Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Dzɔna Le Ku Me?

Nu Kae Dzɔna Le Ku Me?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nu Kae Dzɔna Le Ku Me?

MENYE ɖe Mawu wɔ amegbetɔwo be woaku hafi o. (Romatɔwo 8:20, 21) Le nyateƒe me la, esime Yehowa ƒo nu tso ku ŋu na Adam zi gbãtɔ la, megblɔ be enye nu si woanɔ mɔ kpɔm na godoo o, ke boŋ be anye tomaɖomaɖo Mawu ŋuti tohehe. (Mose I, 2:17) Esi wònye be Adam kpɔ ale si lãwo kunae ta la, ese nu si ku nye la gɔme.

Adam wɔ nu vɔ̃ eye wòkpɔ emetsonua esime wòku le eƒe ƒe 930 xɔxɔ me. (Mose I, 5:5; Romatɔwo 6:23) Esi wonyae ɖa le Mawu ƒe ƒomea me le tomaɖomaɖo ta ta la, womegabui be enye Mawu ƒe vi o. (Mose V, 32:5) Biblia gblɔ nu wɔnublanui si ava do tso eme na ameƒomea be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 5:12.

Nu Kae Dzɔna Ðe Míaƒe Tamebubu Ŋutete Dzi?

Biblia gblɔ hã be: “Nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemɛawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye. Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.” (Nyagblɔla 3:19, 20) Nu kae wòfia be woagazu anyi?

Nyagbɔgblɔ ‘anyi woagazu’ na míeɖo ŋku nya si Mawu gblɔ na mía dzila gbãtɔwo la dzi be: “Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Esia fia be ŋutilãmenuwɔwɔwoe amegbetɔwo nye abe lãwo ke ene. Menye gbɔgbɔe míenye nɔa ŋutilãa me o. Ne míaƒe ŋutilã nya ku ko la, míaƒe tamebubu ŋutete hã nu yina. Biblia gblɔ tso ame si ku la ŋu be: “Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe [tamesusuwo] nu yina.”—Psalmo 146:4.

Ne nenemae la, ke nɔnɔme ka mee ame kukuwo le? Mawu ƒe Nya na ŋuɖoɖo si me kɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Ku menye xɔlɔ̃ si doa dzaa na ame yi ɖe agbe si nyo wu me o, ke boŋ Biblia yɔe be “futɔ mamletɔ,” le esi wònana míegate ŋu wɔa naneke o ta. (Korintotɔwo I, 15:26; Nyagblɔla 9:10) Ðe esia fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali ku ɖe ame kukuwo ŋu oa?

Ku Ŋuti Nya Nyui Aɖe

Ame miliɔn geɖe bua ku be enye alɔ̃dɔdɔ si me ame siwo ku ava nyɔ tso. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gbe ɖeka tso wo xɔlɔ̃ aɖe si ku ŋu be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm; gake la meyina, bena maɖanyɔe atso alɔ̃ me.” Esime Yesu le mɔ dzi yina ɖe yɔdoa to la, ekpɔ ameha aɖe wonɔ nu xam. Esi wòva ɖo la, ena wokɔ kpe si wotsɔ xe yɔdoa nu la ɖa, eye wòdo ɣli gblɔ bena: “Lazaro lee, do go!” Ame ma si ku hena ŋkeke ene sɔŋ la do go. (Yohanes 11:11-14, 39, 43, 44) Esi wònye be Lazaro ƒe ŋutilã ƒaƒã xoxo hafi Yesu fɔe ɖe tsitre ta la, eɖee fia be Mawu ate ŋu aɖo ŋku nu sia nu dzi le ame siwo ku la ŋuti—woƒe amenyenye, woƒe tamesusu, kple woƒe dzedzeme. Ate ŋu agbɔ agbe wo. Yesu gblɔ ɣeaɖeɣi hã be: “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe [si nye Yesu ƒe] gbe; eye . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29.

Biblia gagblɔ nya nyui bubu na mí, be: “Futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.” (Korintotɔwo I, 15:26) Magadzɔ gbeɖe be amewo natsɔ nuxaxa ayi woƒe ame vevi aɖe ɖi ge le ameɖibɔ me o. Biblia gblɔ be: “Ku maganɔ anyi akpɔ o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be nu si Biblia gblɔ tso nu si dzɔna le ku me ŋu la faa akɔ na ame ŋutɔ oa?—g10/07.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Ðe ame kukuwo ganya nanea?—Nyagblɔla 9:5.

▪ Ðe amegbetɔ ƒe ku nye nu si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele oa?—Yohanes 5:28, 29.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

“Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe [tamesusuwo] nu yina.” —Psalmo 146:4