Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsi Agbe Le Afɔku Si Dzɔ Le Mumbai Me

Wotsi Agbe Le Afɔku Si Dzɔ Le Mumbai Me

Wotsi Agbe Le Afɔku Si Dzɔ Le Mumbai Me

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE INDIA GBƆ

AME miliɔn 18 kple edzivɔwoe le Mumbai du, si woyɔna tsã be Bombay la me. Gbe sia gbe la, ame siawo dometɔ miliɔn ade alo adre sɔŋ ɖoa keteke siwo sia du sesĩe la tso dua ƒe golɔgoewo me yina ɖe woƒe dɔwɔƒewo, sukuwo, asitsaƒewo, kple modzakaɖeƒewo. Le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi siwo me amewo nɔa dɔme yim, alo nɔa gbɔgbɔm tso dɔme la, ame 5,000 sɔŋ tigia wo ɖokuiwo ɖe keteke si me wòle be ame 1,710 ko nanɔ hafi la me. July 11, 2006 ƒe ɣeyiɣi mawo tɔgbi mee nu vlo wɔlawo dze Mumbai ketekewo dzi ŋɔdzitɔe. Le miniti 15 pɛ ko me la, bɔmb wó le keteke vovovo adre me le ketekemɔ siwo le dua ƒe Ɣetoɖoƒenutowo me la dzi, si wɔe be ame 200 kple edzivɔwo ku eye ame 800 sɔŋ xɔ abi vevie.

Ame siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 22 siwo le Mumbai dua kple nuto siwo ƒo xlãe me la dometɔ akpa gãtɔ ɖoa keteke mawo edziedzi, eye wo dometɔ aɖewo nɔ keteke siwo dzi wodze la me. Dzidzɔtɔe la, wo dometɔ aɖeke mebu eƒe agbe o, gake wo dometɔ akpa gãtɔ xɔ abi. Anita kpã tso dɔme ɣemaɣi yina aƒe me. Esi ketekea yɔ taŋtaŋ ta la, etsi tsitre ɖe ketekexɔ si me gatɔwo nɔna la ƒe ʋɔtru nu kple susu be ɖiɖi nanɔ bɔbɔe na ye. Esime ketekea nɔ du dzi la, kasia bɔmb aɖe wó sesĩe, eye dzudzɔ bla ɖe ketekea ƒe xɔ si me wònɔ la me kɔtɔɔ. Esi wòdo ta ɖe xexe vie hekpɔ eƒe ɖusime la, ekpɔe be ketekexɔ si tsiã ɖe esi me wònɔ nu la ƒe axadzi fo eye amewo nɔ gegem. Ŋɔdzi lée ŋutɔ esime wòkpɔ ame blibowo kple ame siwo fli kakɛkakɛ la nɔ gegem to afi si fo la ɖe ketekemɔawo dzi. Le sekɛnd ʋɛ aɖewo ko—si nɔ nɛ abe ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ enemegbe la, ketekea va tɔ. Woa kple ame bubuwo dzo le ketekea me dze mɔa dzi hesi du yi adzɔge ʋĩ. Anita ƒo ka na srɔ̃a John, eye dzidzɔtɔe la, eke ɖe eŋu; elabena le miniti aɖewo megbe la, ame gbogbo siwo tsɔ dzitsitsi vevie nɔ woƒe ame veviwo yɔm la ƒe kaƒoƒo wɔe be telefonkadodowo sa kɔ le dugã la katã me. Anita te ŋu lé eɖokui va se ɖe esime wòƒo nu kple srɔ̃a. Tete wòwó avi. Eka nu si dzɔ la ta nɛ hegblɔ nɛ be wòava kplɔ ye. Esime wònɔ srɔ̃a lalam la, tsi gã aɖe te dzadza hekplɔ nu siwo kpovitɔwo kple numekula bubuwo akpɔ bene woanya nu si tututu dzɔ la dzoe.

Claudius, si hã nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka la, kpã le dɔme gbe ma gbe kaba wu ale si wòkpãna. Eɖo ga 5 miniti 18 ƒe keteke le Churchgate Ʋuɖoƒe, si nye dua ƒe Ɣetoɖoƒenutoa ƒe keteketɔɖoƒe mamlɛtɔ, henɔ ketekea ƒe xɔ si me gatɔwo nɔna la dometɔ ɖeka me. Esime wònɔ zikpui si dzi wòanɔ hena gaƒoƒo ɖeka ƒe mɔzɔzɔ ayi ɖe Bhayandar keteketɔɖoƒea dim la, ekpɔ Joseph si hã nye Yehowa Ðasefo siwo le woƒe nutoa me la dometɔ ɖeka. Wonɔ dze ɖom eye ɣeyiɣia hã va nɔ yiyim kabakaba. Eteƒe medidi o, Joseph te kɔlɔ̃edɔdɔ le esi ɖeɖi te eŋu ŋutɔ la ta. Esi woɖo keteketɔɖoƒe si do ŋgɔ na afi si Claudius aɖi le la, Claudius tso heyi ɖatɔ ɖe ʋɔtrua nu, le esi ketekea yɔ fũu akpa ta. Esime Claudius tsi tsitre ɖe afi ma la, Joseph nyɔ hegba ɖe zikpuia ŋu bene yeado hedenyuie nɛ. Claudius lé zikpui aɖe ŋu ga hebi eɖokui be yeaƒo nu nɛ. Bibi vie aleae anya kpɔ Claudius ƒe agbe ta. Elabena, kasia nane wó sesĩe. Ketekexɔa ʋuʋu sesĩe, dzudzɔ bla ɖe eme kɔtɔɔ, eye eme do viviti tsiɖitsiɖi. Nu si wó la he Claudius ƒu anyi ɖe zikpuidomemɔa dzi, ewɔ nɛ be yemegate ŋu le naneke sem o, negbe nane koe nɔ ɖiɖim le yeƒe towo me ʋĩ. Do gã aɖe ɖe ɖe afi si wònɔ tsitre ɖo tsã la. Ʋuɖola siwo tɔ ɖe exa la dometɔ aɖewo ge ɖe mɔa dzi loo, alo woku ɖe ʋua me. Etsi agbe le keteke adre siwo me bɔmb wó le le Braɖa dziŋɔ ma gbe la dometɔ atɔ̃lia sia me.

Wokɔ Claudius yi kɔdzi, eye eƒe awuwo ƒo ʋu keŋ. Gake anye ame bubu siwo dze afɔku vevie la ƒe ʋue. Abi vi aɖewo koe wòxɔ—exɔ abi ɖe to me, dzo fiã eƒe asi ɖeka ŋu, eye dzo ƒo eƒe taɖa hã. Edo go Joseph kple srɔ̃a, Angela, si nɔ ketekexɔ si me nyɔnuwo nɔna me, gake eya mexɔ abi o la, le kɔa dzi. Joseph xɔ abi ɖe ŋku xa eye megate ŋu le nu sem o. Ðasefo etɔ̃ siawo da akpe na Yehowa be yewotsi agbe. Claudius ɖe nu me be nu gbãtɔ si va susu me na ye esime yegbugbɔ ɖo ye ɖokui mee nye be, ‘Aleke gbegbe wònye nu si me susu mele o enye si be woanɔ ga kple kesinɔnuwo yome tim le nuɖoanyi sia si me ame ƒe agbe nu ate ŋu atso kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka ko me la me!’ Dzi dzɔe be yena ƒomedodo si le ye kple Mawu, Yehowa, dome la nye nu vevitɔ kekeake na ye le agbe me!

Ɣeyiɣi kpuie aɖe do ŋgɔ na bɔmb siawo ƒe wòwó la, tsiɖɔɖɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔwo hã gblẽ nu le Mumbai dua me vevie. Ke hã, dzo kpɔtɔ le Ðasefowo siwo wu 1,700 siwo le afi ma la me ɖe woƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Woyia edzi gblɔa xexe yeye si me ŋutasẽnuwɔwɔ maganɔ o ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la ŋu nya na wo haviwo.—Nyaɖeɖefia 21:1-4.—g6/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

Do gã aɖe ɖe ɖe afi si wònɔ tsitre ɖo tsã la

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Anita

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Claudius

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Joseph kple Angela

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 14]

Sebastian D’Souza/AFP/Getty Images