Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa, meɖe kuku na masubɔ wò”

“Yehowa, meɖe kuku na masubɔ wò”

“Yehowa, meɖe kuku na masubɔ wò”

Abe Ale Si Danielle Hall Gblɔe Ene

Esime menye ɖevi sue la, melɔ̃a tsaɖiɖi yia Nanna, alo mamanye, si ƒe xɔ te ɖe míatɔ ŋu la gbɔ. Elɔ̃a ŋdɔmelɔ̃dɔdɔ gbe sia gbe. Ne meɖi tsa yi egbɔ la, mía kplii míenɔa anyi ɖe aba dzi eye wòxlẽa Biblia ŋutinyawo nam. Egblɔna nam zi geɖe be: “Megaŋlɔ be gbeɖe be Yehowa lɔ̃ wò o. Ne wò hã èlɔ̃e la, alé be na wò ɣesiaɣi.” Eƒe nyawo tsi dzi kple susu me nam vevie.

NANNA ku le ƒe 1977 me, esime mexɔ ƒe ene. Enye Yehowa Ðasefo, abe Papa ƒe ƒometɔ siwo katã le mía de Moe, Australia, la ke ene. Papa kple Dada menye Ðasefowo o, gake Papa wɔa nu ɖe Ðasefowo ŋu nyuie. Emegbe, míaƒe ƒomea ʋu yi Tintenbar, si nye du sue aɖe si gogo New South Wales ƒe ƒuta. Mía kple nɔvinye ŋutsu tsitsitɔ, Jamie, míekplɔa Papa ɖo dea Ðasefowo ƒe kpekpewo le afi ma ɣeaɖewoɣi.

Esime mexɔ ƒe enyi la, dzinyelawo klã tso wo nɔewo gbɔ. Papa trɔ yi ɖanɔ Moe, eye mía kple Jamie míetsi Dada gbɔ. Biblia me nyawo medoa dzidzɔ na Dada o, eya ta meɖea mɔ na mí be míade Ðasefowo ƒe kpekpewo o. Esia na melé blanui ŋutɔ. Meɖoa ŋku Nanna ƒe nya siwo tsi nye dzi me la dzi. Menyae be melɔ̃ Yehowa vevie! Eye medi be masubɔe. Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa hegblɔ nɛ be nye hã medi be manye eƒe Ðasefowo dometɔ ɖeka. Jamie hã se le eɖokui me nenema ke.

Dodokpɔwo Le Suku

Esia megbe kpuie la, míaƒe sukunufiala aɖe bia tso mí ɖeviwo dometɔ ɖe sia ɖe si be míagblɔ subɔsubɔha si me míele ne yeaŋlɔ ɖe agbalẽ me. Esi wòɖo Jamie dzi la, egblɔ sesĩe kple gbe si me kɔ be, “Yehowa Ðasefo.” Nufialaa tɔ sẽe hebia tso esi be woagagbugbɔ ɖo eŋu yease, eye wògagblɔe ake. Nufialaa gblɔ be, “Nyemeka ɖe edzi o, gake míalé ŋku ɖe nya ma ŋu emegbe.” Esi wòva ɖo dzinye la, nye hã medo ɣli sesĩe be, “Yehowa Ðasefo.” Edze ƒãa be ete ɖe nufialaa dzi ŋutɔ eye wòyɔ míaƒe sukudzikpɔla be neva kpɔ nane na ye ɖa.

Míaƒe sukudzikpɔlaa gblɔ movevieɖoɖotɔe be, “Nyatakaka siwo mia dzilawo na le mia ŋu la le agbalẽ me le nye kplɔ̃ dzi ɖaa, womegblɔ be Yehowa Ðasefowo mienye o.” Míeɖo eŋu bubutɔe be, “Gake subɔsubɔha mae míedea ha kpli.” Tso esia dzi la, sukudzikpɔlaa loo, alo nufialaa megado nya sia ɖa kpɔ o.

Le suku la, medzea agbagba be magblɔ nu ʋɛ siwo menya tso Biblia me la na nye sukuhatiwo. Esi metsɔa Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo ɖe asi ta la, mete ŋu xlẽa ŋutinyawo na nyɔnuvi aɖe si xɔ Mawu dzi se la ɣeaɖewoɣi. * Esi medzea agbagba be manɔ agbe ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo nu ta la, nyemenye sukuvi xɔŋkɔ aɖeke o, eye ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be metsi akogo.

Medoa gbe ɖa na Yehowa tso dzi me vevie ale gbegbe be eva zu xɔ̃nye vevitɔ. Gbe sia gbe ne megbɔ tso suku la, menɔa anyi ɖe nye aba dzi hegblɔa nu siwo katã dzɔ le ŋkekea me la na Yehowa tsitotsito. Mefaa avi zi geɖe. Metsɔa aɖatsiwo ƒoa koko na Yehowa be, “Yehowa, meɖe kuku na masubɔ wò kpe ɖe wò amewo ŋu.” Ne menya do gbe ɖa vɔ ko la, nye dzi dzea eme.

Ŋusẽdoamelɛta Aɖe

Esi mexɔ ƒe ewo la, Jamie trɔ yi Moe ɖanɔ Papa gbɔ. Fifia ya, megatsi akogo le gbɔgbɔmenuwo gome wu. Gbe ɖeka, esime meɖi tsa yi aƒelika aɖe gbɔ la, mekpɔ magazine aɖe si Yehowa Ðasefowo ta la le aƒea me. Dzi dzɔm ŋutɔ, eye melé alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔa me la ƒe adrɛs ɖe ta me eye mesi du yi aƒe me ɖaŋlɔe ɖi. Meŋlɔ lɛta aɖe si me meɖe nye seselelãwo gblɔ le na alɔdzedɔwɔƒea hebia be woakpe ɖe ŋunye. Woƒe axa eve lɛta, si woŋlɔ tsɔ ɖo nye lɛtaa ŋu, xexlẽ na aɖatsiwo lolo ɖe nye ŋkuwo dzi. Lɛta siae nye kpeɖodzi be mexɔ asi na Yehowa ŋutɔ!

Lɛtaa de dzi ƒo nam be masrɔ̃ Israel nyɔnuvi sue si nye Naeman, Siriatɔwo ƒe asrafomegã la ƒe aƒemesubɔvi si nɔ anyi le blemaɣiyiɣiwo me la, ƒe xɔse. Togbɔ be enɔ aboyo me le didiƒe tso wo de nyigba dzi hã la, woa kple Mawu, Yehowa, dome nɔ kplikplikpli. Eye ale si wòƒo nu dzinɔameƒotɔe tso eƒe xɔse ŋu la ɖee fia be enye ɖasefo vavã na Mawu.—Fiawo II, 5:1-4.

Alɔdzedɔwɔƒea ƒe lɛtaa gblɔ kpee be: “Esi nènye ɖevi sue ko ta la, ele be nàwɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu to toɖoɖo dziwòlawo kple veviedodonu le suku me. Ehiã hã be nàna mia kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli to gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ dzi.” Woƒo lɛtaa ta be: “Danielle, nenɔ susu me na wò be afi ka kee nèɖale o, Yehowa tsɔ ɖe gbɔwò ɣeawokatãɣi. Míeka ɖe edzi be èxɔ nya sia dzi se.” (Romatɔwo 8:35-39) Togbɔ be lɛta sia do xoxo hezu belibeli hã la, egakpɔtɔ le nye Biblia ƒe akpa me vaseɖe fifia. Togbɔ be mexlẽe zi gbɔ zi geɖe esime ƒewo va nɔ yiyim hã la, aɖatsi gena le mo nam kokoko ɣesiaɣi si megaxlẽe.

Eteƒe medidi o, mexɔ lɛta bubu. Wogblɔ le eme be fofonye wɔ ɖoɖo be mate ŋu anɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xɔm to posu dzi. Dzi dzɔm ale gbegbe! Gbɔgbɔmenuɖuɖu sua asinye edziedzi azɔ. Ne tata yeye ɖe sia ɖe va la, mexlẽnae tso axa gbãtɔ va se ɖe mamlɛtɔ dzi. Magazine nyui mawo ƒe tata gbãtɔ siwo woɖo ɖem la gakpɔtɔ le asinye va se ɖe egbe. Le ɣeyiɣi mawo lɔƒo me la, Kristotɔ hamemetsitsi aɖe si le hame si le nutoa me me la va srãam kpɔ edziedzi. Togbɔ be ɣeyiɣi kpui aɖe ko eƒe sasrãkpɔawo xɔna hã la, edea dzi ƒo nam ŋutɔ.

Tɔtrɔwo Na Mewɔ Ŋgɔyiyi

Togbɔ be nɔnɔmeawo va de dzinye le gbɔgbɔ me hã la, megadina vevie kokoko be masubɔ le ablɔɖe geɖe wu me. Eya ta esi mexɔ ƒe 13 la, mebia Dada nenye be mate ŋu ayi ɖanɔ Papa gbɔ hã. Melɔ̃ Dada vevie abe ale si eya hã lɔ̃m ene, gake meɖoe kplikpaa be masubɔ Mawu. Elɔ̃, eye metrɔ yi Moe, eye nutoa me hamea me tɔ aɖe te Biblia sɔsrɔ̃ kplim. Papa ɖe mɔ na mía kple Jamie be míade kpekpeawo katã. Ðasefo siwo le afi ma la kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ. Mía kple Jamie míewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba hexɔ nyɔnyrɔ; ɣleti ʋɛ aɖewo koe tso mía kplii ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ dome. Vavãe, Mawu ɖo gbe si medo ɖa le ɖevi me la ŋu nam. Fifia, mele Yehowa subɔm ɖekae kple eƒe amewo!

Le ɣeyiɣi mawo me la, meva lɔ̃ tasinye Lorraine kple srɔ̃a, Philip Taylor, siwo hã nɔ Moe Hamea me la vevie ŋutɔ. Wowɔa nu ɖe ŋunye abe wo vi ene. Esi woʋu yi Bougainville ƒukpoa dzi le Papua New Guinea be yewoaɖasubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le la, mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi womia asim be mayi kpli yewo. Ƒe 15 koe mexɔ ɣemaɣi, gake Papa kple Dada ɖe mɔ nam be mayi.

Meyi nye sukudedea dzi le Bougainville to lɛtaŋɔŋlɔ dzi. To vovo na nye sukudɔwo wɔwɔ la, ɖaseɖiɖidɔa ŋue mezãa nye ɣeyiɣi susɔea katã ɖo. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be mawɔ dɔ kple dutanyanyuigblɔlawo kple mɔɖelawo ɖekae! Nutoa me tɔwo bɔbɔa wo ɖokui le mɔ aɖe si tɔgbi nyemekpɔ kpɔ o nu, eye wo dometɔ geɖe tsɔa ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me vevie.

Emegbe, le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖe me la, dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔ aɖe va do mo ɖa le dua me, si wɔe be nye agbe ate ŋu aɖo afɔku me ne mekpɔtɔ nɔ afi ma. Dzodzo le ƒukpo dzeani sue ma kple edzinɔlawo gbɔ te ɖe dzinye ŋutɔ. Esime yameʋu sue si meɖo ho la, mekpɔ Tasinye srɔ̃ Philip wòtsi tsitre ɖi henɔ babayi dom nam. Menɔ avi fam vevie hedo gbe ɖa na Yehowa le ta me be wòakpe ɖe ŋunye mava zu dutanyanyuigblɔla gbe ɖeka.

Woɖo Nye Gbedodoɖa Bubuwo Ŋu

Esi metrɔ yi Australia hewu sɛkɛdzrisuku (lycée) nu la, meɖaxɔ ɔfisdɔwɔwɔ ƒe hehe le sedɔwɔƒe aɖe. Le ɣeyiɣi mawo me la, Papa gbugbɔ ɖe srɔ̃ henɔ atikɔmeƒome gã aɖe dzi kpɔm. Jamie ɖanɔ Dada gbɔ. Le ɣeyiɣi aɖe me la, menɔa dzinyela ɖeka gbɔ sẽ heɖanɔa evelia hã gbɔ sẽ. Agbenɔnɔ va sẽ nam. Eva hiã be manɔ agbe tsɛ ahatsɔ nye susu aɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu. Eya ta mete ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Moe abe mɔɖela ene le ƒe 1994 me.

Dzi gava le dzɔyem ake. Xɔ̃nyewo katã nye sɔhɛ siwo léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu le hamea me, eye wodoa ŋusẽm ale gbegbe. Eva dzɔ be le ƒe 1996 me la, meva ɖe wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Will, si nye dɔmenyotɔ ɖokuibɔbɔla si ƒoa nu bɔkɔɔ. Enye yayra tso Yehowa gbɔ nam.

Míekpɔ dzidzedze le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me, eye míenɔ dzidzɔ kpɔm ŋutɔ. Gbe ɖeka, esi Will yi gbeadzi kple subɔla mɔzɔla si srãa hameawo kpɔ le míaƒe nutoa me hetrɔ gbɔ va aƒe me la, ena míenɔ anyi, eye wòbiam be, “Àdi be yeaʋu aɖakpe asi ɖe subɔsubɔdɔa ŋu le hame bubu mea?” Melɔ̃ le nye dzi me enumake. Ke hã, mebiae fefetɔe be: “Afi kae? Vanuatu yea? Fiji yea?” Esi Will ɖo eŋu be, “Morwell ye” la, megblɔ enumake be, “Tsoo, mía gbɔ afi sia koe ɖe!” Mí ame evea siaa míete nukoko helɔ̃ ɖe edzi enumake be, ado dzidzɔ na mí be míaɖakpe asi ɖe hame si te ɖe mía ŋu la ŋu abe mɔɖelawo ene.

Le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Morwell kpɔ dzidzedze geɖe, eye míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Tete nu wɔnuku bubu aɖe gadzɔ. Míexɔ dɔdeasi yeye tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia gbɔ be míaɖasubɔ abe mɔɖela veviwo ene. Ènya afi si woɖo mí ɖoa? Eyae nye East Timor, si nye dukɔ sue aɖe si le Indonesia ƒukpohatsotsoa ƒe ɣedzeƒe ɖaa. Mefa dzidzɔvi. Meda akpe na Yehowa be eɖo nye gbedodoɖawo katã ŋu nam. Menye ɖeko wòxɔm be masubɔ ye o, ke fifia hã, ena mɔnukpɔkpɔ mía kple srɔ̃nye be míate ŋu aɖasubɔ le duta.

Subɔsubɔ Le Duta

Míeva ɖo Dili, si nye fiadua me le July 2003 me. Mɔɖela vevi 13 siwo tso Australia kpakple dua me Ðasefo ʋɛ aɖewo koe nɔ Dili Hamea, si nye hame ɖeka pɛ si nɔ dukɔa me, la me. Timor nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo da ahe kolikoli; wo dometɔ geɖe bu woƒe nunɔamesiwo kple woƒe ƒometɔwo le dukɔmeviʋa si yi edzi le dukɔa me hena ƒe 24, hewu enu le ƒe 1999 me la me. Wo dometɔ geɖe hã do dzi le ƒometɔwo ƒe tsitretsitsi ɖe wo ŋu le xɔse yeye si va su wo si ta la me. Togbɔ be yometiti kple ahedada ɖe fu na wo hã la, wonye kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me.—Nyaɖeɖefia 2:8, 9.

Míekpɔe be Timortɔwo nye mawuvɔ̃la siwo dea bubu Biblia ŋu. Eteƒe medidi o, míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo va sɔgbɔ wu tsɔtsɔ na mí! Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, míaƒe nusrɔ̃vi gbãtɔawo va te subɔsubɔ aduadu kpli mí abe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu xɔnyɔnyrɔwo ene. Woƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi teƒe kpɔkpɔ na míekpɔa dzidzɔ geɖe ŋutɔ.

Esia megbe la, aʋa gatɔ zi le Dili ake, le ƒe 2006 me. Gbe vovovo dolawo dome dzrehehewo va do gã ɖe edzi hezu aʋa. Woha amewo ƒe nunɔamesiwo le aƒe geɖe me alo tɔ dzo aƒeawo keŋkeŋ, eye nutoa me Ðasefowo va di sitsoƒe le mɔɖela veviwo ƒe aƒe si me míenɔ me. Míaƒe aƒea kple xɔxɔnu si ƒo xlãe godoo la va zu sitsoƒesaɖa hena ɣeyiɣi aɖe, eye le ɣeaɖeɣi la, ame siwo ƒe xexlẽme ade alafa ɖeka sɔŋue nɔ mía gbɔ! Agbadɔ gã si te míetɔa ʋuwo ɖo la zu nuɖaƒe, nuɖuƒe, eye míezãnae ɣeaɖewoɣi abe Fiaɖuƒe Akpata ene.

Togbɔ be wonɔ tu dam eye asimebɔmbwo nɔa wòwóm le míaƒe aƒea gbɔ hã la, míaƒe aƒea va zu sitsoƒe, afi si ŋutifafa nɔ. Mí katã míese le mía ɖokui me be Yehowa nɔ mía ta kpɔm. Míedzea ŋkeke ɖe sia ɖe gɔme kple Biblia me dzodzro ɖekae. Míete ŋu wɔa kpekpeawo abe ale si míewɔnɛ ɖaa ene. Míesrɔ̃a Biblia kple ɖetsɔlemetɔwo hã.

Le kwasiɖa aɖewo megbe la, míeva kpɔe be anye afɔku na nɔvi siwo wodzi le dukɔa ƒe ɣedzeƒe gome la be woakpɔtɔ anɔ Dili. Eya ta nɔviŋutsu siwo nɔ ŋgɔ xɔm la wɔ ɖoɖo be woaɖo ƒuƒoƒo aɖe ɖe Baucau, si nye dukɔa ƒe dugã evelia, si gbɔ didi abe ʋuɖoɖo gaƒoƒo etɔ̃ tso Dili ene. Esiae wɔe be mía kple Will míegaxɔ dɔdeasi yeye.

Míeva ɖo Baucau le July 2006 me, si nye ƒe etɔ̃ kloe tso ŋkeke si dzi míeva ɖo East Timor dukɔa me. Mɔɖela vevi ene kple Ðasefo Timortɔ adee nɔ míaƒe ƒuƒoƒoa me. Nɔviawo gblẽ woƒe nunɔamesiwo ɖe Dili, ke hã, dzi dzɔa wo geɖe ŋutɔ. Woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ gbɔgbɔ kple nuteƒewɔwɔ wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ!

Mía kple Will míegakpɔtɔ le subɔsubɔm le Baucau. Míekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe dɔdeasia ŋu ŋutɔ eye míebunɛ be enye yayra bubu tso Yehowa gbɔ na mí. Ne metrɔ kpɔ megbe la, mekpɔe be Nanna ƒe nyawo le eme. Yehowa medo kpo beléle nam le ƒe siawo katã me kpɔ o. Medaa akpa nɛ ɣesiaɣi le esi wòna mɔnukpɔkpɔ wɔnuku siam be masubɔ ye aduadu kple yeƒe amewo la ta. Mele mɔ kpɔm hã vevi be magakpɔ Nanna ake le tsitretsitsia me. Ekema mate ŋu ada akpe nɛ ɖe ale si wònam safui si ʋu dzidzɔ vavãtɔ kple agbenɔnɔ si me teƒeɖoɖo le ƒe ʋɔtru nam la ta.—g7/07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Nanna

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple srɔ̃nye, Will