahagblɔe na wo ne èle gbe ɖom ɖi le adzame. Eye ne xɔ̃wòwo dometɔ aɖe le gbe ɖom ɖi le adzame la, megakpɔ gome le eƒe nu vɔ̃a me to nutsyɔtsyɔ edzi me o. (Timoteo I, 5:22) Ne èbu eŋu kpɔ la, aleke nàse le ɖokuiwò me ne afɔku aɖe va do tso eƒe nuwɔnaa me? Ðe fɔɖiɖia ƒe akpa aɖe manɔ dziwò oa? Tsɔe be xɔ̃wò aɖe si nye suklidɔléla la ɖua nu viviwo le adzame. Ne èva nya nu tso eŋu, evɔ xɔ̃wòa ɖe kuku na wò be mègagblɔe na ame aɖeke o ɖe, nu kae nàwɔ? Nu kae anɔ vevie na wò wu—àtsyɔ nu xɔ̃wòa ƒe nuwɔnaa dzi loo, alo àɖe afɔ si ate ŋu akpɔ eƒe agbe ta?

Nenema kee wòle ne ènya be ame aɖe le gbe ɖom ɖi le adzame. Mègavɔ̃ be mia kplii dome ava gblẽ o! Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, xɔlɔ̃ vavãtɔ akpɔe adze sii be yeƒe nyui dim nènɔ.—Lododowo 27:6.

“Menya Nu Si Wòle Be Mawɔ”

Esi Jessica, si ŋu míeƒo nu tso le gɔmedzedzea me, se nu tso Kristotɔ aɖe si hã nɔ nɔnɔme ma me ŋu la, eɖoe be yemaganɔ gbe ɖom ɖi le adzame o. Jessica gblɔ be: “Esi mese ale si wòwɔ tso kadodoa me la, megblɔ na ɖokuinye be, menya nu si wòle be mawɔ.” Ðe kadodoa tsotso nɔ bɔbɔe nɛa? Kura o! Jessica gblɔ be: “Ŋutsuvi sia koe melɔ̃ nenema kpɔ. Mefaa avi gbe sia gbe hena kwasiɖa geɖe.”

Gake nu bubu aɖe hã nɔ nyanya na Jessica—eyae nye be elɔ̃ Yehowa, eye togbɔ be eva tra mɔ vie hã la, edi vavã be yeawɔ nu dzɔdzɔe. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eƒe vevesesea nu va fa. Jessica gblɔ be: “Fifia, mía kple Yehowa dome ƒomedodoa nyo wu tsã. Meda akpe be enaa mɔfiame siwo míehiã la mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi!”—g6/07.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Gagbugbɔ lé ŋku ɖe nɔnɔme etɔ̃ siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto, si dze le axa 23 la ŋu. Wo dometɔ kae ɖɔ ale si nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi?

▪ Aleke nàte ŋu akpɔ nyaa gbɔ evɔ maƒo ɖokuiwò ɖe adzamegbeɖoɖoɖi me o?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 9 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ɣekaɣie Mate Gbeɖoɖoɖi?” si dze le January 2007 ƒe Nyɔ! yevugbe me tɔa me.

[Aɖaka si le axa 28]

Adzamenuwɔwɔ Yea, Alo Didi Be Ame Geɖe Naganya O Ye?

Menye gbeɖoɖoɖi ɖe sia ɖe si womeʋu goe o lae nye adzamenuwɔwɔ o. Tsɔe be ɖekakpui kple ɖetugbui aɖewo siwo tsi aɖe srɔ̃ la ɖoa gbe ɖi bene yewoanya yewo nɔewo nyuie, evɔ womedi be ame geɖe nanya haɖe o hena ɣeyiɣi aɖe. Ðewohĩ abe ale si ɖekakpui Thomas gblɔe ene la, “womedi be woanɔ fu ɖem na yewo kple biabiawo abe, ‘Alekee, ɣekaɣie miele srɔ̃ ɖe ge?’ ene o.”

Amewo ƒe nyaƒoɖeamenu madzemadzee ate ŋu agblẽ nu. (Hawo ƒe Ha 2:7) Eya ta ne ame eve siwo di be yewoava ɖe yewo nɔewo te gbeɖoɖoɖi la, woate ŋu atiae be yewomana ame geɖe nanya enumake o—ke hã, woadze agbagba aɖɔ ŋu ɖo be yewo ɖeɖe yewomaɖe yewo ɖokui ɖe aga o. (Lododowo 10:19) Anna, si xɔ ƒe 20, gblɔ be: “Esia nana mɔnukpɔkpɔ ame eveawo be woalé ŋku ɖe wo nɔewo ŋu akpɔe ɖa be yewosɔ na yewo nɔewo hã bene yewoabu yewoƒe kadodoa ŋu vevie wu. Ne wokpɔe be yewosɔ na yewo nɔewo la, ekema woate ŋu ana ame geɖe nanya.”

Le ɣeyiɣi ma ke me la, manyo be nàɣla wò hadedea ɖe ame siwo wòle na be woanya nu tso eŋu o, abe dziwòlawo alo ame si nèle gbe ɖom ɖi kpli la dzilawo ene. Ne màte ŋu agblɔe na ame siawo o la, ke bia ɖokuiwò be nu ka tae hã. Ðe wò nɔnɔmea sɔ kple Jessica si ŋu míeƒo nu tso le nyati sia ƒe gɔmedzedze la tɔa? Ðe nènya le wò dzi me be susu nyuiwo anɔ dziwòlawo si siwo ta womalɔ̃ ɖe wò tameɖoɖoa dzi oa?.

[Aɖaka si le axa 25]

NA DZILAWO

Le nyati si do ŋgɔ xexlẽ vɔ megbe la, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Ðe vinyeŋutsu alo vinyenyɔnu anɔ gbe ɖom ɖi le nye manyamanya mea?’ Xlẽ nu si sɔhɛ aɖewo gblɔ na Nyɔ! talawo ku ɖe nu siwo ate ŋu awɔe be woadi be yewoanɔ gbe ɖom ɖi le adzame ŋu, emegbe nàde ŋugble le nyabiase siwo kpe ɖe woƒe nyaawo ŋu la ŋuti.

“Sɔhɛ aɖewo mekpɔa dzidzeme le aƒe me o, eya ta wodi be yewoakpɔ akɔfafa to ŋutsuvi alo nyɔnuvi aɖe gbɔ.”—Wendy.

Abe dzila ene la, aleke nàte ŋu akpɔ viwòwo ƒe seselelãmenuhiahiãwo gbɔ na wo nyuie? Ðe nàte ŋu awɔ nane atsɔ akpe ɖe wo ŋu geɖe wu le go sia mea? Ne nenemae la, nu kawoe nàwɔ?

“Esi mexɔ ƒe 14 la, dutasukuvi aɖe si woxɔ ɖe míaƒe sukua me la bia tso asinye be manye yeƒe ahiãvi. Melɔ̃ nɛ. Mebui be anyo ŋutɔ be ŋutsuvi aɖe nakpla asi kɔ nam.”—Diane.

Ne viwòe Diane nye la, aleke nàkpɔ nya sia gbɔe?

“Asitelefon wɔe be gbeɖoɖoɖi le adzame va le bɔbɔe. Dzilawo menya naneke tso nu si le edzi yim ŋu o!”—Annette.

Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe ku ɖe viwòwo ƒe asitelefonzazã ŋu?

“Gbeɖoɖoɖi le adzame nɔa bɔbɔe ne dzilawo ƒe ŋku menɔa wo viwo ŋu ale si dze be woanya nu si wɔm wole kpakple ame si wole ha dem kpli o.”—Thomas.

Ðe mɔ aɖewo li siwo dzi nàto ate ŋu anya nu geɖe tso nu siwo viwò sɔhɛ wɔna ŋu, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, nàna ablɔɖe si sɔ la nasu esia?

“Zi geɖe la, dzilawo menɔa wo viwo gbɔ le aƒe me ale o. Alo wokana ɖe wo viwo dzi akpa heɖea mɔ na woa kple sɔhɛ bubuwo woɖia tsa yia teƒeteƒewo.”—Nicholas.

De ŋugble le ame si nye viwò ƒe xɔlɔ̃ vevitɔ ŋu kpɔ. Ðe nènya nu si tututu wowɔna ne woawo ɖeɖe lia?

“Ate ŋu adzɔ be sɔhɛwo nanɔ gbe ɖom ɖi le adzame ne dzilawo ƒe nya me sẽ akpa.”—Paul.

Aleke nàte ŋu ana amewo ‘nanya be nènye nugɔmesela,’ evɔ màŋe aɖaba ƒu Biblia me se kple gɔmeɖose aɖeke dzi o?—Filipitɔwo 4:5.

“Esime mege ɖe ƒewui me teti la, mesena le ɖokuinye me be asixɔxɔ mele ŋunye o, eye medina vevie be woatsɔ ɖe le eme nam. Mete nyatakakawo ɖoɖo ɖe ŋutsuvi aɖe si le míaƒe nutoa me hame aɖe me la to e-mail dzi, eye eƒe nu va lé dzi nam. Ena mekpɔe be asixɔxɔ gã aɖe le ŋunye.”—Linda.

Ðe nàte ŋu akpɔ mɔ ɖɔʋu aɖe si dzi woate ŋu ato akpɔ Linda ƒe hiahiãwo gbɔ nɛ le aƒe me hafia?

Ðe manyo be nàzã nyati sia kple axa sia me nyawo atsɔ adzro nu me kple viwòŋutsu alo viwònyɔnu oa? Sɔhɛwo ƒe nuwɔwɔ le adzame gbɔkpɔnu nyuitɔe nye dzeɖoɖo kpli wo tso nu ɖe sia ɖe ŋu tẽ tso dzi me faa. Ebia ɣeyiɣi kple dzigbɔɖi geɖe be woate ŋu anya sɔhɛ ƒe nuhiahiãwo, gake viɖe geɖe dona tso agbagbadzedze sia me.—Lododowo 20:5.