Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mizu ame dakpewo!”

“Mizu ame dakpewo!”

“Mizu ame dakpewo!”

▪ Biblia de dzi ƒo na Mawu ƒe tadeagulawo zi geɖe be woanye akpedalawo. Psalmo 92:2 gblɔ be: “Enyo be, woada akpe na Yehowa.” Apostolo Paulo hã xlɔ̃ nu be: “Mizu ame dakpewo!”—Kolosetɔwo 3:15.

Susu nyui geɖewo li siwo ta wòle be míanye akpedalawo ɖo. Nufialagã Robert Emmons, si le California Yunivɛsiti, le Davis, gblɔ be: “Numekuku le akpedada ŋu le eɖem le fiafiam be, didi be woada akpe nye ameʋãŋusẽ nyui aɖe si kpena ɖe amewo ŋu le akɔkpekpe kple gbe sia gbe kuxiwo me, vevietɔ le nuteɖeamedzi gome, henana hã be ame kpɔa asixɔxɔ si le eya ŋutɔ ŋu la dzea sii.”

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Time hã de dzesi nu bubu, be: “Ŋusẽ geɖe wu nɔa ame siwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana . . . la ŋu, eye wokpɔa dzidzɔ wu, nu metena ɖe wo dzi fũu o, eye blanuiléledɔ meɖea fu na wo abe ame bubuwo ene o.”

Gake nublanuitɔe la, Biblia gblɔ ɖi be le “ŋkeke mamlɛawo me la,” ame geɖewo aɖee afia be yewonye “ɖokuilɔ̃lawo” kple “ame madakpewo.” (Timoteo II, 3:1-5) Aleke Kristotɔ vavãwo awɔ be woawo ya nagaɖe nɔnɔme siawo afia o? Biblia la Ŋlɔla gblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la.” (Yesaya 48:17) To Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ me la, míeƒoa asa na fukpekpe siwo vaa ame siwo nɔa ɖokuitɔdidi ƒe agbe dzi la. Hekpe ɖe eŋu la, míeka ɖe edzi be Yehowa kpɔa míaƒe agbagbadzedzewo, eye àɖo wo teƒe na mí ale si dze. (Hebritɔwo 6:10) Viɖe mawo ʋãa mí be ‘míada akpe na Yehowa.’—Psalmo 107:8.—g10/07.