Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu kae wòle be mawɔ ne dzinyelawo le dzre wɔm?

Nu kae wòle be mawɔ ne dzinyelawo le dzre wɔm?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nu kae wòle be mawɔ ne dzinyelawo le dzre wɔm?

DZIWÒLAWO ƒe dzrewɔwɔ aɖe fu na wò godoo. Nya lae nye be, èlɔ̃ wo eye èɖoa ŋu ɖe wo ŋu be woakpe ɖe ŋuwò. Eya ta ne edze abe womele nu gɔme sem na wo nɔewo o la, ate ɖe dziwò le mɔ vovovowo nu. Nu ka tae wòdzena ɣeaɖewoɣi be dziwòlawo mesea nu gɔme na wo nɔewo o?

Nukpɔsusuawo To Vovo

Yesu gblɔ be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo la zua “ŋutilã ɖeka.” (Mateo 19:5) Gake ɖe ema fia be tɔwò kple nɔwò ƒe nukpɔsusuwo awɔ ɖeka ɣesiaɣia? Kura o. Le nyateƒe me la, ame eve ɖe sia ɖe—ŋutsu kple srɔ̃a, siwo nye ŋutilã ɖeka vavã la, gɔ̃ hã—malɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi ɣesiaɣi o.

Ne dziwòlawo ƒe nukpɔsusuwo to vovo le nya aɖewo me la, mefia be woƒe srɔ̃ɖeɖea me le gbegblẽm o. Anɔ eme godoo be dziwòlawo galɔ̃a wo nɔewo, togbɔ be edzɔna ɣeaɖewoɣi be wodoa dziku ɖe wo nɔewo ŋu hã. Ke nu ka tae wowɔa dzre ɖo? Ðewohĩ esi woƒe nukpɔsusuwo to vovo le nya aɖewo gome tae. Esia menye nu gbegblẽ kokoko o, eye mefia hã be woƒe srɔ̃ɖeɖea me agblẽ o.

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ðe mia kple xɔ̃wò veviwo miekpɔ film aɖe le television dzi kpɔ, eye wò nukpɔsusu to vovo na wo tɔ le nu si miekpɔ ŋua? Ate ŋu adzɔ. Ame siwo melɔ̃a nu le wo nɔewo gbɔ o gɔ̃ hã ƒe nukpɔsusuwo ate ŋu ato vovo ɣeaɖewoɣi.

Ate ŋu adzɔ ɖe dziwòlawo hã dzi. Ðewohĩ wotsi dzi ɖe ƒomea ƒe ganyawo ŋu, gake woƒe nukpɔsusu to vovo le ga ŋuti ɖoɖowo ŋu; wo ame evea siaa di be yewoawɔ ɖoɖo ɖe ƒomea ƒe mɔkekeyiyi ŋu, gake wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nukpɔsusu le nu si woawɔ be miaɖi ɖe eme nyuie ŋu to vovo; wodi vevie be nàkpɔ dzidzedze le suku, gake wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nukpɔsusu to vovo le ale si woakpe ɖe ŋu wòe ŋu. Nya lae nye be ɖekawɔwɔ mebia nuwɔwɔ le mɔ ɖeka nu o. Ame eve siwo zu ŋutilã ɖeka le srɔ̃ɖeɖe me gɔ̃ hã ƒe nukpɔsusuwo ate ŋu ato vovo.

Gake nu ka tae dziwòlawo ɖea mɔ ɣeaɖewoɣi be woƒe nukpɔsusuwo ƒe vovototo nana wowɔa dzre? Nu ka tae ame aɖe ƒe nukpɔsusu dzro si wòɖe gblɔ ana be dzeɖoɖo nava zu nyahehe?

Akpa Si Blibomademade Wɔna

Míate ŋu agblɔ be blibomademade gbɔe dzilawo dome masɔmasɔ geɖe tsona. Biblia gblɔ be: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo.” (Yakobo 3:2) Dziwòlawo mede blibo o, abe wò ke ene. Mí katã míegblɔa nya aɖewo siwo mesɔ o, eye ɣeaɖewoɣi hã, míaƒe nuƒoƒo nɔna “abe yitɔame ene.”—Lododowo 12:18.

Ðewohĩ àde dzesi esia le ɖokuiwò ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèdo dziku ɖe ame aɖe si mia kpli dome le kplikplikpli la ŋu vevie kpɔa? Ðewohĩ edzɔ kpɔ. Ðetugbui aɖe, si ŋkɔe nye Marie, gblɔ be: “Masɔmasɔ ate ŋu aɖo ame eve ɖe sia aɖe dome. * Menyae be ame siwo melɔ̃na vevie wu la kee ate ŋu ado dziku nam vevie wu, ɖewohĩ le esi mekpɔa mɔ be woa wɔ nu ɖe ŋunye nyuie wu ta.” Srɔ̃tɔ Kritotɔwo kpɔa mɔ be yewo srɔ̃wo nawɔ nu ɖe yewo ŋu nyuie wu ame bubu ɖe sia ɖe, le esi wòle be woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu ta. (Efesotɔwo 5:24, 25) Esi wonye ame madeblibowo ta la, mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi wo dometɔ ɖeka, alo wo ame evea siaa daa vo o. Biblia gblɔ be: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.”—Romatɔwo 3:23; 5:12.

Eya ta ele be nàkpɔ mɔ masɔmasɔ aɖewo ya teti le dziwòlawo dome. Apostolo Paulo ŋlɔ bena srɔ̃tɔwo “akpɔ xaxa le ŋutilã me,” alo abe ale si The New English Bible gblɔe ene la, “vevesese kple nuxaxa” ava wo dzi. (Korintotɔwo I, 7:28) Dɔmemegã si ƒe nya me sẽ, ʋuwo ƒe zɔzɔ blewu le esi wosɔ gbɔ ɖe mɔa dzi akpa ta, fenyinyi siwo womele mɔ kpɔm na o—nu siawo nye nuteɖeamedzi siwo ate ŋu ahe masɔmasɔ ade dziwòlawo dome la dometɔ aɖewo.

Nyanya be dziwòlawo mede blibo o, eye be nu ate ŋu ate ɖe wo dzi vevie ɣeaɖewoɣi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màtsi dzi fũu akpa ɖe woƒe dzrehehewo ŋu o. Nenemae Marie se egɔmee. Egblɔ be: “Edze abe dzinyelawo wɔa dzre fiafia wu tsã ene, eye ɣeaɖewoɣi la, mebiaa ɖokuinye be ɖe woƒe nu ti wo nɔewo hã. Gake megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ele be mase egɔme—srɔ̃ɖeɖe hena ƒe 25 kple vi atɔ̃ dzi kpɔkpɔ menye nu vi o.’” Ðewohĩ ne èse egɔme be agbanɔamedzi geɖe kpɔ dziwòlawo ŋkume la, àte ŋu ‘ase veve ɖe wo nu.’—Petro I, 3:8.

Ale Si Nàkpe Akɔ Kple Nɔnɔmea

Ðewohĩ èlɔ̃ ɖe edzi be dziwòlawo mede blibo o, eye be wodoa go nɔnɔme sesẽwo gbe sia gbe. Gake biabia lae nye be, Nu kae nàte ŋu awɔ ne wole dzre wɔm? Wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi:

Mègade nu eme o. (Lododowo 26:17) Menye srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖolae nènye o, eye màte ŋu akpɔ dziwòlawo ƒe nyawo gbɔ o. Ðeko agbagba ɖe sia ɖe si nàdze be yeade nu eme ana woado dziku ɖe ŋuwò. Charlene, si xɔ ƒe 18, gblɔ be: “Medzea agbagba be made nu dzinyelawo ƒe nyahehewo me, gake zi geɖe la, ɖeko wogblɔna nam be mate ɖa yi adzɔge.” Ðe mɔ dziwòlawo ŋutɔ nakpɔ woƒe kuxia gbɔ.

Nukpɔsusu nyui nènɔ asiwò. (Kolosetɔwo 3:13) Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ne dziwòlawo wɔa dzre enuenu gɔ̃ hã la, mefia kokoko be woƒe srɔ̃ɖeɖea le gbegblẽ ge o. Eya ta megana masɔmasɔ siwo ɖoa wo dome nana nàtsi dzodzodzoe akpa o. Melanie, si xɔ ƒe 20, gblɔ tso edzilawo ŋu be: “Ne wowɔ dzre gɔ̃ hã la, meka ɖe edzi be wogalɔ̃ wo nɔewo kpakple ƒomea kokoko. Woawo ŋutɔwo woadzra wo nɔewo dome ɖo.” Esia ate ŋu anye nyateƒe le dziwòlawo hã gome.

Tsɔ wò dzimaɖitsitsiwo de gbedodoɖa me. Mègamia nu ɖe wo dzimaɖitsitsiwo dzi o. Biblia gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.” (Psalmo 55:23) Gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Apostolo Paulo gblɔ na Filipitɔwo be: “[Mina] Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo. . . . Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Lé be na ɖokuiwò. Mele be nànɔ nu xam le nu si ŋu màte ŋu awɔ naneke le o ŋuti o. Ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ gɔ̃ hã ŋu. Biblia gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi.” (Lododowo 12:25) Dze agbagba nàɖe wò nuxaxaa dzi kpɔtɔ to hadede kple xɔlɔ̃ tuameɖowo kpakple nu ɖɔʋuwo wɔwɔ me.

Ƒo nu kple dziwòlawo. Togbɔ be mehiã be nàde nu woƒe nyahehewo me o hã la, àte ŋu ana woanya ale si nèsena le ɖokuiwò me ya teti. Di ɣeyiɣi si sɔ nyuie nàte ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu. (Lododowo 25:11) Ƒo nu kplii le ‘dɔmefafa kpakple bubu deto me.’ (Petro I, 3:15) Mègabu fɔ wo o. Ƒo nu tso ale si wòɖea fu na wò la ko ŋu.

Anyo be nàwɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le etame la dzi. Ðewohĩ wò agbagbadzedzewo ana dziwòlawo nawɔ tɔtrɔ aɖewo. Ne meva eme nenema o hã la, wò dzi adze eme le esi nènyae be togbɔ be yemate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ye dziwòlawo dzi o hã la, yeate ŋu aɖu ye ɖokui dzi ne wole dzre wɔm.—g10/07.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nu ka tae dzilawo mesea nu gɔme na wo nɔewo ɣeaɖewoɣi o?

▪ Nya kae nàgblɔ na nɔviwò suetɔ aɖe si xaa nu vevie le mia dzilawo ƒe dzrewɔwɔ ta?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Míetrɔ ŋkɔawo le nyati sia me.

[Aɖaka si le axa 26]

Na Dzilawo

Míate ŋu aƒo asa na masɔmasɔwo le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me keŋkeŋ o. Gake miawo ŋutɔwoe atia mɔ si dzi miato akpɔ wo gbɔ. Dzilawo ƒe dzrewɔwɔ gblẽa nu le wo vi sɔhɛwo ŋu vevie. Nya sia le vevie, elabena kpɔɖeŋu nyui si miaɖo le miaƒe srɔ̃ɖeɖe me aɖe vi na mia viwo ne wova ɖe srɔ̃. (Lododowo 22:6) Eya ta ɖe manyo be miana masɔmasɔ siwo ado mo ɖa la nanye mɔnukpɔkpɔ na mi be miafia ale si woakpɔ kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe mia viwo oa? Wɔ mɔfiame siwo gbɔna la dzi:

Ðo To Nyuie. Biblia gblɔ na mí be “amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Mègana masɔmasɔwo nado gã ɖe edzi to didi be “[yeaɖo] vɔ̃ vɔ̃ teƒe” me o. (Romatɔwo 12:17) Ne srɔ̃wò gbe toɖoɖo wò nyawo hã la, wò ya àte ŋu aɖo toe.

Dze agbagba nàɖe nyawo me tsɔ wu be nànɔ nya hem. Gblɔ ale si srɔ̃wò ƒe nuwɔna aɖe te ɖe dziwòe la nɛ le tufafa me. (“Etena ɖe dzi ŋutɔ ne . . . ”) Ƒo asa na nyahehe kple fɔbubu ame. (“Metsɔa ɖeke le eme nam o.” “Meɖoa to nye nyawo gbeɖe o.”)

Ðe asi le nyaa ŋu gbɔ. Ɣeaɖewoɣi la, anyo be nàɖe asi le nyaa ŋu ahadzro eme emegbe ne wò dzi dze eme. Biblia gblɔ be: “Dzregɔmetoto le, abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ hafi ne wòava do gã.”—Lododowo 17:14.

Miɖe kuku na mia nɔewo—eye ne ehiã la, na mia viwo hã. Brianne, si xɔ ƒe 14, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi ne mía dzilawo wɔ dzre la, woɖea kuku na mía kple nɔvinye tsitsitɔ emegbe, elabena wonya ale si wotena ɖe mía dzii.” Nu vevitɔ siwo nàte ŋu afia viwòwo dometɔ ɖekae nye gbɔgblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be, “Meɖe kuku.”

Kpɔ Nyɔ! ƒe tata si nye January 8, 2001, axa 8-14, kple January 22, 1994, axa 3-12, hena nyatakaka bubuwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mègabu fɔ wo o. Ƒo nu tso ale si nèsena le ɖokuiwò me la ko ŋu