Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Wò Ƒomea Nanye Dedienɔƒe

Na Wò Ƒomea Nanye Dedienɔƒe

Na Wò Ƒomea Nanye Dedienɔƒe

“AMESIWO melɔ̃a ame ƒe nya o.” Nya wɔnublui siawoe Biblia tsɔ ɖɔ ame siwo anɔ agbe le míaƒe ɣeyiɣia, si woyɔ be “ŋkeke mamlɛawo,” me la dometɔ geɖe. (Timoteo II, 3:1, 3, 4) Ale si wòva bɔ be wowɔa gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu le ƒomea me la ɖo kpe nyagblɔɖi sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, Helagbe me nya aʹstor·gos, si gɔme woɖe be “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o,” la fia lɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ ƒometɔwo dome, vevietɔ le dzilawo kple wo viwo dome, la ƒe anyimanɔmanɔ. * Eye zi geɖe la, esia gbɔe gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu tsona.

Numekula aɖewo gblɔ be ame siwo wɔa gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu zi geɖe wue nye wo fofo alo woƒe atikɔmefofo. Ƒomea me tɔ ŋutsu bubuwo hã te ŋu wɔa nu siawo zi geɖe. Togbɔ be nyɔnuviwo dzie nu sia dzɔna ɖo wu hã la, edzɔna ɖe ŋutsuvi geɖewo hã dzi. Ðewohĩ nyɔnu siwo dina be yewoawɔ gbɔdɔnuwo ɖe ŋutsuviwo ŋu la bɔ wu ale si nàsusui. Ðewohĩ gbɔdɔnuwɔna siwo ŋu nya míesena ale o lae nye esiwo yia edzi le ɖeviwo dome le ƒomea me, esi me ɖevi tsitsitɔ azi ɖevitɔ dzi alo able enu awɔ gbɔdɔnuwo ɖe eŋu. Abe dzila ene la, ɖikeke mele eme o be nuwɔna siawo anyɔ ŋu na wò.

Nu kae nàte ŋu awɔ be kuxi sia nagado mo ɖa le wò ƒomea me o? Edze ƒãa be ele be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ gɔmeɖose siwo ana woaƒo asa na gbɔdɔnuwɔna masɔmasɔwo ahade asixɔxɔ gɔmeɖose siawo ŋu. Mawu ƒe Nya, Biblia la, ye nye teƒe nyuitɔ kekeake si nàte ŋu ake ɖe aɖaŋuɖoɖo mawo ƒomevi ŋu le.

Nu Si Mawu Ƒe Nya Gblɔ Tso Ƒomekadodowo Ŋu

Be ƒome ɖe sia ɖe nanɔ dedie la, ehiã be ƒomea me tɔwo katã nawɔ ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo dzi. Womebu numedzodzro tso gbɔdɔnyawo ŋu le Biblia me be enye ŋukpenanu o. Ke boŋ, wode asixɔxɔ eŋu, eye wogblɔa ale si nyaa le la tẽe. Biblia ɖee fia be ɖe Mawu ɖoe be ŋutsu kple srɔ̃a nakpɔ dzidzɔ le gbɔdɔdɔ me. (Lododowo 5:15-20) Gake ede se ɖe gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ srɔ̃maɖemaɖee ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ ŋu. Ede se ɖe ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ ƒomevi vovovowo nu le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe ta 18 lia me. De ŋugble tso seawo dometɔ si gbɔna ŋu nyuie: “Ame aɖeke megamlɔ eƒe ƒometɔ kekeake gbɔ ade asi eŋu [alo adɔ kplii] o. Nyee nye Yehowa.”—Mose III, 18:6.

Yehowa yɔ ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ de “ŋunyɔnu” siwo wɔwɔ dze na ku la dome. (Mose III, 18:26, 29) Edze ƒãa be Wɔla la ɖo agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo ɖi le go sia me. Egbea hã la, dziɖuɖu geɖewo ɖo dzidzenu mawo tɔgbi ɖi hede se ɖe gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu le ƒomea me nu. Zi geɖe la, setɔwo tsɔa nya ɖe ame tsitsi si dɔ ɖevi aɖe gbɔ la ŋu be edɔ egbɔ akpasesẽe. Nu ka tae wozã nya ma gbegbe, togbɔ be mewɔ akpasesẽnu kple ɖevia ŋutɔŋutɔ o hã?

Dziɖuɖumegã geɖewo va le nya si Biblia gblɔ tso ɖeviwo ŋu la ƒe nyateƒenyenye kpɔm dze sii—be womete ŋu bua nu ŋu abe ame tsitsiwo ene o. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 22:15 gblɔ be: “Bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu.” Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo hã wòŋlɔ bena: “Esime menye vi la, . . . mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.”—Korintotɔwo I, 13:11.

Ðevi mate ŋu ase nu siwo gbegbe gbɔdɔnuwɔnawo lɔ ɖe eme la gɔme keŋkeŋ o, eye mate ŋu anya nu gbegblẽ siwo ado tso eme le ƒe aɖewo megbe la hã o. Eya ta ame geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be gɔmesese aɖeke mele eŋu be woagblɔ be ɖevia ŋutɔe lɔ̃ wodɔ egbɔ o. Ne míagblɔe bubui la, ne ame tsitsi aɖe (alo sɔhɛ aɖe si tsi wu ɖevia boo) dɔ kple ɖevi aɖe la, ame sia tɔgbi mate ŋu aɖe eɖokui nu be ɖeviae megbe o alo be eya ŋutɔe bia o. Ame sia tɔgbi ɖi amegbɔdɔdɔ akpasesẽe ƒe fɔ. Esia nye ŋutasẽnuwɔna si ta woléa ame dea ga zi geɖe ɖo. Fɔɖiɖia le ame si dɔ ɖevia gbɔ sesẽe la dzi, ke menye ɖevia o.

Gake nublanuitɔe la, dziɖuɖuwo mehea to na ŋutasẽnu sia wɔlawo dometɔ akpa gãtɔ egbea o. Le Australia la, wobu akɔnta be ame siawo dometɔ 10 le alafa me koe wokplɔna yia ʋɔnui, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe woléna dea ga. Nenema kee wòle le dukɔ bubuwo hã me. Togbɔ be nu ʋɛ aɖewo koe dziɖuɖua ate ŋu awɔ le Kristotɔwo ƒe ƒomewo ta kpɔkpɔ me hã la, wɔwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ya akpɔ wo ta geɖe ŋutɔ.

Kristotɔ vavãwo nyae be Mawu si na woŋlɔ gɔmeɖose mawo ɖe eƒe Nyaa me la metrɔ o. Ekpɔa nu sia nu si míewɔna, esiwo míewɔna le ɣaɣlaƒe le amegbetɔwo ƒe manyamanya me gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be: “Woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!”—Hebritɔwo 4:13.

Mawu abia akɔnta tso mía si ne míeda eƒe sewo dzi hegblẽ nu le ame bubuwo ŋu. Gake ayra mí ne míewɔ ɖe eƒe se dzɔdzɔe siwo ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu la dzi. Se siawo dometɔ aɖewo ɖe?

Ƒome Si Lɔlɔ̃ Bla Ðekae

Biblia gblɔ be: ‘Lɔlɔ̃, nye blibonyenye ƒe nublanu.’ (Kolosetɔwo 3:14) Biblia ɖee fia be menye seselelãme dzro aɖe koe lɔlɔ̃ nye o. Lɔlɔ̃ ɖea dzesi le nu si wòʋãa ame wowɔna me—nu si wònana wowɔna kple nu si wònana woƒoa asa na. (Korintotɔwo I, 13:4-8) Lɔlɔ̃ɖeɖefia le ƒomea me bia be woade asixɔxɔ ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ŋu, ade bubu eŋu ahawɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe. Efia be míabu ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe abe ale si Mawu bunɛ ene. Mawu na ɖoƒe vevi aɖe si ŋu bubu le la ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe.

Vifofoa si nye ƒomea ƒe tae wòle be wòaxɔ ŋgɔ le lɔlɔ̃ɖeɖefia me. Enyae be womeɖe mɔ na Kristotɔ si nye vifofo be wòanye akpasesẽnuwɔla, si anɔ eƒe ŋusẽa zãm ɖe mɔ gbegblẽ nu ɖe srɔ̃a kple viawo ŋu o. Ke boŋ esrɔ̃a Kristo le eƒe tanyenyea ŋu dɔ wɔwɔ me. (Efesotɔwo 5:23, 25) Ewɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu le tufafa kple lɔlɔ̃ me, eye wògbɔa dzi ɖi le nu wɔwɔ kple viawo me. Ewɔa nu sia nu si wòate ŋui tsɔ kpɔa wo ta be naneke nagagblẽ woƒe ŋutifafa, dziɖeɖi, alo woƒe kakaɖedzi kple dedienɔnɔ me o.

Nenema kee, srɔ̃nyɔnua si nye vidadaa hã wɔa akpa vevi aɖe si ŋu bubu le. Biblia zãa ale si lãnɔwo kpɔa wo viwo ta beléletɔe tsɔ wɔa ale si Yehowa kple Yesu kpɔa ame tae ƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 23:37) Nenema kee wòle be vidada hã nawɔ nu sia nu si woate ŋui atsɔ akpɔ viawo tae. Lɔlɔ̃tɔe la, enɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi tsɔa viawo ƒe dedienɔnɔ kple nyonyo ɖoa ŋgɔ na ye ŋutɔ tɔ. Dzilawo meɖea mɔ ŋusẽzazã le mɔ gbegblẽ nu, tamesesẽ le ame ŋu, alo ŋɔdzidodo na ame kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu dzi loo, alo ɖe ɖeviawo ŋu dzi o; eye womeɖea mɔ hã be ɖeviawo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le mɔ mawo nu o.

Ne ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe dea asixɔxɔ nɔvia ŋu hewɔa nu ɖe eŋu bubutɔe la, dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nɔa wo dome. Agbalẽŋlɔla William Prendergast, gblɔ be: “Ele be dzeɖoɖo nyui si anɔ edzi yim ɖaa la nanɔ dzilawo katã kple wo vi suewo kpakple esiwo le woƒe ƒewuiwo me la dome gbe sia gbe.” Egblɔ kpee be: “Edze abe esiae nye gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ ɖe ame ŋu ƒe kuxia gbɔ kpɔnu nyuitɔ kekeake ene.” Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na dzilawo nenema ke be woayi edzi anɔ dze ɖom kple wo viwo lɔlɔ̃tɔe ɣesiaɣi. (Mose V, 6:6, 7) Ne wowɔ ɖe mɔfiame ma dzi la, aƒea me anye teƒe si ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu agblɔ eƒe dzimenyawo le faa le dziɖeɖi me.

Nyateƒee, xexe vɔ̃ɖi mee míele, eye míate ŋu axe mɔ ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe ame ŋu ƒomevi ɖe sia ɖe nu o. Togbɔ be ele alea hã la, ƒome si me dedienɔnɔ le ate ŋu ana nuwo naka ɖe eme. Ne wowɔ nu vevi ƒomea me tɔ aɖe le gbɔdome la, enyae be ƒomea me tɔwo afa akɔ na ye ahase veve ɖe ye nu. Ƒome sia tɔgbi nye sitsoƒe kple dedienɔƒe vavã le xexe vɔ̃ɖi sia me. Mawu nayra ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeana yeƒe ƒomea nanɔ nenema la dzi!—g10/07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Woɖe Helagbe me nya sia gɔme be: “Vevemasemase ɖe ƒometɔwo nu.” Ale wɔ Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ɖe kpukpui sia me be: “Womaɖe . . . lɔlɔ̃ afia woƒe ƒometɔwo o.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

NU VEVI SIWO ANA ƑOMEA NANƆ DEDIE

Internet: Ne viwòwo zãa Internet la, wohiã mɔfiame siwo akpe ɖe wo ŋu be ezazã magakplɔ wo ade afɔku me o. Amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe nyatakakadiƒe gbogbo aɖewo kple Internet dzi dzeɖoɖomɔnu kpakple kadodomɔnu bubuwo li siwo ɖevi gbɔ dɔlawo hã zãna tsɔ blea wo. Nunya anɔ eme be woada kɔmpiuta la ɖe gaglãgbe, bena wòanɔ bɔbɔe na dzilawo be woanɔ ŋku lém ɖe nu si wɔm ɖeviawo le ŋu. Mele be ɖeviawo nana nyatakaka ku ɖe wo ɖokuiwo ŋu ame aɖeke alo awɔ ɖoɖo be yewoaɖakpe kple ame aɖe si woɖo dze kpli to Internet dzi la le wo dzilawo ƒe manyamanya me gbeɖe o.—Psalmo 26:4.

Aha Muamewo: Zi geɖe la, aha muamewo wɔa akpa vevi aɖe le gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu me. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ahanono fũu nana ame tsitsiwo megate ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, si nana be wo dometɔ geɖewo ɖia kɔ na dzodzro siwo dzi woate ŋu aɖu hafi la. Esia gaɖo kpe susu si tae wòle be míawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míatsri ahamumu kple aha tsu nono dzi la dzi.—Lododowo 20:1; 23:20, 31-33; Petro I, 4:3.

Tsri Dodo Ðe Ame Dzi Le Vo Me: Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Le Dada ƒe ku megbe la, fofonye ƒe xɔ me koe fesrenuvɔ nɔ eye eya ɖeɖe ko ƒe xɔdɔme nue ʋɔtru nɔ. Ðeko wògena ɖe mía dzi le xɔ me ko—le tsileƒe gɔ̃ hã.” Ŋutsu sia wɔ gbɔdɔnuwo ɖe vianyɔnuwo katã ŋu. Ele be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nanyae be mesɔ be woage ɖe ame dzi le vo me o. Abe ale si ko dzilawo madi be yewo viwo nage ɖe yewo dzi ʋɔmaƒomaƒoe o ene la, nenema kee wòle be woawɔ na wo viwo ne wole tsitsim. Dzila ɖɔʋuwo wɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu abe ale si ko wodina be woawɔe ɖe yewo ŋui ene.—Mateo 7:12.