Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Di Aɖaŋuɖoɖo Nyui

Di Aɖaŋuɖoɖo Nyui

Afɔɖeɖe 1

Di Aɖaŋuɖoɖo Nyui

Nu ka ta wòle be nàɖe afɔ sia? Ne dzilawo kɔ woƒe vidzĩ ɖe akɔnu zi gbãtɔ la, seselelãme siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋue wosena le wo ɖokui me. Brett, vifofo aɖe si le Britain, gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe eye nye nu ku. Ke hã, mekpɔe be agba gã aɖee ma dze ŋgɔm, eye mese le ɖokuinye me be nyemele klalo na etsɔtsɔ o.” Monica, vidada aɖe si le Argentina, hã gblɔ be: “Metsi dzi le ɖokuinye me nenye be mesu te ate ŋu akpɔ vinye nyɔnuvia ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Mebia ɖokuinye be, ‘Ðe mate ŋu ana hehee be wòava zu ame ɖɔʋua?’”

Ne dzilae nènye la, ɖe èto dzidzɔ kple dzimaɖitsitsi ƒe nɔnɔme ma me kpɔa? Nyateƒee, vihehe nye dɔ siwo sesẽ, evɔ wodoa dzidzɔ na ame, kple dɔ siwo nana ame tsia dzodzodzoe, evɔ woɖea vi geɖe, siwo ame ate ŋu awɔ la, dometɔ ɖeka. Vifofo aɖe gblɔ be, “mɔnukpɔkpɔ ɖeka koe su asiwò be nàhe viwòa wòadzɔ ame.” Ne èbu akpa vevi si dzilawo wɔna le wo viwo ƒe lãmesẽ kple dzidzɔkpɔkpɔ me ŋuti la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be ehiã vevie be yeaxɔ vihehe ŋuti ɖaŋuɖoɖo si dzi nàte ŋu aka ɖo bene yeanye dzila nyuitɔ.

Nu si ta wòsesẽna: Ame sia ame kloe ɖoa aɖaŋu le vihehe ŋuti. Le blema la, dzila yeyewo xɔa aɖaŋuɖoɖo tso wo dzilawo gbɔ, alo wɔna ɖe woƒe dzixɔsewo ƒe mɔfiafiawo dzi. Gake le dukɔ geɖe me la, ƒomekadodowo me le gbɔdzɔgbɔdzɔm eye subɔsubɔnyawo megakpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi abe tsã ene o. Esia wɔe be dzila geɖewo va le tɔtrɔm ɖe viheheŋutiɖaŋuɖolawo ŋu hena mɔfiame. Nya siwo aɖaŋuɖola siawo gblɔna la dometɔ aɖewo nɔa te ɖe gɔmeɖose nyuiwo dzi. Gake zi geɖe la, woƒe aɖaŋuɖoɖoawo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu, eye mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi womegawɔa dɔ o.

Egbɔkpɔnu: Di aɖaŋuɖoɖo tso Ame si nya ale si woahe ɖeviwoe wu ame ɖe sia ɖe, si nye amegbetɔwo Wɔla, Yehowa Mawu, gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 17:26-28) Aɖaŋuɖoɖo siwo le tẽe kple wo ŋu dɔ wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu geɖe le eƒe Nya, Biblia la me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàzu dzila nyui. Edo ŋugbe be: “Maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”—Psalmo 32:8.

Aɖaŋu kae Mawu ɖo na dzilawo, siwo ate nu akpe ɖe wo ŋu woahe wo viwo woanye dzidzɔmewo?—g8/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.”—Lododowo 3:5