Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

AME KAE GBLƆE?

Te fli tso nyagbɔgblɔ ɖe sia ɖe gbɔ yi ame si gblɔe gbɔ.

Mose

Petro

Yohanes

Adam

1. “Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!”

2. “Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me.”

3. ‘Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem ene.’

4. “Wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.”

Hena Numedzodzro: Nu ɖedzesi bubu kae nèganya tso ame siawo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ ɖe sia ɖe ŋu?

ƔEKAƔIE WÒDZƆ?

Ŋlɔ ame siwo ŋlɔ Biblia gbalẽ si(wo) le ete la ŋkɔ ɖe wo tame, eye nàte fli tso ɖe sia ɖe gbɔ yi ɖe ƒe si me lɔƒo wowu eŋɔŋlɔ nu gbɔ.

Ƒe 1450 D.M.Ŋ. Ƒe 844 D.M.Ŋ. Ƒe 536 D.M.Ŋ. Ƒe 56 M.Ŋ. Ƒe 61 M.Ŋ.

5 Daniel

6 Yona

7 Hebritɔwo

AME KAE MENYE?

8. Nukunu aɖe na nye klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.

AME KAE MENYE?

9. Mesi dzo le nye aƒetɔ gbɔ gake metrɔ gbɔ esime meva zu Kristotɔ.

TSO TATA SIA ME

Ðo biabia siawo ŋu, eye nàŋlɔ mawunyakpukpuia ƒe akpa si(wo) susɔ.

Axa 6 Nu kae dzila siwo lɔ̃a wo viwo awɔ? (Lododowo 13:․․․)

Axa 12 Nu kae wòle be nàwɔ atsɔ aƒo asa na amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi? (Tesalonikatɔwo I, 4:․․․)

Axa 22 Nu kae na ku kpɔ ŋusẽ ɖe amewo katã dzi? (Romatɔwo 5:․․․)

Axa 30 Nu ka tae wònyo be míalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi? (Lododowo 17:․․․)

Ŋuɖoɖoawo

1. Yohanes.—Yohanes I, 5:21.

2. Adam.—Mose I, 2:23.

3. Petro.—Petro I, 5:8.

4. Mose.—Psalmo 90:2.

5. Daniel, 536 D.M.Ŋ.

6. Yona, 844 D.M.Ŋ.

7. Paulo, 61 M.Ŋ.

8. Belsazar.—Daniel 5:1, 5, 6.

9. Onesimo.—Filemon 10-16.