Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Ðoɖo Nanɔ Nu Sia Nu Ŋu Eye Mialé Wo Me Ðe Asi

Na Ðoɖo Nanɔ Nu Sia Nu Ŋu Eye Mialé Wo Me Ðe Asi

Afɔɖeɖe 5

Na Ðoɖo Nanɔ Nu Sia Nu Ŋu Eye Mialé Wo Me Ðe Asi

Nu ka ta wòle be nàɖe afɔ sia? Ðoɖo hiã le ame tsitsiwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa gãtɔ me. Woɖoa ɣeyiɣi ɖi na dɔwɔwɔ, tadedeagu, kple modzakaɖeɖe. Ne dzilawo mefia ɣeyiɣizazã nyuie kple ɖoɖowɔwɔ ɖe nuwo ŋu wo viwo o la, egblẽa nu le ɖeviawo ŋu. Susuŋutinunyalagã, Laurence Steinberg, gblɔ be: “Numekukuwo ɖee fia be ne ɖoɖowɔɖi le ɖeviwo si la, enana wosena le wo ɖokui me be yewole dedie eye wosrɔ̃a ɖokuidziɖuɖu kple kakaɖedzinɔamesi.”

Nu si ta wòsesẽna: Vovo mele ame aɖeke ŋu o. Dzila geɖewo wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe, eya ta ate ŋu anɔ eme be womevona nɔa anyi ɖekae kple wo viwo edziedzi o. Ebia ameɖokuimamla be woawɔ ɖoɖo ahanɔ zɔzɔm ɖe edzi, eye kpekpe ɖe ɖeviwo ŋu be woazɔ ɖe ɖoɖowɔɖi dzi le gɔmedzedzea me hã mele bɔbɔe o.

Egbɔkpɔnu: Wɔ Biblia ƒe gɔmeɖose si nye, “Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe” la ŋu dɔ. (Korintotɔwo I, 14:40) Ne ɖeviawo le sue la, dzila geɖe ɖoa anyimlɔɣi na wo, eye wokpɔa egbɔ be womedana le edzi o. Ke hã, ele be woana anyimlɔɣi navivi wo nu. Tatiana, si le Greece, eye vinyɔnuvi eve le esi la gblɔ be: “Ne ɖeviawo mlɔ anyi la, menɔa asi lim wo ŋu hegblɔa nu siwo mewɔ esime woyi suku na wo. Emegbe mebiaa wo ne woadi be yewoagblɔ nu siwo yewowɔ le ŋkekea me la dometɔ aɖewo nam hã. Zi geɖe la, woɖea dzi ɖi bɔkɔɔ gblɔa woƒe dzimenyawo nam.”

Tatiana srɔ̃, Kostas, xlẽa ŋutinyawo na ɖeviawo. Egblɔ be: “Ðeviawo gblɔa woƒe nukpɔsusu le ŋutinyaawo ŋu, eye zi geɖe la, míaƒe dzeɖoɖoa trɔna va kuna ɖe nu siwo le fu ɖem na wo ŋu. Gake ɣesiaɣi si mebia wo ko be woagblɔ nu siwo le fu ɖem na wo nam la, menɔa bɔbɔe be woagblɔ woƒe dzimenyawo nam o.” Anyo be ne ɖeviawo le tsitsim la, nàgbugbɔ ŋku alé ɖe woƒe anyimlɔɣi ŋu. Ðoɖo sia me léle ɖe asi ate ŋu ana be ɖeviawo nanɔ dze ɖom kpli wò le anyimlɔɣi.

Gakpe ɖe eŋu la, anyo be wòazu numame be ƒomea naɖu nu zi ɖeka ya teti ɖekae le ŋkekea me. Hafi ɖoɖo sia nate ŋu ali ke la, anyo be, ne ehiã la, mianɔ asi trɔm le nuɖuɣia ŋu. Charles, si si vinyɔnuvi eve le, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nyemegbɔna tso dɔme kaba o. Srɔ̃nye dia numeɖenu aɖe na ɖeviawo, si kpena ɖe wo ŋu wolalana va se ɖe esime ƒome bliboa naɖu nu ɖekae. Le nua ɖuɣi la, míeɖoa dze tso ŋkekea me dɔwo ŋu, míedzroa mawunyakpukpui aɖe me, míeɖoa dze tso kuxiwo ŋu, hekpɔa dzidzɔ ɖekae. Ðoɖo sia me léle ɖe asi na míaƒe ƒomea kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.”

Be afɔɖeɖe sia nali ke nyuie la, mele be nàɖe mɔ ŋutilãmenuwo yome titi nava vu tsyɔ ƒomea ƒe ɖoɖowo dzi o. Wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye, “miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie” la dzi.—Filipitɔwo 1:10, NW.

Nu kawoe dzilawo agate ŋu awɔ be woa kple wo viwo dome dzeɖoɖo nanyo ɖe edzi?—g8/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

“Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”

Korintotɔwo I, 14:40