Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo Se Kple Ðoɖowo Anyi Eye Nàkpɔ Egbɔ Be Wowɔ Wo Dzi Kaba

Ðo Se Kple Ðoɖowo Anyi Eye Nàkpɔ Egbɔ Be Wowɔ Wo Dzi Kaba

Afɔɖeɖe 4

Ðo Se Kple Ðoɖowo Anyi Eye Nàkpɔ Egbɔ Be Wowɔ Wo Dzi Kaba

Nu si ta wòle be nàɖe afɔ sia? Ronald Simons, si nye hadomegbenɔnɔŋutinunyafiala le Yunivɛsiti aɖe le Georgia, gblɔ be: “Nyateƒenyae nye be, eɖea vi na ɖeviwo wu ne dzilawo de se siwo me kɔ nyuie na wo eye wohea to na wo ɣesiaɣi si woda seawo dzi. Esia manɔmee la, ɖeviawo bua wo ɖokuiwo ŋu akpa hezua ɖokuitɔdilawo, eye womekpɔa dzidzɔ kura o—eye woƒe nuwɔna te ŋu wɔnɛ be ame sia ame zua nublanuitɔ le aƒea me.” Mawu ƒe Nya ya gblɔe kpuie ko be: “Amesi [lɔ̃a via] la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.”—Lododowo 13:24.

Nu si ta wòsesẽna: Ebia ɣeyiɣi, agbagbadzedze, kple kutrikuku geɖe be woade se siwo sɔ na ɖeviwo ahakpɔ egbɔ be woawɔ wo dzi. Eye le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo dina be yewoada se ɖe sia ɖe si wode na yewo la dzi. Mike kple Sonia, siwo si vi eve le, gblɔe eme kɔ nyuie be: “Ðeviwo ƒe nuŋububu kple didiwo to vovo kura eye vɔ̃wɔwɔ ƒe didi si le amegbetɔ me la nu sẽna le wo me.” Dzila siawo lɔ̃ wo viawo vevie. Gake wolɔ̃ ɖe edzi be: “Ɣeaɖowoɣi la, ɖeviwo te ŋu ɖea tomesesẽ kple ɖokuitɔdidi fiana.”

Egbɔkpɔnu: Srɔ̃ ale si Yehowa wɔ nu kple Israel dukɔa. Mɔ ɖeka aɖe si dzi Yehowa to ɖe eƒe lɔlɔ̃ na eƒe dukɔa fiae nye to nu si wòdi tso wo si la ŋuti se siwo me kɔ dede na wo me. (Mose II, 20:2-17) Egblɔa tohehe si wòana wo ne womewɔ ɖe seawo dzi o la kpena ɖe wo ŋu.—Mose II, 21:37–22:8.

Eya ta ɖe manyo be nàŋlɔ aƒea me sewo kple ɖoɖo siwo dzi nèdi be ɖeviawo nawɔ ɖo la ɖi oa? Dzila aɖewo kpɔe be anyo be seawo nanye se atɔ̃ aɖewo ko. Ne aƒea me sewo mesɔ gbɔ fũu o la, ŋkuɖoɖo wo dzi kple egbɔkpɔkpɔ be woawɔ wo dzi nɔa bɔbɔe wu. Ŋlɔ tohehe siwo woaxɔ ne woda seawo dzi hã kpe ɖe wo ŋu. Kpɔ egbɔ be toheheawo mesẽ akpa o eye nɔ klalo nàhe to na viwòawo abe ale si nègblɔe ene. Minɔ se kple ɖoɖoawo me tom edziedzi be ame sia ame, Dada kple Papa hã, nate ŋu anya nu si tututu sea bia tso esi.

Ne woda seawo dzi la, kpɔ egbɔ be yehe to si wodze na la na wo enumake, gake anyo be nàwɔe moveviɖoɖotɔe, eye wòagagbɔ eme o. De dzesi nya sia: Ne èdo dziku la, lala ne wò dzi nafa hafi nàhe to na viwòa. (Lododowo 29:22) Gake mègana ŋu nake ɖe edzi o. Mègatsɔe kee o. Ne etsɔe kee la, viwòa makpɔ seawo dzi wɔwɔ ƒe vevienyenye adze sii o. Ðeko esia sɔ kple nya si Biblia gblɔ be: “Esi afia menya tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.”—Nyagblɔla 8:11.

Alekee nàgate ŋu awɔ wò ŋusẽa ŋu dɔ wòaɖe vi na viwòwo?—g8/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ . . . eye miaƒe Ao nanye Ao.”—Mateo 5:37, NW