Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Atsi Amenyagbɔgblɔ Nu?

Aleke Mawɔ Atsi Amenyagbɔgblɔ Nu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Atsi Amenyagbɔgblɔ Nu?

“Meyi azãɖuƒe fiẽ aɖe, eye esi ŋu ke la, afluiwo nɔ ɖiɖim be ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka dɔ gbɔnye le afi ma. Alakpa aɖeke mesɔ kple esia o!”—Linda. *

“Ɣeaɖewoɣi la, mesea afluiwo nɔ ɖiɖim be mele gbe ɖom ɖi kple ame aɖe—evɔ le nyateƒe me la, nyemenya ame la gɔ̃ hã o! Amenyagblɔla geɖe medzea agbagba be yewoanya ne nya si yewose la nye nyateƒe hafi nɔa ekakam o.” —Mike.

AMEWO ate ŋu anɔ afluiwo kple nyakpakpawo kakam le ŋuwò wu ale si woɖoa dze tso television dzi fefewɔla aɖe ŋu. Amber, si xɔ ƒe 19, gblɔ be: “Wogblɔa ŋunye nya ɣesiaɣi. Afluiwo ɖi le ŋunye be mefɔ fu kpɔ, be meɖe fu zi geɖe, be menɔ gbe muamewo dzram, nɔ wo ƒlem, eye be mezãa wo gɔ̃ hã. Nu ka tae amewo anɔ nya mawo gblɔ tso ŋunye? Le nyateƒe me la, nyemenya naneke tso eŋu o!”

Amenyagbɔgblɔ To Mɔ̃ɖaŋunuwo Dzi

Esime dziwòlawo nye ƒewuiviwo la, nu koe wotsɔ gblɔa amenya ɖe sia ɖe. Gake egbea la, amewo zãa mɔ̃ɖaŋunuwo tsɔ gblɔa amenya. Sɔhɛ aɖe si ɖo tame vɔ̃ ate ŋu ato e-mail kple Internet dzi nyatakaka ɖoɖo ɖe ame nɔewo tẽe dzi agblẽ ŋuwò numaƒomaƒoe. Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko wohiã atsɔ ate asi ɖe kɔmpuitanuŋlɔkpevi aɖewo dzi bene woaɖo ame bubuwo ŋuti nyatakaka vɔ̃ɖiwo ɖe ame blanane siwo le klalo na wo xɔxɔ.

Ame aɖewo gblɔ be ame geɖe va lɔ̃ Internet tsɔtsɔ gblɔ ameŋunya tsɔ wu telefonzazã. Woɖo Internet nyatakakadzraɖoƒe aɖewo koŋ ɖe gbɔɖiɖi ame bubuwo ta. Amewo lia kɔ ameŋunya vɔ̃ɖi siwo womalɔ̃ agblɔ kple nu gbeɖe o la ɖe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe siwo woʋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la dzi. Le numekuku aɖe me la, sɔhɛ 58 le alafa me gblɔ be woŋlɔ nya vɔ̃wo tso yewo ŋu to Internet dzi.

Gake ɖe amenyagbɔgbɔ nyea nu gbegblẽ ɣesiaɣia? Ðe nane li si woate ŋu ayɔ be . . .

Amenyagbɔgblɔ Nyuitɔa?

Nyateƒee nya si gbɔna nye loo, alo aʋatsoe?

Amenyagbɔgblɔ nyea nu gbegblẽ ɣesiaɣi. Nyateƒee Aʋatsoe

Kae nye ŋuɖoɖo nyuitɔa? Le nyateƒe me la, nu si nèbuna be “amenyagbɔgblɔ” nyee akpɔ ŋusẽ ɖe wò nyaŋuɖoɖoa dzi. Ne èse egɔme be enye dzeɖoɖo tso ame ŋu dzro ko la, ekema efia be anye nu si sɔ ɣeaɖewoɣi. Alo, ɖe Biblia megblɔ na mí be “míatsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe agbemenyawo me” oa? (Filipitɔwo 2:4, New Century Version) Esia mefia be míado gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me o. (Petro I, 4:15) Ke boŋ nyatakaka veviwo, abe ame kae le srɔ̃ ɖem, ame kae dzi vi, kple ame kae hiã na kpekpeɖeŋu ene, va sua mía si to dzeɖoɖo tso amewo ŋu me. Le nyateƒe me la, míate ŋu atsɔ ɖe le eme na ame bubuwo ne míeɖoa dze tso wo ŋu gbeɖe o.

Ke hã, dzeɖoɖo tso amewo ŋu dzro ko ate ŋu ava zu amenyagbɔgblɔ gbegblẽ. Woate ŋu atro gbo ame aɖe ƒe nukpɔsusu dzro si wòɖe gblɔ be, “Kofi kple Ama ate ŋu anye srɔ̃tɔ nyui aɖewo ŋutɔ,” agblɔ be, “Kofi kple Ama le srɔ̃ɖeŋugbedodo me”—togbɔ be Kofi kple Ama ŋutɔ menya naneke tso wo dome lɔlɔ̃ si ŋu nya gblɔm amewo le la ŋuti o hã. Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Nya ma medze vɔ̃ o ɖe,’—gake ne wòe nye Kofi alo Ama la, ave wò godoo!

Wogblɔ nya ma tɔgbi ɖe Julie, si xɔ ƒe 18 la ŋu kpɔ, eye ete ɖe edzi ŋutɔ. Egblɔ be: “Dzi kum vevie, eye esia na nyemegakana ɖe ame dzi tututu o.” Jane, si xɔ ƒe 19, si hã to nɔnɔme ma tɔgbi me la gblɔ be: “Meva nɔ asa ƒom na ŋutsuvi si wogblɔ be mele gbe ɖom ɖi kpli la. Enye nu si mesɔ kura o, elabena xɔlɔ̃wo míenye, eye meva susu me nam kpɔ be dzeɖoɖo kplii ana amewo nagblɔ nya mawo ɖe mía ŋu o.”

Nyateƒee, amenyagbɔgblɔ vɔ̃ gblẽa nu le ame ŋu ŋutɔ. Ke hã, ame siwo ŋu amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi de abii la dometɔ geɖe alɔ̃ ɖe edzi be yewohã yewogblɔ amenya kpɔ. Nya lae nye be ne amewo le ame aɖe ŋu nya si mesɔ o gblɔm la, edzroa ame vevie be ye hã yeade nu eme. Nu ka tae? Phillip, si xɔ ƒe 18, gblɔ be: “Enye amewo ƒe susu ɖeɖe ɖa le ame ɖokui dzi. Amewo dina be yewoahe susu yi ame bubuwo ƒe kuxiwo dzi wu yewo ŋutɔwo tɔwo.” Ekema ne dze gbɔlo si ɖom miele va zu amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi ɖe, nu kae nàte ŋu awɔ?

Trɔ Mɔ Na Dzeɖoɖoa Aɖaŋutɔe!

Bu aɖaŋu si gbegbe ahiã ne èle ʋu kum le mɔdodo gã si dzi ʋuwo sɔ gbɔ ɖo dzi la ŋu kpɔ. Nɔnɔme aɖe ate ŋu ado mo ɖa kpata si abia be nàde axa na afɔku aɖe, be nàku ʋua blewu, alo be nàtɔ enumake. Ne ètsɔ ɖe le wò dedienɔnɔ me hele ŋudzɔ la, àte ŋu ade dzesi nɔnɔmea kaba ahawɔ nu enumeke.

Nenema kee wòle le dzeɖoɖo hã gome. Zi geɖe la, àte ŋu ade dzesii ne dzeɖoɖo va le ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi zum. Ne edzɔ alea la, ɖe nàte ŋu ade axa nɛa? Ne mèwɔe o la, nenɔ nyanya na wò nyuie be amenyagbɔgblɔ ate ŋu agblẽ nu geɖe. Mike gblɔ be: “Megblɔ tso nyɔnuvi aɖe ŋu ŋumaɖɔɖotɔe be edea ŋutsuviwo ƒe ha akpa, eye nya sia ɖaɖo to me nɛ. Nyemaŋlɔ gbe si wòtsɔ ƒo nu nam kple ale si dzi kui esime wòva biam nya tso nya si megblɔ tso eŋu nuŋumabumaŋutɔe ŋu la be kpɔ gbeɖe o. Míedzra mía nɔewo dome ɖo, gake nyanya be nye nyagbɔgblɔ do dziku na ame aɖe nenema gbegbe te ɖe dzinye ŋutɔ!”

Le nyateƒe me la, ebia dzideƒo be woatrɔ mɔ na dzeɖoɖoa ne eyina amenyagbɔgbɔ gbegblẽ zu ge. Ke hã, ɖeko wòle abe ale si Carolyn, si xɔ ƒe 17, gblɔe ene be: “Ele be nàkpɔ nyuie le nya siwo nègblɔna ŋu. Ne mèka ɖe edzi be nya si yese la nye nyateƒe o la, ate ŋu adzɔ be ànɔ aʋatsonya kakam.”

Be nàte ŋu atrɔ mɔ na dzeɖoɖo be wòagazu amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi o la, wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi:

“Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.” (Lododowo 10:19) Ne èƒoa nu kpoloe la, anɔ bɔbɔe ŋutɔ be nàgblɔ nya aɖe si ava ve wò emegbe. Anyo be amewo nanya wò be mèƒoa nu fũu o, tsɔ wu be nànye nu kpoloe ƒola!

“Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu; ke vɔ̃ɖiwɔwɔ le dodom le ame vɔ̃ɖi nu gbẽgbẽgbẽ.” (Lododowo 15:28) De ŋugble hafi nàƒo nu!

“Amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi.” (Efesotɔwo 4:25) Hafi nàgblɔ nyatakaka aɖe la, ka ɖe edzi be enye nyateƒe.

“Alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ na wo nenema ke.” (Luka 6:31) Hafi nàgblɔ nya si nye nyateƒe gɔ̃ hã tso ame aɖe ŋu la, bia ɖokuiwò be, ‘Ne mele ame ma teƒe ɖe, aleke mase le ɖokuinye me ne wogblɔ ŋunyenya ma, si nye nyateƒe, na ame bubu?

“Minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome.” (Romatɔwo 14:19) Nyatakaka siwo nye nyateƒenyawo gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu ne womenye nya tuameɖowo o.

“Mianɔ anyi kpoo, eye miawɔ mia ŋutɔwo miaƒe dɔ, eye miatsɔ miaƒe asiwo awɔ dɔ.” (Tesalonikatɔwo I, 4:11) Mèganɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me o. Nu nyui bubuwo li siwo ŋu nàzã wò ɣeyiɣiwo ɖo.

Ne Wogblɔ Ŋuwònya

Àlɔ̃ ɖe edzi be ele be ame nakpɔ eƒe aɖe dzi ahaƒo asa na amenyagbɔgblɔ. Gake ne wogblɔ ŋuwònya la, ate ɖe dziwò ŋutɔ. Joanne, si xɔ ƒe 16, si ŋuti wogblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe le la gblɔ be: “Ewɔ nam be nyemagate ŋu adze xɔlɔ̃ gbeɖe o. Zã aɖewo me la, menɔa avifafa dzi va se ɖe esime alɔ̃ nava xɔe le asinye. Ewɔ nam abe ɖe wogblẽ ŋkɔ nyui si le asinye la dome keŋkeŋ ene!”

Ne wogblɔ nya siwo mele eme kura o tso ŋuwò la, nu kae nàte ŋu awɔ?

Kpɔ nu yi ŋgɔ wu nya si wogblɔ. Dze agbagba nàse nu si ʋãa amewo wogblɔa amenya gɔme. Ame aɖewo wɔa esia be yewoƒe ŋkɔ nanyɔ, be amewo nakpɔe be yewo hã yewo nya nane. Karen, si xɔ ƒe 14, la gblɔ be: “Wodi be amewo nakpɔe be, esi yewote ŋu le ame bubuwo ŋu nya gblɔm ta la, efia be yewoƒe mo tso.” Kakaɖedzimanɔamesi ate ŋu ana be sɔhɛ aɖewo naɖi gbɔ ame bubuwo kple susu ko be yewoase le yewo ɖokuiwo me be yewole dedie. Renee, si xɔ ƒe 17 la gana eme kɔ nyuie esi wògblɔ be: “Ame aɖewo menya nu si koŋ woawɔ le agbe me o. Eya ta wosusui be ne yewodo aflui aɖe ɖa si ŋu amewo anɔ nu ƒom le la, ekema agbea avivi geɖe wu.”

Ðu ɖokuiwò dzi. Ne ame si ŋu nya vɔ̃ɖi wogblɔ mete ŋu ɖu eƒe nuteɖeamedzi kple dziku ƒe seselelãmewo dzi o la, ate ŋu awɔ nane si ava vee emegbe. Lododowo 14:17 gblɔ be: “Dɔmedzoetɔ wɔa bometsinu.” Togbɔ be gbɔgblɔ be woaɖu ame ɖokui dzi le bɔbɔe wu ewɔwɔ hã la, ɣeyiɣi sia me tututue wòhiã be nàɖu ɖokuiwò dzi le wu ɖe sia ɖe. Ne èɖu ɖokuiwò dzi la, àƒo asa na mɔ̃ si ɖe ame si gblɔ ŋuwònya vɔ̃a.

De dzesi susu si koŋ ta wogblɔ nyaa ɖo. Bia nya siawo ɖokuiwò: ‘Ðe wogblɔ nya ma tso ŋunye nyateƒea? Aflui ko wònye loo, alo ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi wònyea? Ðe mele nyaa tsɔm vevii akpa?’ Nyateƒee, naneke meli woatsɔ ado taflatse ɖe ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi ta o. Ke hã, nuwɔwɔ wòagbɔ me ana woava bu wò ame vɔ̃e wu nya vɔ̃ɖi si wogblɔ le ŋuwò. Ðe manyo be nàsrɔ̃ nu si Renee wɔ le go sia me oa? Egblɔ be: “Zi geɖe la, etena ɖe dzinye ŋutɔ ne ame aɖe gblɔ nya gbegblẽ aɖe tso ŋunye, gake medzea agbagba be nyemabui nu vevii fũu akpa o. Menyae be kaka kwasiɖaa nawu enu la, woate nu bubu alo ame bubu aɖe ŋu nya gbɔgblɔ.” *

Egbɔkpɔnu Nyuitɔ

Biblia gblɔ be: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.” (Yakobo 3:2) Eya ta anye nu si me nunya mele o be míatsɔ nya ɖe sia ɖe si wogblɔ tso mía ŋu la nya vevii. Nyagblɔla 7:22 gblɔ be: “Ele ŋku dzi na wò be, wò hã èdo ɖiŋu na ame bubuwo zi geɖewo.”

Ne wogblɔ nya vɔ̃ɖi le ŋuwò la, egbɔkpɔnu nyuitɔe nye nɔnɔme nyui siwo nàɖe afia. Yesu gblɔ be: ‘Nunya ƒe dɔwɔwɔ tsoa afia nɛ.’ (Mateo 11:19) Eya ta dze agbagba nàɖe lɔlɔ̃ afia ahawɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Ale si esia wɔwɔ ate ŋu atsi amenyagbɔgblɔa nu kaba—alo akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe enu ya teti—la awɔ nuku na wò ŋutɔ.—g8/07.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Aleke nàwɔ aƒo asa na ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖiwo?

▪ Aleke nàwɔ nui ne ame aɖe gblɔ ŋuwònya vɔ̃ɖi?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo le nyati sia me.

^ mm. 33 Le go aɖewo me la, ɖewohĩ nunya anɔ eme be nàte ɖe ame si gblɔ ŋuwònyaa ŋu le tufafa me ahadzro nu me kplii. Gake le go geɖe me la, esia mehiã kura o, elabena “lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.”—Petro I, 4:8.