Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia Nu To Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Me

Fia Nu To Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Me

Afɔɖeɖe 7

Fia Nu To Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Me

Nu ka ta wòle be nàɖe afɔ sia? Ðeviwo srɔ̃a míaƒe nuwɔnawo. Nyatakakawo koe míaƒe nyagbɔgblɔwo ya nyena. Ne dzilawo gblɔna na wo viwo be woabu ame ahato nyateƒe ɣesiaɣi, evɔ woawo ŋutɔwo nɔa ɣli dom ɖe wo nɔewo alo wo viwo ta, eye wokaa aʋatso tsɔ ɖea wo ɖokuiwo nu la, wole wo viwo fiam be nenemae wòle be ame tsitsiwo ya nawɔ nui. Le agbalẽŋlɔla Aƒetɔ Sal Severe ƒe nya nu la, ŋkuléle ɖe dzilawo ƒe nuwɔnawo ŋue nye “mɔ vevitɔ kekeake si dzi ɖeviwo tona srɔ̃a ale si woawɔ nui.”

Nu si ta wòsesẽna: Dzilawo mede blibo o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Nusrɔ̃la Yakobo hã ŋlɔ tso míaƒe aɖe dzi kpɔkpɔ ŋu be: “Aɖe la ame aɖeke mate ŋu amlãe o.” (Yakobo 3:8) Eye edzɔna zi geɖe hã be ɖeviwo te ŋu ɖonɛ koŋ doa dziku na wo dzilawo. Vi eve fofo, Larry, si nye ame fatu kple ɖokuidziɖula, gblɔ be: “Ale si vinyewo te ŋu nana medoa dziku bɔbɔe la wɔa nuku nam ŋutɔ.”

Egbɔkpɔnu: Dze agbagba nàɖo kpɔɖeŋu nyui ɣesiaɣi, togbɔ be mède blibo o hã. Eye ɣesiaɣi si nèwɔ nane si mesɔ o la, wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ fia nu nyui aɖe viwòwo. Chris, si si vi eve le, gblɔ be: “Ne nyemete ŋu lé nye dziku nu o, alo ne mewɔ nyametsotso gbegblẽ aɖe si mede wo dzi o la, melɔ̃na ɖe nye vodadaa dzi heɖea kuku. Esia na vinyewo nyae be dzilawo hã wɔa vodada eye be ele be mí katã míanɔ agbagba dzem be míaƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi.” Kostas, si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la, gblɔ be: “Mekpɔe dze sii be esi meɖea kuku ne edzɔ be nyemete ŋu lé nye dziku nu o ta la, vinyenyɔnuviawo ɖea kuku ne woda vo.”

Yehowa Mawu gblɔ be: “Migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Ne ame aɖe si le ŋgɔ xɔm gblɔa nya aɖe, evɔ ye ŋutɔ mewɔna ɖe edzi o la, esia kua dzi na ɖeviwo ŋutɔ, ɖewohĩ ekua dzi na wo wu ame tsitsiwo gɔ̃ hã. Eya ta anyo be nàbia ɖokuiwò le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu be: Ne nyemeke nye nu fia naneke vinyewo le ŋkeke bliboa me o ɖe, nu kae woasrɔ̃ tso nye nuwɔnawo me egbea? Nu mawo kee mefiana wo to nuƒoƒo na wo mea?—g8/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa?”—Romatɔwo 2:21

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Ne dzila aɖe ɖea kuku faa la, via hã srɔ̃a ale si wòaɖe kuku