Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukpɔsusu Nyui Kae Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu?

Nukpɔsusu Nyui Kae Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nukpɔsusu Nyui Kae Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu?

BIBLIA gblɔ be: ‘Ga doa vɔvɔli.’ (Nyagblɔla 7:12) Esi wònye be ga te ŋu ƒlea nuɖuɖu, nudodo, kple dɔƒe ta la, ekpɔa ame ta tsoa nɔnɔme sesẽ siwo ahedada hena vaa ame dzi me. Le nyateƒe me la, ga ate ŋu aƒle ŋutilãmenu ɖe sia ɖe. Nyagblɔla 10:19 gblɔ be: “Gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.”

Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be míawɔ dɔ vevie bene míate ŋu akpɔ mía ŋutɔ kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Timoteo I, 5:8) Dɔ sesẽ wɔwɔ anukwareɖiɖitɔe hea dzidzeme, bubu, kple dziɖeɖi vana na ame.—Nyagblɔla 3:12, 13.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dɔ sesẽ wɔwɔ nana míete ŋu kpɔa nu nana ame bubuwo. Yesu gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Yayra sia sua mía si ne míezã míaƒe ga tsɔ kpe ɖe ame siwo le hiã me, vevietɔ mía nɔvi Kristotɔwo, ŋu dzidzɔtɔe, alo tsɔ ƒle nunana aɖe na míaƒe ame vevi aɖe.—Korintotɔwo II, 9:7; Timoteo I, 6:17-19.

Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woanyo dɔme, menye ɣeaɖewoɣi ko o, ke boŋ ɣeawokatãɣi, wòanye numame na wo. Egblɔ be: “Minɔ nu nam amewo.” (Luka 6:38, NW) Gɔmeɖose sia ke dzi wɔwɔ hiã le nunana hena Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dɔa dodo ɖe ŋgɔ me. (Lododowo 3:9) Nyateƒee, ne míenyoa dɔme alea la, akpe ɖe mía ŋu ‘míadze xɔlɔ̃’ Yehowa kple Via.—Luka 16:9.

Kpɔ Nyuie Le “Galɔlɔ̃” Ŋu

Ƒãa hafi ɖokuitɔdilawo naa nu ame, eye ne wona nu ame hã la, ɖokuitɔdidi ƒe susuwoe wotsɔ wɔnɛ. Woƒe kuxiae nye galɔlɔ̃, si mehea dzidzɔ vana na wo abe ale si wokpɔa mɔ nɛ ene o. Timoteo I, 6:10 gblɔ be: “Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” Nu ka tae galɔlɔ̃ menana ame ƒe dzi dzea eme o, eye wògblẽa nu le ame ŋu?

Nu ɖekae nye be kesinɔnuwo meɖia kɔ na ŋuklẽlawo o. Nyagblɔla 5:9 gblɔ be: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o.” Eya ta galɔ̃lawo tsɔa nuxaxa si nu metsona o la ‘ŋɔa wo ɖokui flofloflo.’ Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woƒe ŋukeklẽa gblẽa nu le woa kple ame bubuwo dome ƒomedodo ŋu, enana be dzidzɔ menɔa woƒe ƒomegbenɔnɔ me o, eye womete ŋu ɖina ɖe eme nyuie hã o. “Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋee o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.” (Nyagblɔla 5:11) Vɔ̃ɖitɔe wu la, Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe galɔ̃lawo ŋu o.—Hiob 31:24, 28.

Kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me ŋutinyawo kple xexea me nudzɔdzɔwo me ku ɖe ame siwo fia fi, troa gbo nya dzɔdzɔe, wɔa gbolo, wua ame, fiaa ame yome mɔ, alo kaa aʋatso ŋu—esiawo katã ɖe ga ta. (Yosua 7:1, 20-26; Mixa 3:11; Marko 14:10, 11; Yohanes 12:6) Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔa ƒe gɔmedzedze la, ekpe ɖekakpui dziɖula ‘kesinɔtɔ gã’ aɖe be wòadze ye yome. Nublanuitɔe la, ŋutsu sia gbe Yesu yome dzedze ƒe mɔnukpɔkpɔ wɔnuku la le esi wòkpɔe be ana yeaɖe asi le yeƒe kesinɔnuwo ŋu ta. Eya ta Yesu gblɔ ŋkubiãnya sia be: “Ale wòsẽ na amesiwo si nu le la be, woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me enye esi.”—Luka 18:23, 24.

Le “ŋkeke mamlɛ” siawo me la, ele vevie ŋutɔ be Kristotɔwo nakpɔ nyuie, elabena ame akpa gãtɔ nye “galɔ̃lawo” abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene. (Timoteo II, 3:1, 2) Ŋukeklẽ ƒe nɔnɔme sia mekpɔa ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavã siwo tsia dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu la dzi o, elabena nane si nyo sãsãsã wu ga la le wo si.

Nane Si Nyo Wu Ga

Esi Fia Salomo nɔ nu ƒom tso ale si ga doa vɔvɔli ŋu la, egblɔ hã be “nunya doa vɔvɔli” elabena nunya “léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” (Nyagblɔla 7:12) Nya sia gɔme ɖe? Nunya si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ kple Mawu vɔvɔ̃ nyuitɔ dzi lae Salomo wɔnɛ. Mawumenunya sia si nyo wu ga la ate ŋu akpɔ ame ta tso afɔku gbogbo aɖewo me le agbe me, eye ate ŋu akpɔ ame ta be wòagaku kukpo o gɔ̃ hã. Nunya vavãtɔ sia, si hã le abe fiakuku ene la doa ame siwo si wòsu la ɖe dzi henana bubu nɔa wo ŋu. (Lododowo 2:10-22; 4:5-9) Eye esi nunya sia nana Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu ta la, woyɔe be “agbeti.”—Lododowo 3:18.

Ame siwo dina tso dzi blibo me be nunya sia nasu yewo si, eye wolɔ̃na faa be yewoadii la kena ɖe eŋu godoo. “Vinye, . . . ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu. Elabena Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”—Lododowo 2:1-6.

Esi wònye be Kristotɔ vavãwo dea asixɔxɔ nunya sia ŋu wu ga ta la, ŋutifafa, dzidzɔ, kple dziɖeɖi, si mesua galɔ̃lawo si o la sua woawo ya si. Hebritɔwo 13:5 gblɔ be: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena [Mawu] ŋutɔ gblɔ be: ‘Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.’” Ga menana dedienɔnɔ sia sua ame si o.—g6/07.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Mɔ ka nue ga doa vɔvɔli alo kpɔa ame ta le?—Nyagblɔla 7:12.

▪ Nu ka tae mawumenunya nyo wu ga ɖo?—Lododowo 2:10-22; 3:13-18.

▪ Nu ka tae wòle be míatsri galɔlɔ̃?—Marko 10:23, 25; Luka 18:23, 24; Timoteo I, 6:9, 10.